< Efesotɔwo 5 >

1 Eya ta mizu mawusrɔ̃lawo abe vi lɔlɔ̃wo ene,
Imitem a Deus, pois vocês são os filhos que ele ama muito.
2 eye minɔ agbe le lɔlɔ̃ me abe ale si Kristo lɔ̃ mí hetsɔ eɖokui na ɖe mía ta abe nunana kple vɔsa si le ʋeʋẽm lĩlĩlĩ na Mawu la ene.
Vivam com amor, da mesma maneira que Cristo os amou. Ele morreu por nós e se ofereceu como um presente e, em sacrifício, como um perfume agradável a Deus.
3 Migaɖe mɔ na ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ŋukeklẽ be woanɔ mia me o, elabena agbenɔnɔ siawo menyo na Mawu ƒe ame kɔkɔewo o.
Que nunca digam que vocês praticam imoralidade sexual ou qualquer outro tipo de indecência, ou que são cobiçosos, pois, como povo de Deus, vocês nem mesmo deveriam conversar sobre essas coisas.
4 Mele be woase nya vlowo, gbegblẽnyawo kple dzeɖoɖo madzetowo le mia nu o, ke boŋ akpedada ɖe Mawu ƒe amenuveve ta.
Não digam palavras indecentes, ou coisas estúpidas e sujas. Em vez disso, agradeçam a Deus.
5 Minya nyuie be ahasiwɔla, ame makɔmakɔ alo ŋuklẽla aɖeke manyi Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la ƒe dome o, elabena ame sia ƒomevi sɔ kple trɔ̃subɔla.
Saibam vocês que ninguém que seja sexualmente imoral ou que pratique atos indecentes, que seja ganancioso ou adore ídolos herdará o que quer que seja no Reino de Cristo e de Deus.
6 Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo.
Não deixem que ninguém os engane com palavras mentirosas, pois é justamente por essas coisas que os filhos da desobediência serão julgados por Deus.
7 Eya ta migade ha kple ame siawo ƒomeviwo o.
Então, fiquem atentos e não participem disso com eles.
8 Tsã la, mienye viviti, gake azɔ la, mienye kekeli le Aƒetɔ la me. Minɔ agbe abe kekeli ƒe viwo ene.
Vocês já estiveram nas trevas, mas agora, estão na luz junto com o Senhor. Vocês devem viver como filhos da luz
9 (Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe),
(a luz só produz o que é bom, justo e verdadeiro),
10 eye midi nu siwo dzea Aƒetɔ la ŋu.
mostrando ao Senhor o que ele realmente valoriza.
11 Kadodo aɖeke meganɔ mi kple vivitimewɔna siwo nye tofloko la dome o, ke boŋ miɖe wo ɖe go.
Não se envolvam com as coisas vazias que as trevas produzem. Pelo contrário, reprovem-nas.
12 Elabena enye ŋukpe be tomaɖolawo naƒo nu le woƒe vivimenuwɔnawo ŋuti.
É vergonhoso até mesmo falar sobre o que determinadas pessoas fazem secretamente,
13 Ke nu sia nu si dzi kekeli klẽ ɖo la, dzena wokpɔna,
mas, apenas quando algo é exposto pela luz é que sabemos como isso verdadeiramente é. A luz torna tudo visível.
14 elabena kekeli nana nu sia nu dzena gaglãa. Esia ta woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, fɔ tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”
É por isso que se diz: “Vocês que estão dormindo, levantem-se, ressuscitem dos mortos, e Cristo os iluminará.”
15 Eya ta mikpɔ nyuie be miaganɔ agbe abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,
Portanto, cuidado com a forma como vocês vivem! Não vivam de uma forma estúpida, mas, sim, com sabedoria.
16 Miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nyuie, elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.
Usem as oportunidades da melhor maneira possível, pois os dias em que vivemos são maus.
17 Migawɔ nu abe bometsilawo ene o, ke boŋ midi nu si nye Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu.
Não sejam ignorantes, mas descubram qual é a vontade do Senhor.
18 Migano aha mu o, elabena ekplɔa ame dea hadzenuwɔwɔ me. Mina Gbɔgbɔ Kɔkɔe la boŋ nayɔ mia me.
Não fiquem bêbados por tomarem vinho e estragarem suas vidas. Mas sim, que fiquem cheios do Espírito.
19 Mitsɔ Psalmowo kple kafukafuhawo ƒo nu na mia nɔewo. Midzi kafukafuhawo na Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me.
Animem uns aos outros usando salmos e músicas sagradas. Cantem e façam música para o Senhor, para expressarem o que realmente sentem.
20 Mida akpe na Mawu Fofo la ɖaa le nu sia nu ta le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.
Sempre agradeçam a Deus, o Pai, por tudo, em nome do nosso Senhor Jesus Cristo.
21 Mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia nɔewo abe bubudede Kristo ŋu ƒe dzesi ene.
Vocês deveriam estar dispostos a aceitar o que os outros lhes dizem para fazer, pelo respeito que vocês têm por Cristo.
22 Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo abe ale si miebɔbɔ mia ɖokuiwo na Aƒetɔ la ene.
Esposa, faça o que o seu marido lhe diz para fazer, como faria se o Senhor lhe dissesse.
23 Elabena ŋutsue nye ta na srɔ̃a, eye wòtsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe hame la ta abe ale si Kristo nye ta na hame si nye eƒe ŋutilã la ene be yeanye eƒe Ɖela.
O marido é o cabeça da esposa, da mesma maneira que Cristo é o cabeça da igreja, sendo este mesmo o salvador do corpo.
24 Azɔ abe ale si hame la bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, nenema ke nyɔnuwo hã nabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo srɔ̃wo le nu sia nu me.
Exatamente como a igreja faz o que Cristo diz, as esposas deveriam obedecer em tudo ao seu marido.
25 Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo abe ale si Kristo lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eƒe agbe na ɖe eta,
Marido, você deve amar a sua esposa, da mesma maneira que Cristo amou a igreja e se doou para ela.
26 be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me,
Ele a tornou santa. Ele a limpou com a água da palavra,
27 ale be yeate ŋu axɔe na ye ɖokui abe ŋutikɔkɔe hame si dza, eye ɖiƒoƒo kple kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o la ene, ke boŋ be wòanɔ kɔkɔe, eye fɔɖiɖi aɖeke maganɔ eŋuti o.
para que ele pudesse tornar a igreja sua; uma igreja sem vício ou defeito ou qualquer tipo de falha e, sim, santa e íntegra.
28 Nenema ke wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. Ame si lɔ̃a srɔ̃a la, lɔ̃a eɖokui.
O marido deve amar a esposa exatamente assim. Ame a sua esposa como você ama o seu próprio corpo. Um homem que ama a sua esposa ama a si mesmo,
29 Elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ abe ale si Kristo wɔna na hame la ene,
pois ninguém odeia seu próprio corpo. Pelo contrário, nós o alimentamos e cuidamos dele, exatamente como Cristo faz com a igreja,
30 elabena eƒe ŋutilã ƒe ŋutinuwo míenye.
pois somos membros do seu corpo.
31 “Ɖe susu sia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòawɔ ɖeka kple srɔ̃a, eye wo ame eve la, woazu ŋutilã ɖeka.”
Como dizem as Sagradas Escrituras: “É por isso que um homem deixa seu pai e sua mãe e se une a sua esposa, e os dois se tornam um.”
32 Esia nye nukunu gã aɖe, gake mele nu ƒom tso Kristo kple hame la ŋuti.
Esta é uma verdade profunda, mas eu estou falando sobre Cristo e a igreja.
33 Ke hã la, ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu hã nade bubu srɔ̃a ŋuti.
No entanto, cada marido deve amar a sua própria esposa como ele ama a si mesmo, e a esposa deve respeitar o marido.

< Efesotɔwo 5 >