< Efesotɔwo 3 >

1 Le esia ta la, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele gaxɔ me le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta.
For this cause, I Paul, the prisoner of Jesus Christ for you Gentiles,
2 Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta,
If ye have heard of the dispensation of the grace of God which is given me on your account.
3 le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla la be ame siwo menye Yudatɔwo o hã nakpɔ amenuveve. Megblɔ nya sia na mi do ŋgɔ kpuie to agbalẽŋɔŋlɔ na mi me.
That by revelation he made known to me the mystery, as I wrote before in few words;
4 Ne miexlẽ agbalẽ sia la, miase ale si mewɔ nya Kristo ƒe nya ɣaɣla siawo gɔme.
By which when ye read, ye may understand my knowledge in the mystery of Christ,
5 Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake fifia la, eɖee fia eƒe apostolo kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.
Which in other ages was not made known to the sons of men, as it is now revealed to his holy apostles and prophets by the Spirit;
6 Azɔ nya ɣaɣla lae nye be: to nyanyui la gbɔgblɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã azu domenyilawo abe Israelviwo ene; wozu ƒometɔwo kple ŋutilã ɖeka, eye woakpɔ gome le ŋugbedodo si le Kristo Yesu me la me.
That the Gentiles should be joint-heirs, and of the same body, and partakers of his promise in Christ by the Gospel:
7 Mezu nyanyui la ƒe dɔla to Mawu ƒe nunana kple amenuveve si tso eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ me la me.
Of which I was made a minister, according to the gift of the grace of God given to me by the effectual working of his power.
8 Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o,
To me, who am less than the least of all saints, is this grace given, that I should preach among the Gentiles the unsearchable riches of Christ;
9 eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me. (aiōn g165)
And to make all [men] see what is the fellowship of the mystery, which from the beginning of the world hath been hid in God, who created all things by Jesus Christ: (aiōn g165)
10 Eƒe susue nye be fifia la, to hame la dzi la, woaɖe Mawu ƒe nunya afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo le dziƒonutowo me,
To the intent that now to the principalities and powers in heavenly [places] might be known by the church the manifold wisdom of God,
11 le eƒe ɖoɖo mavɔ si ŋu dɔ wòwɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la nu. (aiōn g165)
According to the eternal purpose which he purposed in Christ Jesus our Lord: (aiōn g165)
12 Azɔ la, míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume le xɔse, ablɔɖe kple dzideƒotɔ me.
In whom we have boldness and access with confidence by the faith of him,
13 Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nye fukpekpewo ta o, ke boŋ mitsɔe be enye bubudede mia ŋu.
Wherefore I desire that ye faint not at my tribulations for you, which is your glory.
14 Susu sia ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la,
For this cause I bow my knees to the Father of our Lord Jesus Christ,
15 ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi la kpɔa woƒe ŋkɔ tsona.
Of whom the whole family in heaven and earth is named,
16 Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi,
That he would grant you according to the riches of his glory to be strengthened with might by his Spirit in the inner man;
17 be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me,
That Christ may dwell in your hearts by faith; that ye, being rooted and grounded in love,
18 be wòana ŋusẽ mi abe ame kɔkɔewo katã ene, eye miate ŋu ase Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kekeme, eƒe didime, eƒe kɔkɔme kple eƒe goglome gɔme,
May be able to comprehend with all saints what [is] the breadth, and length, and depth, and highth.
19 be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.
And to know the love of Christ, which passeth knowledge, that ye may be filled with all the fullness of God.
20 Azɔ hena eya ame si tea ŋu wɔa nu geɖe wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la,
Now to him that is able to do exceeding abundantly above all that we ask or think, according to the power that worketh in us.
21 eya tɔe nye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen. (aiōn g165)
To him [be] glory in the church by Christ Jesus throughout all ages, world without end. Amen. (aiōn g165)

< Efesotɔwo 3 >