< Efesotɔwo 2 >

1 Miawo la, miezu ame kukuwo ɖe miaƒe vodadawo kple nu vɔ̃
І вас, що мертві були через ваші провини й гріхи,
2 siwo me mienɔ, esi miedze xexea me kple yame ƒe dziɖula yome, gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia le ame siwo gbe toɖoɖo Aƒetɔ la ƒe dziwo me la ta. (aiōn g165)
в яких ви колись проживали за звича́єм віку цього́, за волею князя, що панує в повітрі, духа, що працює тепер у неслухня́них, (aiōn g165)
3 Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.
між якими й усі ми проживали колись у пожадливостях нашого тіла, як чинили волю тіла й думо́к, і з природи були дітьми́ гніву, як і інші, -
4 Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la
Бог же, багатий на милосердя, через Свою превелику любов, що нею Він нас полюбив,
5 na agbe mí le Kristo me, togbɔ be míenye nu vɔ̃ wɔlawo hã la, amenuveve wòtsɔ ɖe mie.
і нас, що мертві були через прогріхи, оживив ра́зом із Христом, — спасені ви благода́ттю, -
6 Eye Mawu fɔ mi ɖe tsitre kple Kristo, eye wòna míenɔ anyi kplii le dziƒonutowo me le Kristo Yesu me,
і ра́зом із Ним воскресив, і ра́зом із Ним посадив на небесних місцях у Христі Ісусі,
7 be le ɣeyiɣi siwo ava me la, yeaɖe yeƒe kesinɔnu kple amenuveve sɔ gbɔ si wòɖe fia to eƒe dɔmenyonyo me la afia mí le Kristo Yesu me. (aiōn g165)
щоб у наступних віках показати безмірне багатство благода́ті Своєї в до́брості до нас у Христі Ісусі. (aiōn g165)
8 Le eƒe amenuveve sɔ gbɔ la ta la, miekpɔ ɖeɖe to Kristo dzixɔse me, menye nu siwo tso míawo ŋutɔ gbɔ o; ke boŋ enye Mawu ƒe nunana,
Бо спасені ви благода́ттю через віру, а це не від вас, то дар Божий,
9 menye le dɔ siwo miewɔ la ta o, be ame aɖeke naƒo adegbe o.
не від діл, щоб ніхто не хвалився.
10 Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo míenye, ame siwo wowɔ le Kristo Yesu me hena dɔ nyuiwo wɔwɔ, dɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na mí be míawɔ la.
Бо ми — Його тво́риво, ство́рені в Христі Ісусі на добрі діла, які Бог наперед приготува́в, щоб ми в них перебува́ли.
11 Eya ta miɖo ŋku edzi be tsã la, mi ame siwo menye Yudatɔwo tso dzidzime o, eye ame siwo yɔa wo ɖokuiwo be “aʋatsotsotɔwo” (nu si amewo tsɔa asi wɔnɛ) la yɔa mi be “aʋamatsomatsotɔwo” la,
Отож, пам'ятайте, що ви, колись тілом погани, що вас так звані рукотворно „обрізані“на тілі звуть „необрізаними“,
12 miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o.
що ви того ча́су були́ без Христа, відлучені від громади ізра́їльської, і чужі заповітам обі́тниці, не мавши надії й без Бога на світі.
13 Gake azɔ la, mienye Kristo Yesu tɔ, eye togbɔ be mienɔ adzɔge ke tsã tso Mawu gbɔ hã la, azɔ wokplɔ mi va egbɔe, to Yesu Kristo ƒe ʋu la me.
А тепер у Христі Ісусі ви, що колись далекі були́, стали близькі́ Христовою кров'ю.
14 Elabena eya ŋutɔe nye míaƒe ŋutifafa. Ewɔ ŋutifafa le mí Yudatɔwo kple mi ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye wòɖe mɔxenu la ɖa, eye wòɖe mama ƒe gli si nɔ mía dome tsã la ɖa.
Він бо наш мир, що вчинив із двох одне й зруйнував середи́нну перегороду, ворожнечу, Своїм тілом, -
15 To eƒe ŋutilã me la, eɖe se la kple eƒe ɖoɖowo ɖa. Eƒe taɖodzinue nye be yeawɔ ame yeye ɖeka tso ame eveawo me le eɖokui me, be ŋutifafa nanɔ wo dome,
Він Своєю наукою знищив Зако́на заповідей, щоб з обох збудувати Собою одно́го ново́го чоловіка, мир чинивши,
16 eye le ŋutilã ɖeka sia me la, wòana woazu ɖeka kple Mawu to atitsoga la dzi, eye wòatsrɔ̃ woƒe fuléle la.
і хрестом примирити із Богом обох в однім тілі, ворожнечу на ньому забивши.
17 Eva gblɔ ŋutifafa nyanyui la na mi ame siwo nɔ adzɔge ke tso egbɔ, eye wògblɔ ŋutifafa na ame siwo te ɖe eŋu la.
І, прийшовши, „Він благовісти́в мир вам, далеким, і мир близьки́м“,
18 To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi.
бо обоє Ним маємо при́ступ у Дусі однім до Отця.
19 Esia ta mieganye amedzrowo o, ke boŋ mi kple Mawu ƒe amewo mienye ame ɖeka, Mawu ƒe aƒemetɔwo kple Mawu ƒe dumetɔwo,
Отже, ви вже не чужі й не прихо́дьки, а співгорожа́ни святим, і домашні для Бога,
20 siwo wotu ɖe apostolowo kple nyagblɔɖilawo ƒe gɔmeɖokpe la dzi, eye Kristo Yesu ŋutɔ nye dzogoedzikpe gã la.
збудовані на основі апо́столів і пророків, де наріжним каменем є Сам Ісус Христос,
21 Le eya amea me la, wote xɔ la katã ƒo ƒu be wòakɔ azu gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la.
що на ньому вся буді́вля, улад побудована, росте в святий храм у Господі,
22 Le eya amea me la, wowɔ miawo hã ɖekae be miazu nɔƒe si Mawu anɔ to eƒe Gbɔgbɔ la me.
що на ньому і ви ра́зом будуєтеся Духом на оселю Божу.

< Efesotɔwo 2 >