< Efesotɔwo 1 >
1 Nye Paulo, ame si Mawu tia be manye Yesu Kristo ƒe apostolo la gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame kɔkɔewo kple xɔsetɔwo le Kristo Yesu me le Efeso:
因天主的旨意,做耶穌基督宗徒的保祿,致書給那些在 [厄弗所的 ] 聖徒和信仰基督耶穌的人。
2 Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nanɔ anyi kpli mi.
願恩寵與平安,由我們的天主和主耶穌基督,賜與你們!
3 Míetsɔ kafukafu na Mawu, míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, ame si tsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me la kɔ ɖe mía dzi le Kristo me.
願我們的主耶穌基督的天主和父受讚美!祂在天上,在基督內,以各種屬神的祝福,祝福了我們,
4 Etia mí le eya amea me hafi wɔ xexea me be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu fɔɖiɖi mele o la le eƒe ŋkume.
因為祂於創世以前,在基督內己揀選了我們,為使我們在祂面前,成為聖潔無瑕疵的;
5 Le lɔlɔ̃ me la, ewɔ ɖoɖo tɔxɛ ɖe mía ŋu be míanye ye viwo to Yesu Kristo dzi. Mawu wɔ esia, esi wòɖo Yesu Kristo ɖa be wòaku ɖe mía ta. Ewɔ ɖoɖo sia to eya ŋutɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple lɔlɔ̃nu me!
又由於愛,按照自己旨的決定,預定了我們藉著耶穌基督獲得義子的名分,而歸於祂,
6 Azɔ la, mitsɔ kafukafu na Mawu ɖe eƒe dɔmenyo gã sia ta. Mikafui ɖe eƒe amenuveve sɔgbɔ si wòkɔ ɖe mía dzi la ta, ɖe esi míenye Via lɔlɔ̃a tɔ ta.
為頌揚祂恩寵的光榮,這恩寵是祂在自己的愛子內賜與我們的;
7 Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí,
我們就是全憑天主豐厚的恩寵,在祂的愛子內,藉祂愛子的血,獲得了救贖,罪過的赦免。
8 eye wòtsɔ eƒe amenuveve xɔasi la kɔ ɖe mía dzi, elabena ekɔ nunya kple gɔmesese ɖe mía dzi.
的確,天主豐厚地把這恩寵傾注在我們身上,賜與我們各種智慧和明達,
9 Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta.
為使我們知道,祂旨意的奧祕,是全照祂在愛子內所定的計畫;
10 Eƒe taɖodzinue nye be ne ɣeyiɣi si wòɖo la de la, aƒo nuwo katã nu ƒu tso afi sia afi, eɖanye dziƒo alo anyigba dzi o, ɖe Kristo te, tso mavɔ me yi mavɔ me.
就是依照祂的措施,當時期一滿,就使天上和地上的萬有,總歸於基督元苜。
11 Gawu la, le nu si Kristo wɔ ɖe mía nu ta la, míezu nunana xɔasi siwo ŋuti Mawu kpɔa dzidzɔ le la, elabena abe ɖoɖo si Mawu wɔ la ƒe akpa aɖe ene la, etia mí tso gɔmedzedzea me ke be míanye ye tɔwo, eye nu siawo katã le eme vam pɛpɛpɛ abe ale si wòɖoe tso blema ke ene.
我們也是在基督內得作天主的產業,因為我們是由那位按照自己旨意的計畫施行萬事者,早預定了的,
12 Mawu ƒe ɖoɖo le nu sia mee nye be mí ame siwo nye ame gbãtɔ siwo dze si Kristo la, míakafui, atsɔ ŋutikɔkɔe nɛ ɖe dɔ gã siwo katã wòwɔ na mí la ta.
為使我們這些首先在默西亞內懷著希望的人,頌揚祂的光榮;
13 Eye ɖe dɔ si Kristo wɔ ta la, mi ame siwo se nyateƒe la ƒe nya la, eye miexɔ Kristo dzi se la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo na mí kristotɔwo la de dzesi mi be mienye kristotɔwo.
在基督內,你們一聽到了真理的話,即你們得救的福音,便信從了,且在祂內受了恩許聖神的印證;
14 Eƒe mía me nɔnɔ nye kpeɖodzi tso Mawu gbɔ be awɔ nu sia nu si ŋugbe wòdo na mí la godoo. Gbɔgbɔ la ƒe mía me nɔnɔ fia be Mawu ƒle mí xoxo, eye wòɖo kpe edzi be yeakplɔ mí ava eɖokui gbɔe hena eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kafukafu.
這聖神就是我們得嗣業的保證,為使天主所置為嗣業的子民,蒙受完全的救贖,為頌揚祂的光榮。
15 Esia ta tso ɣeyiɣi si mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me kple lɔlɔ̃ si le mia me na ame kɔkɔewo katã la,
因此,我一聽見你們對主耶穌的信德和對眾聖徒的愛德,
16 nyemedzudzɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta o, eye meɖoa ŋku mia dzi ɖaa le nye gbedodoɖawo me.
便不斷為你們感謝天主,在我的祈禱中紀念你們,
17 Mebiaa míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu si nye ŋutikɔkɔe Fofo la be wòana Gbɔgbɔ la ƒe nunya kple ɖeɖefia mi be miaganyae ɖe edzi wu.
為使我們的主耶穌基督的天主,即那光榮的父,把智慧和啟示的神恩,賜與你們,好使你們認識祂;
18 Medoa gbe ɖa be miaƒe gbɔgbɔmeŋkuwo naʋu, eye dzi nyanu nanɔ mia si be míade dzesi mɔkpɔkpɔ si wòyɔ mí na, eƒe kesinɔnu, ŋutikɔkɔe ƒe domenyinyi si wòna ame kɔkɔewo,
並光照你們心靈的眼目,為叫你們認清祂的寵召什麼希望,在聖徒中祂嗣業的光榮,是怎樣豐厚;
19 kple eƒe ŋusẽ gã triakɔ si wona mí ame siwo xɔ edzi se la. Ŋusẽ triakɔ sia le abe eƒe ŋusẽ gã la ƒe dɔwɔwɔ ene.
祂對我們虔信的人,所施展的強有力而見效的德能是怎樣的偉大。
20 Ŋusẽ triakɔ siae fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòtsɔe ɖo bubuteƒe le Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.
正如祂已將這德能施展在基督身上,使祂從死者中復活,叫祂在天上坐在自己右邊,
21 Teƒe si kɔ wu dziɖulawo tɔ kple ŋusẽ kple ŋutete kple aƒetɔnyenye ɖe sia ɖe tɔ, kpakple ŋkɔ si kɔ wu ŋkɔ siwo katã le xexe sia me kple xexe si gbɔna la me. (aiōn )
超乎一切率領者、掌權者、異能者、宰制者,以及一切現世及來世的可稱呼的名號以上; (aiōn )
22 Mawu tsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te, eye wòwɔe hame la ƒe tatɔ gãtɔe.
又將萬有置於祂的腳下,使祂教會內作至上的元首,
23 Hame sia nye eya ŋutɔ ƒe ŋutilã. Eyɔ hame la fũu, eye eƒe nɔnɔme le nu sia nu me.
這教會就是基督的身體,就是在一切內充滿一切者的圓滿。