< Nyagblɔla 9 >
1 Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu nyuie, eye mede dzesii be ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kple woƒe dɔwɔwɔwo katã le Mawu ƒe asi me. Ame aɖeke menya ne ave wo nu loo alo mave wo nu o. Esiawo katã le wo ŋgɔ.
我将这一切事放在心上,详细考究,就知道义人和智慧人,并他们的作为都在 神手中;或是爱,或是恨,都在他们的前面,人不能知道。
2 Nu ɖeka ma koe li na ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo, ame nyuiwo kple ame baɖawo, ame dzadzɛwo kple ame ƒoɖiwo, ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o. Ale si wòle na ame nyui la, nenema kee wòle na nu vɔ̃ wɔla hã. Ale si wòle na ame siwo kaa atam la, nenema kee wòle na ame siwo vɔ̃a atamkaka.
凡临到众人的事都是一样:义人和恶人都遭遇一样的事;好人,洁净人和不洁净人,献祭的与不献祭的,也是一样。好人如何,罪人也如何;起誓的如何,怕起誓的也如何。
3 Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome.
在日光之下所行的一切事上有一件祸患,就是众人所遭遇的都是一样,并且世人的心充满了恶;活着的时候心里狂妄,后来就归死人那里去了。
4 Agbagbeawo si ko mɔkpɔkpɔ le. “Enyo be ame nanye avu gbagbe wu wòanye dzata kuku.”
与一切活人相连的,那人还有指望,因为活着的狗比死了的狮子更强。
5 Elabena agbagbeawo nya nu ɖeka sia be yewole kuku ge ke kukuawo ya menya naneke o eye womeɖoa ŋku naneke dzi hã o.
活着的人知道必死;死了的人毫无所知,也不再得赏赐;他们的名无人记念。
6 Nu sia nu si wowɔ le woƒe agbenɔɣi, abe lɔlɔ̃, fuléle alo ŋuʋaʋã ene la, woŋlɔ wo be keŋkeŋ eye wɔƒe aɖeke megale wo ŋu le xexe sia me o.
他们的爱,他们的恨,他们的嫉妒,早都消灭了。在日光之下所行的一切事上,他们永不再有分了。
7 Eya ta ɖu nu, nàno nu eye nàkpɔ dzidzɔ elabena wò dɔwɔwɔwo dze Mawu ŋu xoxo!
你只管去欢欢喜喜吃你的饭,心中快乐喝你的酒,因为 神已经悦纳你的作为。
8 Do awu nyuiwo eye mègana ɖamemi navɔ le wò ta me o.
你的衣服当时常洁白,你头上也不要缺少膏油。
9 Ɖu agbe kple nyɔnu si nèlɔ̃ la, le agbemeŋkeke ʋɛ siwo le ŋgɔwò la me elabena srɔ̃ si Mawu tsɔ na wò lae nye wò fetu gãtɔ le afii le wò dagbadagbawo katã ta.
在你一生虚空的年日,就是 神赐你在日光之下虚空的年日,当同你所爱的妻,快活度日,因为那是你生前在日光之下劳碌的事上所得的分。
10 Nu sia nu si nàwɔ ko la, wɔe nyuie abe ale si nàte ŋui ene elabena le ku me, afi si yi ge nàla la, dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ, nunya alo gɔmesese aɖeke meli o. (Sheol )
凡你手所当做的事要尽力去做;因为在你所必去的阴间没有工作,没有谋算,没有知识,也没有智慧。 (Sheol )
11 Megalé ŋku ɖe nuwo ŋu le xexe blibo la me eye mede dzesii be ame si ƒua du sesĩe wu ame bubu ɖe sia ɖe la meɖua dzi le duɖimekekewo katã me ɣe sia ɣi o eye ame sesẽtɔ meɖua dzi le aʋawɔwɔ me ɣe sia ɣi o. Megakpɔe be enuenu la, nunyalawo daa ahe eye aɖaŋutɔwo mezua ame xɔŋkɔwo ɣe sia ɣi kokoko o, ke esiawo katã ɖina ɖe ame ko, ne amea le teƒe nyuitɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.
我又转念:见日光之下,快跑的未必能赢;力战的未必得胜;智慧的未必得粮食;明哲的未必得资财;灵巧的未必得喜悦。所临到众人的是在乎当时的机会。
12 Ame aɖeke menyaa gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe ye dzi o. Edzɔna ko abe tɔmelã si woɖe le ɖɔ me alo xevi si woɖe le mɔ me ene.
原来人也不知道自己的定期。鱼被恶网圈住,鸟被网罗捉住,祸患忽然临到的时候,世人陷在其中也是如此。
13 Nu bubu si gawɔ dɔ tɔxɛ ɖe dzinye esi melé ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nyawo ŋu lae nye:
我见日光之下有一样智慧,据我看乃是广大,
14 Du sue aɖe nɔ anyi; ame ʋɛ aɖewo koe nɔ eme. Fia gã aɖe va kple eƒe aʋakɔ, eye woɖe to ɖee.
就是有一小城,其中的人数稀少,有大君王来攻击,修筑营垒,将城围困。
15 Nunyala aɖe si nye ŋutsu dahe aɖe la nɔ du sia me. Enya nu si wòawɔ aɖe dua. Ewɔe, eye wòɖe dua tso futɔwo ƒe asime. Ke emegbe la, ame aɖeke megaɖo ŋku ŋutsu sia dzi kura o.
城中有一个贫穷的智慧人,他用智慧救了那城,却没有人记念那穷人。
16 Ale medze sii be togbɔ be nunya xɔ asi wu ŋusẽ hã la, ne nunyala la nye ame dahe ko la, woado vloe eye eƒe nuƒoƒo madze ame ŋu o.
我就说,智慧胜过勇力;然而那贫穷人的智慧被人藐视,他的话也无人听从。
17 Ke nunyala ƒe nya si wògblɔna dzaa la, xɔa asi wu bometsilawo ƒe fia ƒe ɣlidodo.
宁可在安静之中听智慧人的言语,不听掌管愚昧人的喊声。
18 Nunya nyo wu aʋawɔnuwo, ke nu vɔ̃ wɔla ɖeka ate ŋu agblẽ nu geɖe.
智慧胜过打仗的兵器;但一个罪人能败坏许多善事。