< Nyagblɔla 8 >

1 Ame kae le abe nunyala ene? Ame ka ate ŋu aɖe nuwo gɔme? Nunya nana ame ƒe mo klẽna eye wòtrɔa eƒe dzedzeme kplala la.
Who can compare to the truly wise? Who knows how to interpret things? If you have wisdom your face lights up, and your stern look is softened.
2 Mebe nàɖo to fia la, elabena èka atam aɖe le Mawu ŋkume
My advice is to do what the king says, since that's what you promised God.
3 Mèganɔ kplakplakpla dzi be yeadzo le fia la ŋkume o. Mègade nya madzɔmadzɔ dzi o, elabena awɔ nu sia nu si adze eŋu.
Don't be quick to walk out on the king without thinking what you're doing, and don't get involved with those who plot against him, for the king can do what he pleases.
4 Ŋusẽ gã aɖe da megbe na fia ƒe sededewo, eye ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe eŋu alo aɖe ɖeklemi le eŋu o.
The king's orders have supreme authority—who is going to question him, saying, “What are you doing?”
5 Womehea to na ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la o. Nunyalawo adi ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ awɔ fia ƒe sewo dzi.
Those who follow his commands will not be involved in doing evil. Wise people think, recognizing there's a right time, and a right way.
6 Togbɔ be ame ƒe nukpekeamewo ate ɖe edzi vevie hã la, ɣeyiɣi kple mɔnu nyuitɔ li na nudzɔɖeamedzi.
For there's a right time and a right way for everything, even when things are going badly for you.
7 Esi ame aɖeke menya etsɔ me o ta la, ame ka ate ŋu agblɔ nya si ava dzɔ la nɛ?
No one knows what's going to happen, so who can say what the future holds?
8 Ame aɖeke mate ŋu asi le ku nu o eye ŋusẽ mele ame aɖeke ŋu be wòaxe mɔ na eƒe kugbe ƒe ɖoɖo o, elabena ame aɖeke meli si ŋgɔ ku mele o. Eme kɔ ƒãa be amegbetɔ ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi mate ŋu akpe ɖe eŋu le ɣeyiɣi ma me o.
No one can hold onto the breath of life; no one can prevent the day when they die. There's no way of escaping that battle, and the wicked won't be saved by their wickedness!
9 Mekpɔ nu siawo katã esi mebu nu sia nu si wowɔna le ɣea te la ŋu. Ɣe aɖe ɣi li esi ame aɖu amegã ɖe ame bubuwo dzi, eye wòtoa esia me wɔa nuvevi eɖokui.
I examined all these things, and thought about all that happens here on earth, and the damage that's caused when people dominate others.
10 Hekpe ɖe esia ŋu la, mekpɔ woɖi ame vɔ̃ɖiwo, ame siwo vaa teƒe kɔkɔe la, doa go, eye wokafua wo le du si me wowɔ esia le. Gɔmesese aɖeke mele nu sia hã ŋu o.
Yes, I have seen wicked people buried with great honor. They used to go to the holy place, and were praised in the very city where they did their evil. This is hard to understand!
11 Le esi Mawu mehea to na nu vɔ̃ wɔlawo o ta la, amewo buna be ne yewowɔ nu vɔ̃ hã la, yewole dedie.
When people are not punished quickly for their crimes they are even more determined to do wrong.
12 Ke ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ zi alafa ɖeka eye wòganɔa agbe kokoko hã la, nenyae nyuie be ame siwo vɔ̃a Mawu la tɔ anyo wu godoo.
Even though a sinner may do wrong a hundred times, and live a long life, I'm convinced that those who do what God says will be better off.
13 Ke nuvɔ̃wɔlawo manɔ agbe didi vivi o; woƒe ŋkekewo nu ava yi kaba abe vɔvɔli ene, elabena womevɔ̃a Mawu o.
In fact, the wicked will not live long, passing like a shadow, because they refuse to follow God.
14 Nu trama aɖe le dzɔdzɔm le anyigba la dzi, edzena abe ɖe Mawu nana dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe ame nyui aɖewo dzi abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene, eye wònana dzɔgbenyui ame vɔ̃ɖi aɖewo abe ame nyuiwo wonye ene. Esiawo katã hã nye tofloko ko!
Another thing that is hard to understand is this: good people are treated as the wicked should be, and the wicked are treated as good people should be. As I say, this is difficult to comprehend!
15 Ale meɖo ta me be maɖu agbe le nye ŋkekewo katã me elabena mekpɔ be naneke menyo le xexe blibo la me wu be ame naɖu nu, ano nu, akpɔ dzidzɔ o eye amea nakpɔ mɔ be yeanɔ dzidzɔkpɔkpɔ sia dzi le dɔ sesẽ siwo katã Mawu ɖo na amewo katã le afi sia afi la wɔwɔ me.
So I recommend enjoying life. There's nothing better for us here on earth than to eat and drink and be happy. Such an attitude will go with us as we work, and as we live our lives that God gives us here on earth.
16 Esi mebu ta me be manya nu eye malé ŋku ɖe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔ le anyigba dzi, esi medɔa alɔ̃ le ŋkeke me loo alo le zã me o ŋuti la,
When I applied my mind to discovering wisdom and observing everything people do here on earth, I couldn't get any sleep, day or night.
17 tete mekpɔ nu siwo katã Mawu wɔ. Ame aɖeke mate ŋu ase nu siwo yia edzi le ɣe la te gɔme o. Togbɔ be edze agbagba be yeaku nuwo gɔme hã la, amegbetɔ mate ŋu ake ɖe woƒe gɔmesese ŋu o. Ne nunyala aɖe atɔ asi akɔ be yenya nu hã la, mate ŋu ase egɔme wòade o.
Then I studied everything God does, and I realized that no one can fully understand what happens here. However, hard they try, however wise they claim to be, they can't really comprehend it.

< Nyagblɔla 8 >