< Nyagblɔla 7 >
1 Ŋkɔ nyui xɔ asi wu amiʋeʋĩ xɔasitɔ kekeake. Ame ƒe kugbe nyo wu eƒe dzigbe!
İyi ad hoş kokulu yağdan, Ölüm günü doğum gününden iyidir.
2 Kuteƒedede nyo wu aglotuƒedede elabena èle kuku ge eye enye nu nyui be nàbu ku ŋu le esime ɣeyiɣi gale ŋgɔwò.
Yas evine gitmek, şölen evine gitmekten iyidir. Çünkü her insanın sonu ölümdür, Yaşayan herkes bunu aklında tutmalı.
3 Nuxaxa nyo wu nukoko elabena blanuiléle wɔa dɔ nyui ɖe mía dzi.
Üzüntü gülmekten iyidir, Çünkü yüz mahzun olunca yürek sevinir.
4 Ɛ̃, nunyala bua ku ŋu vevie ke bometsila bua agbeɖuɖu fifia ko ŋu.
Bilge kişinin aklı yas evindedir, Akılsızın aklıysa şenlik evinde.
5 Ne nunyala ka mo na ame la, enyo wu bometsila nakafu ame
Bilgenin azarını işitmek, Akılsızın türküsünü işitmekten iyidir.
6 elabena bometsila ƒe amekafukafu nu yina kaba abe agbalẽ kakɛe ge ɖe dzo me ene eya ta enye numanyamanya be ame nana bometsitsi ma tɔgbi ƒe nya nawɔ dɔ ɖe edzi.
Çünkü akılsızın gülmesi, Kazanın altındaki çalıların çatırtısı gibidir. Bu da boştur.
7 Zãnuxɔxɔ nana nunyala trɔna zua bometsila elabena zãnuxɔxɔ gblẽa eƒe nugɔmesese me.
Haksız kazanç bilgeyi delirtir, Rüşvet karakteri bozar.
8 Nuwuwu nyo wu gɔmedzedze! Dzigbɔɖi nyo wu ɖokuidodoɖedzi.
Bir olayın sonu başlangıcından iyidir. Sabırlı kibirliden iyidir.
9 Mègado dɔmedzoe kabakaba o, elabena dɔmedzoedodo kabakaba nana ame zua bometsila.
Çabuk öfkelenme, Çünkü öfke akılsızların bağrında barınır.
10 Mègatsi dzi ɖe “ŋkekenyui siwo va yi” la ŋu o elabena mènya ne wonyo wu egbeŋkeke siawo o!
“Neden geçmiş günler bugünlerden iyiydi?” diye sorma, Çünkü bu bilgece bir soru değil.
11 Nunya nye domenyinu xɔasi kple viɖe na ame siwo le agbe;
Bilgelik miras kadar iyidir, Güneşi gören herkes için yararlıdır.
12 Àte ŋu atsɔ ga alo nunya akpɔ nu sia nu, gake nyui geɖe le nunyalanyenye me.
Bilgelik siperdir, para da siper, Bilginin yararı ise şudur: Bilgelik ona sahip olan kişinin yaşamını korur.
13 Kpɔ mɔ si dzi Mawu wɔa eƒe nuwo toe la ɖa eye nàzɔ mɔ ma dzi. Mègatsi tsitre ɖe dzɔdzɔme ƒe sewo ŋu o.
Tanrı'nın yaptığını düşün: O'nun eğrilttiğini kim doğrultabilir?
14 Kpɔ dzidzɔ le dzɔgbenyui ƒe ɣeyiɣiwo me, eye ne dzɔgbevɔ̃e tu wò la, dze sii be Mawue naa dzɔgbenyui kple dzɔgbevɔ̃e siaa, ale be ame sia ame nanya be kakaɖedzi mele naneke ŋu le agbe sia me o.
İyi günde mutlu ol, Ama kötü günde dikkatle düşün; Tanrı birini öbürü gibi yaptı ki, İnsan kendisinden sonra neler olacağını bilmesin.
15 Medze si nu sia nu le nye agbenɔnɔ ƒuƒlu sia me. Medze sii be ame nyui aɖewo kuna kaba ke ame vɔ̃ɖi aɖewo nɔa agbe didi
Boş ömrümde şunları gördüm: Doğru insan doğruluğuna karşın ölüyor, Kötü insanın ise, kötülüğüne karşın ömrü uzuyor.
16 eya ta mègawɔ nu dzɔdzɔe akpa o eye mèganya nu tso eme akpa o. Nu ka ta nàwu ɖokuiwò?
Ne çok doğru ol ne de çok bilge. Niçin kendini yok edesin?
17 Ke mègavɔ̃ɖi akpa loo alo nàtsi bome akpa o! Nu ka ta nàku hafi wò azã nasu?
Ne çok kötü ol ne de akılsız. Niçin vaktinden önce ölesin?
18 Lé fɔ ɖe dɔdeasi ɖe sia ɖe si le ŋuwò la ŋu, eye ne èvɔ̃a Mawu la, àte ŋu akpɔ mɔ na Mawu ƒe yayra.
Birini tutman iyidir, Öbüründen de elini çekme. Çünkü Tanrı'ya saygı duyan ikisini de başarır.
19 Ŋusẽ le nunyala ɖeka ŋu wu du gã ewo ƒe dziɖulawo!
Bilgelik, bilge kişiyi kentteki on yöneticiden daha güçlü kılar.
20 Ame aɖeke mele xexe blibo la me si nye ame nyui ale gbegbe be mewɔa nu vɔ̃ aɖeke kura o.
Çünkü yeryüzünde hep iyilik yapan, Hiç günah işlemeyen doğru insan yoktur.
21 Mègade xa ɖi hena nyasese o, àva se wò dɔla wòanɔ fi ƒom de wò!
İnsanların söylediği her söze aldırma, Yoksa uşağının bile sana sövdüğünü duyabilirsin.
22 Wò ŋutɔ ènya zi geɖe siwo nèƒoa fi dea amewoe!
Çünkü sen de birçok kez Başkalarına sövdüğünü pekâlâ biliyorsun.
23 Medze agbagba ɖe sia ɖe be manya nu. Megblɔ be, “Mazu nunyala kokoko” Ke medze edzi nam nenema o.
Bütün bunları bilgelikle denedim: “Bilge olacağım” dedim. Ama bu beni aşıyordu.
24 Nunya le didiƒe ke eye esesẽ ŋutɔ be woake ɖe eŋu.
Bilgelik denen şey Uzak ve çok derindir, onu kim bulabilir?
25 Medii le afi sia afi, meɖo ta me kplikpaa be nye asi nasu nunya kple ŋuɖoɖowo na nye biabiawo dzi, eye maɖee fia ɖokuinye be vɔ̃ɖivɔ̃ɖi nye lãdzɔdzɔ, eye bometsitsi nye tsukuku.
Böylece, bilgelik ve çözüm aramaya, incelemeye, kavramaya, Kötülüğün akılsızlık, akılsızlığın delilik olduğunu anlamaya kafa yordum.
26 Nyɔnu si nye gamɔ kple ɖɔ si ɖea ame la ƒe aɖi nu sẽna wu ku tɔ. Mawu naɖi be nàte ŋu asi le enu, ke nu vɔ̃ wɔla mesina le eƒe mɔtetrewo nu o.
Kimi kadını ölümden acı buldum. O kadın ki, kendisi tuzak, yüreği kapan, elleri zincirdir. Tanrı'nın hoşnut kaldığı insan ondan kaçar, Günah işleyense ona tutsak olur.
27 Nyagblɔla gblɔ be, “Kpɔ ɖa, nu si ŋu meke ɖo lae nye, woatsɔ nu ɖeka akpe bubu be woanya ɖoɖo si le nuwo me.
Vaiz diyor ki, “Şunu gördüm: Bir çözüm bulmak için Bir şeyi öbürüne eklerken
28 Esi mele nuwo me kum, nyemeke ɖe naneke ŋu o la, mekpɔ ŋutsu si nye ame dzɔdzɔe ɖeka le ame akpe ɖeka dome, ke nyemekpɔ nyɔnu ɖeka si nye ame dzɔdzɔe la le wo katã dome o.
–Araştırıp hâlâ bulamazken– Binde bir adam buldum, Ama aralarında bir kadın bulamadım.
29 Mekpɔe hã be togbɔ be Mawu wɔ amegbetɔwo wonye ame dzɔdzɔewo hã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ dze eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ mɔ dzi.”
Bulduğum tek şey: Tanrı insanları doğru yarattı, Oysa onlar hâlâ karmaşık çözümler arıyorlar.”