< Nyagblɔla 6 >

1 Ke meganya nu tso nya sesẽ aɖe ŋu le afi sia afi.
יש רעה אשר ראיתי תחת השמש ורבה היא על האדם
2 Nya siae nye Mawu tsɔ kesinɔnu geɖe kple bubu na ame aɖewo, ale be woate ŋu akpɔ nu sia nu si wodi la, ke mena lãmesesẽ wo be woaɖu agbe kple nu siawo o. Wokuna, eye ame bubuwo sãa xɔa kesinɔnu siawo katã! Nu sia nye nu masɔmasɔ, tofloko kple vodada gã aɖe.
איש אשר יתן לו האלהים עשר ונכסים וכבוד ואיננו חסר לנפשו מכל אשר יתאוה ולא ישליטנו האלהים לאכל ממנו--כי איש נכרי יאכלנו זה הבל וחלי רע הוא
3 Ne viŋutsu alafa ɖeka kple vinyɔnu alafa ɖeka anɔ ame aɖe si, eye wòatsi axɔ ƒe geɖe, gake ga si wòagblẽ ɖi hafi aku la le sue ale gbegbe be viawo mate ŋu aɖii, ade bubu eŋu o la, mele egblɔm be anyo nɛ wu ne eku le eƒe dzigbe,
אם יוליד איש מאה ושנים רבות יחיה ורב שיהיו ימי שניו ונפשו לא תשבע מן הטובה וגם קבורה לא היתה לו--אמרתי טוב ממנו הנפל
4 elabena togbɔ be eƒe dzidzi anye tofloko le ɣe ma ɣi, eye wòawu enu le viviti me, eye womatsɔ ŋkɔ nɛ gɔ̃ hã o,
כי בהבל בא ובחשך ילך ובחשך שמו יכסה
5 makpɔ ɣe kpɔ o, eye manya be ɣe li gɔ̃ hã o la, anyo nɛ alea sãa wu be wòava zu amegãɖeɖi si makpɔ dzidzɔ aɖeke o.
גם שמש לא ראה ולא ידע נחת לזה מזה
6 Ne ame aɖe anɔ agbe ƒe akpe ɖeka zi eve gake makpɔ dzidzeme aɖeke o la, ekema viɖe kae le eƒe agbenɔnɔ ŋu?
ואלו חיה אלף שנים פעמים וטובה לא ראה--הלא אל מקום אחד הכל הולך
7 Ame ƒe sreɖidzedzewo katã ku ɖe eƒe nuɖuɖu ko ŋu, ke meɖia ƒo ɣe aɖeke ɣi o.
כל עמל האדם לפיהו וגם הנפש לא תמלא
8 Nu kae nunyala tsɔ nyo wu bometsila? Viɖe kae ame dahe kpɔna ne enya ale si wòalé eɖokui le amewo ŋkume?
כי מה יותר לחכם מן הכסיל מה לעני יודע להלך נגד החיים
9 Nukpɔkpɔ kple ŋku nyo wu nudzroame ƒe tsaglalãtsatsa le susu me. Drɔ̃ekuku dzodzro le nu nyuiwo ŋu nye bometsitsi eye wòganye dagbadagba ɖe yame ko.
טוב מראה עינים מהלך נפש גם זה הבל ורעות רוח
10 Dzɔgbesee ɖoa nu sia nu dana ɖi; woɖo nu sia nu si ame ava zu la da ɖi xoxo eya ta viɖe aɖeke mele nyahehe kple Mawu tso ale si wòwɔ wo la ŋu o.
מה שהיה כבר נקרא שמו ונודע אשר הוא אדם ולא יוכל לדין עם שהתקיף (שתקיף) ממנו
11 Ne wò nyawo sɔ gbɔ la, gɔmesese geɖe manɔ wo ŋu o, ekema nu ka ta nàɖe fu na ɖokuiwò be yeaƒo nu kura?
כי יש דברים הרבה מרבים הבל מה יתר לאדם
12 Le míaƒe agbemeŋkeke ʋɛ siawo me la, ame ka ate ŋu agblɔ ale si ame nawɔ eƒe ŋkekewo ŋu dɔ nyuie? Ame ka ate ŋu anya nu si ava nye nyuitɔ le ŋgɔgbea ne amea nu va yi? Elabena ame kae nya etsɔ me?
כי מי יודע מה טוב לאדם בחיים מספר ימי חיי הבלו--ויעשם כצל אשר מי יגיד לאדם מה יהיה אחריו תחת השמש

< Nyagblɔla 6 >