< Nyagblɔla 4 >

1 Emegbe la, melé ŋku ɖe ameteteɖeanyi siwo katã le xexea me la ŋu. Mekpɔ ame siwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo; kpeɖeŋutɔ aɖeke meli na wo o, le esime kpeɖeŋutɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la le ameteɖeanyilawo ƒe akpa dzi.
茲に我身を轉して日の下に行はるる諸の虐遇を視たり 嗚呼虐げらる者の涙ながる 之を慰むる者あらざるなり また虐ぐる者の手には權力あり 彼等はこれを慰むる者あらざるなり
2 Ale mebu be ame kukuwo tɔ nyo sãa wu agbagbeawo tɔ
我は猶生る生者よりも既に死たる死者をもて幸なりとす
3 eye ame siwo nye dzɔgbenyuitɔwo wu la, woawoe nye ame siwo womedzi o eye womekpɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple nu vɔ̃ siwo xɔ xexea me katã la kpɔ o.
またこの二者よりも幸なるは未だ世にあらずして日の下におこなはるる惡事を見ざる者なり
4 Megadze sii hã be nu si dɔa amewo ɖa be woaku kutri awɔ dɔ hena dzidzedzekpɔkpɔ la tso ŋubiabiã ɖe amehavi ŋu gbɔ. Ke esia hã nye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.
我また諸の労苦と諸の工事の精巧とを観るに 是は人のたがひに嫉みあひて成せる者たるなり 是も空にして風を捕ふるが如し
5 Bometsila bla asi ɖe akɔnu eye wògblẽ eɖokui dome.
愚なる者は手を束ねてその身の肉を食ふ
6 Nu asiʋlo ɖeka si ŋuti ŋutifafa le la nyo wu nu asiʋlo eve si ŋuti sreɖidzedze kple dagbadagba ɖe yame kpe ɖo.
片手に物を盈て平穏にあるは 兩手に物を盈て労苦て風を捕ふるに愈れり
7 Megalé ŋku ɖe movidzɔdzɔ tɔgbi aɖe si le xexea me godoo la hã ŋu.
我また身をめぐらし日の下に空なる事のあるを見たり
8 Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.
茲に人あり只獨にして伴侶もなく子もなく兄弟もなし 然るにその労苦は都て窮なくの目は富に飽ことなし 彼また言ず嗚呼我は誰がために労するや何とて我は心を樂ませざるやと 是もまた空にして労力の苦き者なり
9 Ame eve ate ŋu awɔ dɔ wu ame ɖeka ƒe dɔwɔwɔ ƒe teƒe eve elabena woƒe nukpɔkpɔ anyo sãa wu.
二人は一人に愈る其はその労苦のために善報を得ればなり
10 Ne ɖeka dze anyi la, evelia afɔe, ke ne amea nye ɖeka eye wòdze anyi la, egena ɖe fukpekpe me.
即ちその跌倒る時には一箇の人その伴侶を扶けおこすべし 然ど孤身にして跌倒る者は憐なるかな之を扶けおこす者なきなり
11 Hekpe ɖe esia ŋu la, ame eve siwo tsyɔ kundru ɖeka le vuvɔŋɔli le zã me la kpɔa dzoxɔxɔ tso wo nɔewo gbɔ, ke aleke ame ɖeka ate ŋu ade dzo lãme na eɖokui?
又二人ともに寝れば温暖なり一人ならぼ爭で混暖ならんや
12 Gawu la, woate ŋu aɖu ame ɖeka dzi bɔbɔe gake ame eve ate ŋu anɔ akpa ɖeka eye woaɖu dzi. Nu si ganyo wu esiae nye, ame etɔ̃ nanɔ akpa ɖeka elabena ka si wotsɔ ka sue etɔ̃ lɔ̃e la menya lãna bɔbɔe o.
人もしその一人を攻撃ば二人してこれに當るべし 三根の繩は容易く断ざるなり
13 Enyo be ame nanye ɖekakpui nyanu si da ahe wu be wòanye fia tsitsi aɖe si nye bometsila, eye wògbea aɖaŋu ɖe sia ɖe xɔxɔ.
貧くして賢き童子は 老て愚にして諌を納れざる王に愈る
14 Ɖekakpui ma tɔgbi ate ŋu ado go le gaxɔ me eye xexea me adze edzi nɛ. Ate ŋu aɖu fia gɔ̃ hã togbɔ be wodzii ɖe ahedada me hã.
彼は牢獄より出て王となれり 然どその國に生れし時は貧かりき
15 Ame sia ame tsia dzi be yeakpe ɖe ɖekakpui ma tɔgbi ŋu, woadi be yewoakpe ɖe eŋu wòaxɔ fiazikpui la sesẽtɔe gɔ̃ hã.
我日の下にあゆむところの群生が彼王に続てこれに代りて立ところの童子とともにあるを観たり
16 Ate ŋu azu kplɔla na ame akpe akpewo eye ame sia ame alɔ̃e. Ke ne dzidzime yeye la me viwo va tsi la, woɖenɛ le fiazikpui la dzi! Ale esia hã ganye bometsitsi kple dagbadagba ɖe yame ko.
民はすべて際限なし その前にありし者みな然り 後にきたる者また彼を悦ばず 是も空にして風を捕ふるがごとし

< Nyagblɔla 4 >