< Nyagblɔla 2 >

1 Megblɔ na ɖokuinye be, “Enyo, kpɔ dzidzɔ eye nàɖu agbe azɔ, abe ale si nàte ŋui ene.” Ke mekpɔe be esia hã nye tofloko ko
Ich sprach zu meinem Herzen: Komm, wir wollen es mit der Freude versuchen, und du sollst es gut haben! Aber siehe, auch das war vergeblich!
2 elabena megblɔ be enye movidzɔdzɔ be woanɔ nu kom ɖaa; nyui kae doa go tso eme?
Zum Lachen sprach ich: Du bist toll! Und zur Freude: Was tut diese da?
3 Ale le tamebubu geɖe megbe la, meɖo be matsɔ ahanono ado dzidzɔ na ɖokuinye, gake maganɔ nunya yome tim. Medi be malé bometsitsi ɖe asi goŋgoŋgoŋ va se ɖe esime madze si nu si anyo na amegbetɔwo be woawɔ le dziƒoa te le woƒe ŋkeke sue si me woanɔ agbe la.
Ich gedachte in meinem Herzen, mein Fleisch an den Wein zu gewöhnen, doch so, daß mein Herz in Weisheit die Leitung behielte, und so die Torheit zu ergreifen, bis daß ich sähe, ob das gut sei, was die Menschenkinder ihr ganzes Leben lang unter dem Himmel tun.
4 Mewɔ nu gãwo na ɖokuinye: metu xɔwo, mede waingblewo,
Ich unternahm große Werke, baute mir Häuser, pflanzte mir Weinberge.
5 mewɔ abɔwo kple yaxɔƒewo, medo atiwo kple kutsetseti ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe wo me.
Ich legte mir Gärten und Pärke an und pflanzte darin allerlei Fruchtbäume.
6 Meɖe tsitawo ale be mate ŋu aku tsi tso wo me ade ati siwo medo ɖe ave aɖe me.
Ich machte mir Wasserteiche, um daraus den sprossenden Baumwald zu tränken.
7 Meƒle kluviwo kple kosiwo, eye wodzi ɖewo le nye ŋutɔ nye aƒe me. Nyiwo kple alẽwo sɔ gbɔ ɖe asinye fũu wu fia siwo nɔ Yerusalem do ŋgɔ nam la si.
Ich kaufte Knechte und Mägde und hatte auch solche, die in meinem eigenen Hause geboren waren; so hatte ich auch größere Rinder und Schafherden als alle, die vor mir zu Jerusalem gewesen waren.
8 Mena fiawo kple dutatɔwo dzɔ klosalo kple sika nam. Meɖo ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒe hadzihawo, kpẽkuhawo kple ʋuƒohawo da ɖi. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, nye ahiãviwo dze tugbe, eye wosɔ gbɔ fũu.
Ich sammelte mir Silber und Gold, Schätze der Könige und Länder; ich verschaffte mir Sänger und Sängerinnen und, was die Menschenkinder ergötzt, eine Gattin und Gattinnen.
9 Ale mexɔ ŋkɔ wu Fia bubu ɖe sia ɖe si nɔ Yerusalem kpɔ. Gawu la, meke ŋku ɖi be mate ŋu ade dzesi nu siawo katã ƒe asixɔxɔ.
Und ich ward größer und reicher als alle, die vor mir zu Jerusalem gewesen waren; auch blieb meine Weisheit bei mir.
10 Mewɔ nu sia nu si dze ŋunye eye nyemehe ɖokuinye ɖa tso dzidzɔkpɔkpɔ aɖeke ƒomevi gbɔ o. Dɔ sesẽ wɔwɔ gɔ̃ hã do dzidzɔ nam. Le nyateƒe me la, dzidzɔkpɔkpɔ sia koe nye nye agbagbadzedzewo katã ƒe fetu.
Und ich versagte meinen Augen nichts von allem, was sie wünschten; ich hielt mein Herz von keiner Freude zurück; denn mein Herz hatte Freude von all meiner Mühe, und das war mein Teil von aller meiner Mühe.
11 Ke esi melé ŋku ɖe nu siwo katã mete kpɔ ŋu la, medze sii be wo katã nye tofloko kple yamenu ko, eye viɖe aɖeke mele naneke ŋu le afi aɖeke o.
Als ich mich aber umsah nach all meinen Werken, die meine Hände gemacht hatten, und nach der Mühe, die ich mir gegeben hatte, um sie zu vollbringen, siehe, da war alles eitel und ein Haschen nach Wind und nichts Bleibendes unter der Sonne!
12 Azɔ la, meɖo be malé ŋku ɖe nunya, tsukuku kple bometsitsi ŋu, elabena nu bubu ka ame si ava ɖe fia yome la ate ŋu awɔ? Nu si tututu wowɔ va yi la koe!
Und ich wandte mich zur Betrachtung der Weisheit, des Übermuts und der Torheit; denn was wird der Mensch tun, der nach dem König kommt? Das, was man längst getan hat!
13 Mekpɔe be viɖe le nunya ŋu wu bometsitsi abe ale si kekeli nyo wu viviti ene.
Und ich habe eingesehen, daß die Weisheit einen so großen Vorzug hat vor der Torheit wie das Licht vor der Finsternis.
14 Nunyala kpɔa nu le esime bometsila zɔa viviti me. Ke mede dzesii be nu ɖeka ma ke koe dzɔna ɖe nunyala kple bometsila siaa dzi.
Der Weise hat seine Augen im Kopf; der Tor aber wandelt in der Finsternis. Zugleich erkannte ich jedoch, daß ihnen allen das gleiche Schicksal begegnet.
15 Eya ta megblɔ le nye dzi me be ale si bometsila aku la, nenema tututue nye hã makue, eya ta viɖe kae le nunya ŋu nam? Medze sii azɔ be nunya gɔ̃ hã, toflokoe;
Da sprach ich in meinem Herzen: Wenn mir doch das gleiche Schicksal begegnet wie dem Toren, warum bin ich denn so überaus weise geworden? Und ich sprach in meinem Herzen: Auch das ist eitel!
16 elabena nunyala kple bometsila siaa le kuku ge eye woaŋlɔ wo ame eveawo be keŋkeŋ le ŋkeke siwo gbɔna la me.
Denn des Weisen wird ebenso wenig ewiglich gedacht wie des Toren, weil in den künftigen Tagen längst alles vergessen sein wird; und wie stirbt doch der Weise samt dem Toren dahin!
17 Eya ta azɔ la, melé fu agbenɔnɔ blibo la, elabena susu aɖeke mele nu siwo wowɔna le ɣea te la dometɔ aɖeke me o, elabena wo katã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko.
Da haßte ich das Leben; denn mir mißfiel das Tun, das unter der Sonne geschieht; denn es ist alles eitel und ein Haschen nach Wind.
18 Nu si gate ɖe dzinyee nye magblẽ nye dagbadagbawo katã ƒe metsonu ɖi na ame bubuwo.
Ich haßte auch alle meine Arbeit, womit ich mich abgemüht hatte unter der Sonne, weil ich sie dem Menschen überlassen soll, der nach mir kommt.
19 Ame kae anya do ŋgɔ ne vinye ŋutsu anye nunyala loo alo bometsila? Evɔa, ele be woatsɔ nu sia nu si le asinye la nɛ! Esia hã nye tofloko ko!
Und wer weiß, ob derselbe weise sein wird oder ein Tor? Und doch wird er über all das Macht bekommen, was ich mit Mühe und Weisheit erarbeitet habe unter der Sonne. Auch das ist eitel!
20 Ale metrɔ be mana dzi naɖe le ƒonye le dɔ siwo katã mewɔ le ɣea te la ŋu,
Da wandte ich mich, mein Herz verzweifeln zu lassen an all der Mühe, womit ich mich abgemüht hatte unter der Sonne.
21 elabena ame aɖe li si tsɔ nunya kple gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe, ke ele nɛ be wòagblẽ nu siwo wòkpɔ tso dɔwɔwɔ me la ɖi na ame aɖe si mewɔ naneke kura tso dɔ la ŋu o la, woazu etɔ. Esia hã anye tofloko kple nu vɔ̃ɖi aɖe
Denn das Vermögen, das einer sich erworben hat mit Weisheit, Verstand und Geschick, das muß er einem andern zum Erbteil geben, der sich nicht darum bemüht hat; das ist auch eitel und ein großes Unglück!
22 elabena nu ka ame kpɔna tso eƒe dagbadagba kple eƒe dzi ƒe agbagbadzedze le dɔ siwo katã wòwɔna le ɣea te ŋu la me?
Denn was hat der Mensch von all seiner Mühe und dem Dichten seines Herzens, womit er sich abmüht unter der Sonne?
23 Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko.
Denn er plagt sich täglich mit Kummer und Verdruß, sogar in der Nacht hat sein Herz keine Ruhe; auch das ist eitel!
24 Ale metso nya me be naneke meli si nyo na amegbetɔ wu be wòaɖu nu, ano nu eye wòana eƒe luʋɔ nakpɔ dzidzɔ le eƒe agbagbadzedzewo ŋu o. Mekpɔe be esia hã, Mawu ƒe asimee wòtsona,
Es gibt nichts Besseres für den Menschen, als daß er esse und trinke und seine Seele Gutes genießen lasse in seiner Mühsal! Doch habe ich gesehen, daß auch das von der Hand Gottes kommt.
25 elabena ame kae ate ŋu ato Mawu megbe aɖu nu alo aɖu agbe?
Denn wer kann essen und wer kann genießen ohne Ihn?
26 Elabena Mawu naa nunya, gɔmesese kple dzidzɔ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze le, ke etsɔa dɔ sesẽ wɔwɔ na nu vɔ̃ wɔlawo be woaƒo ƒu nu alo ali kɔ nu, ale be Mawu natsɔ wo ana ame si dze eŋu. Ale eme kɔ ƒãa be esia hã nye tofloko kple dagbadagba ɖe yame ko ƒe kpɔɖeŋu.
Denn dem Menschen, der Ihm wohlgefällt, gibt Er Weisheit und Erkenntnis und Freude; aber dem Sünder gibt er Plage, daß er sammle und zusammenscharre, um es dem zu geben, welcher Gott gefällt. Auch das ist eitel und ein Haschen nach Wind.

< Nyagblɔla 2 >