< Nyagblɔla 12 >
1 Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.
Kae wo Bɔfo wɔ wo mmerantebere mu, ansa na nnabɔne no aba na mfe a wobɛka se, “Minni mu anigye biara” no reba,
2 Ɖo ŋku wò Wɔla dzi hafi ɣe, kekeli, ɣleti kple ɣletiviwo nado viviti, eye lilikpowo natrɔ agbɔ le tsidzadza megbe,
ansa na owia ne hann, ɔsram ne nsoromma aduru sum, na omununkum asan aba osutɔ akyi.
3 elabena ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime tsitsi ana wò afɔwo kple abɔwo nadzo nyanyanya, wò ata sesẽwo nagbɔdzɔ, wò aɖuwo dometɔ geɖewo natu eye wò ŋkuwo hã natsi
Bere a ofi no awɛmfo ho popo, na mmarima ahoɔdenfo akom, bere a awiyamfo agyae adwumayɛ, sɛ wosua nti na wɔn a wɔhwɛ pema mu no ani so ayɛ kusuu;
4 ekema nàna wò nuyiwo namia tititi ne èle nu ɖum esi wò aɖuwo tu vɔ la ta! Àfɔ le fɔŋli, ne xeviwo de asi hadzidzi me, ke màgase nu o eye wò gbe anɔ ƒoƒom, màgate ŋu adzi ha o.
bere a wɔatoto abɔnten no apon mu na awiyambea nnyigyei ano abrɛ ase; bere a nnipa te nnomaa su na wɔanyan, nanso wɔn nnwonto ano abrɛ ase;
5 Àvɔ̃ na dzidede kple gege, eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ, ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o, ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm.
bere a nnipa suro sorokɔ ne mmɔnten so amanenyasɛm; bere a “ɔsonkoran” dua begu nhwiren na tɛwtɛw twe ne ho kɔ no na nkatede ho adwudwo. Afei onipa kɔ ne daa home mu na agyaadwotwafo tu gu mmɔnten so.
6 Ɛ̃, ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi agbe ƒe klosaloka natso, sikagba nagbã, tɔmedeze nagbã le tsi dzidzi to, tsidumɔ ƒe troƒe nafli ɖa,
Kae no, ansa na dwetɛ hama no atew, anaasɛ sikakɔkɔɔ asanka no abɔ; ansa na sukuruwa no abobɔ wɔ asuten ho, anaasɛ asubura so nkyimii abubu,
7 nàgatrɔ azu anyi si nènye tsã eye gbɔgbɔ la natrɔ ayi Mawu, ame si tsɔe na wò la gbɔ.
na dɔte san kɔ asase a efi mu bae, na honhom no tu kɔ Onyankopɔn a ɔde mae no nkyɛn.
8 Nyagblɔla be nuwo katã nye tofloko ko.
“Ahuhude mu ahuhude” ɔsɛnkafo no na ose. “Biribiara yɛ ahuhude!”
9 Ke esi Nyagblɔla nye nunyala ta la, eyi nu siwo katã wònya la fiafia amewo dzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, eƒo ƒu lododowo, eye wòma wo ɖe tanya vovovowo te,
Ɔsɛnkafo no yɛ onyansafo na ɔde nimdeɛ maa nnipa nso. Ɔdwenee na ɔyɛɛ nhwehwɛmu na obubuu mmɛ bebree.
10 elabena Nyagblɔla menye nunyala ɖeɖe ko o, ke boŋ enye nufiala nyui aɖe hã. Menye ɖe wòfia nu si wònya la ko wo o, ke boŋ efianɛ to mɔ si do dzidzɔ na wo la dzi.
Ɔsɛnkafo no hwehwɛɛ sɛ obenya nsɛm a ɛfata, na nea ɔkyerɛw no yɛ pɛ na ɛyɛ nokware nso.
11 Nunyala ƒe nyawo le abe nutɔame siwo tɔa ame, dea lãme na ame hena nuwɔwɔ eye woƒoa nyateƒe veviwo ɖe to la ene. Sukuvi siwo sea nu siwo woƒe nufialawo gblɔna na wo la, zua nunyalawo.
Anyansafo nsɛm te sɛ nantwikafo mpeaw. Wɔn nsɛm a wɔaboa ano te sɛ nnadewa a wɔde abobɔ dua mu ma akɔ mu yiye. Saa nsɛm yi nyinaa fi Oguanhwɛfo baako nkyɛn.
12 Ke vinye, na woaxlɔ̃ nu wò. Seɖoƒe aɖeke meli na agbalẽ geɖe ŋɔŋlɔ o eye nusɔsrɔ̃ tea ɖeɖi ame ƒe ŋutilã ŋu.
Mebɔ wo kɔkɔ sɛ twe wo ho fi biribiara a ɛka eyinom ho, me babarima. Nhoma bebrebe nkyerɛw nni awiei, na ne sua pii no ma honam yɛ mmerɛw.
13 Nya blibo la ƒe taƒonyae nye: Vɔ̃ Mawu, eye nàwɔ eƒe sewo dzi, elabena esia koe nye amegbetɔwo ƒe dɔdeasiwo katã ƒe ƒuƒoƒo
Afei ne nyinaa atɔ asom; nsɛm no awiei ni: Suro Onyankopɔn na di nʼahyɛde so, na onipa asɛde nyinaa ni.
14 elabena Mawu adrɔ̃ ʋɔnu mí le nu siwo katã míewɔ le adzame kple gaglãgbe siaa, eɖanye nyui alo vɔ̃.
Onyankopɔn bebu nneyɛe biara atɛn, nea wɔayɛ asie nso ka ho, sɛ ɛyɛ papa anaa bɔne.