< Mose 5 1 >

1 Nya siawo Mose gblɔ na Israelviwo katã le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le gbedzi, le Araba balime, le Suf gbɔ le Paran kple Tofel kple Laban kple Hazerot kple Dizahab dome.
以下所記的是摩西在約旦河東的曠野、疏弗對面的亞拉巴-就是巴蘭、陀弗、拉班、哈洗錄、底撒哈中間-向以色列眾人所說的話。(
2 Mɔzɔzɔ tso Horeb to Seir to la ŋu yi Kades Barnea la nye ŋkeke wuiɖekɛ ko ƒe azɔli.
從何烈山經過西珥山到加低斯‧巴尼亞有十一天的路程。)
3 Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu.
出埃及第四十年十一月初一日,摩西照耶和華藉着他所吩咐以色列人的話都曉諭他們。
4 Esia va eme esi Israel ɖu Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si nɔ Hesbon kple Ɔg, Basan fia, ame si nɔ Astarot la dzi le Edrei vɔ megbe.
那時,他已經擊殺了住希實本的亞摩利王西宏和住以得來、亞斯他錄的巴珊王噩。
5 Mose de asi se siawo gbɔgblɔ me na Israelviwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi, le Moabnyigba dzi. Egblɔ na wo be:
摩西在約旦河東的摩押地講律法說:
6 Ƒe blaene nye esi va yi, esi Yehowa, míaƒe Mawu la gblɔ na mí le Horeb to la gbɔ be, “Mienɔ afi sia wòdidi.
「耶和華-我們的上帝在何烈山曉諭我們說:你們在這山上住的日子夠了;
7 Fifia miyi mianɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba dzi kple Araba ƒe balime kple Negeb kple Kanaan kple Lebanon ƒe anyigbawo dzi. Anyigba sia tso Domeƒu la ŋu va se ɖe Frat tɔsisi la ŋu.
要起行轉到亞摩利人的山地和靠近這山地的各處,就是亞拉巴、山地、高原、南地,沿海一帶迦南人的地,並黎巴嫩山又到幼發拉底大河。
8 Metsɔ anyigba sia katã na mi! Miyi edzi, eye miaxɔe, elabena eyae nye anyigba si ŋugbe Yehowa miaƒe Mawu do na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob kple woƒe dzidzimeviwo katã.”
如今我將這地擺在你們面前;你們要進去得這地,就是耶和華向你們列祖亞伯拉罕、以撒、雅各起誓應許賜給他們和他們後裔為業之地。」
9 Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ na ameawo be, “Mehiã kpeɖeŋutɔ! Mienye agba gã aɖe nam be nye ɖeka matsɔ,
「那時,我對你們說:『管理你們的重任,我獨自擔當不起。
10 elabena Yehowa miaƒe Mawu na miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene!
耶和華-你們的上帝使你們多起來。看哪,你們今日像天上的星那樣多。
11 Mawu nagana miadzi ɖe edzi zi akpeakpewo wu, eye wòayra mi abe ale si wòdo ŋugbee ene.
惟願耶和華-你們列祖的上帝使你們比如今更多千倍,照他所應許你們的話賜福與你們。
12 Ke nu ka ame ɖeka ate ŋu awɔ le miaƒe dzrenyawo dɔdrɔ̃ kple nukpekeamewo ŋuti?
但你們的麻煩,和管理你們的重任,並你們的爭訟,我獨自一人怎能擔當得起呢?
13 Eya ta mitia ŋutsu aɖewo tso to sia to me, ame siwo nye nunyalawo, nugɔmeselawo kple nuteƒekpɔlawo, eye maɖo wo miaƒe kplɔlawo.”
你們要按着各支派選舉有智慧、有見識、為眾人所認識的,我立他們為你們的首領。』
14 Ke mieɖo eŋu nam be, “Nya si nègblɔ la nyo be woawɔ ɖe edzi.”
你們回答我說:『照你所說的行了為妙。』
15 Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.
我便將你們各支派的首領,有智慧、為眾人所認識的,照你們的支派,立他們為官長、千夫長、百夫長、五十夫長、十夫長,管理你們。
16 Mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le ɣe ma ɣi be, “Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ame sia ame kple nɔvia kpakple amedzrowo gɔ̃ hã.
「當時,我囑咐你們的審判官說:『你們聽訟,無論是弟兄彼此爭訟,是與同居的外人爭訟,都要按公義判斷。
17 Megblɔ na wo be, ‘Le miaƒe nyametsotsowo me la, migade ame aɖeke dzi le eƒe hotsuitɔnyenye ta o. Miwɔ nu dzɔdzɔe ɖe amegãwo kple ame gblɔewo siaa ŋu sɔsɔe. Migavɔ̃ na woƒe dzikudodo ɖe mia ŋu o, elabena Mawu teƒee miele ʋɔnu drɔ̃m ɖo. Mitsɔ nya siwo sesẽ akpa na mi la vɛ nam, eye mawɔ wo ŋu dɔ.’
審判的時候,不可看人的外貌;聽訟不可分貴賤,不可懼怕人,因為審判是屬乎上帝的。若有難斷的案件,可以呈到我這裏,我就判斷。』
18 Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu siwo katã wòle be miawɔ la na mi.”
那時,我將你們所當行的事都吩咐你們了。」
19 Míedzo le Horeb to la gbɔ, eye míezɔ mɔ to gbegbe gã dziŋɔ la dzi. Mlɔeba la, míeva ɖo Amoritɔwo ƒe towo gbɔ, afi si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míayi. Míeɖo Kades Barnea le Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi.
「我們照着耶和華-我們上帝所吩咐的從何烈山起行,經過你們所看見那大而可怕的曠野,往亞摩利人的山地去,到了加低斯‧巴尼亞。
20 Megblɔ na ameawo be, “Yehowa, mía Mawu la tsɔ Amoritɔwo ƒe tonyigba sia na mí.
我對你們說:『你們已經到了耶和華-我們上帝所賜給我們的亞摩利人之山地。
21 Miyi miaxɔe abe ale si wògblɔ na mí ene. Migavɔ̃ o. Migake ɖi gɔ̃ hã o.”
看哪,耶和華-你的上帝已將那地擺在你面前,你要照耶和華-你列祖的上帝所說的上去得那地為業;不要懼怕,也不要驚惶。』
22 Wogblɔ be, “Gbã la, mina míaɖo ŋkutsalawo ɖa ne woanya mɔ nyuitɔ si dzi míato age ɖe anyigba la dzi kple du gbãtɔ si míaxɔ.”
你們都就近我來說:『我們要先打發人去,為我們窺探那地,將我們上去該走何道,必進何城,都回報我們。』
23 Esia nye susu nyui aɖe, eya ta meɖo ŋkutsala wuieve ɖa, ɖeka tso to ɖe sia ɖe me.
這話我以為美,就從你們中間選了十二個人,每支派一人。
24 Woto toawo dzi heyi Eskɔl ƒe balime.
於是他們起身上山地去,到以實各谷,窺探那地。
25 Wotsɔ afi ma ƒe kutsetse aɖewo gbɔe. Wotsɔ wo vɛ na mí eye wogblɔ be, “Míedze sii enumake be anyigba nyui aɖe ŋutɔe Yehowa, míaƒe Mawu la na mí.”
他們手裏拿着那地的果子下來,到我們那裏,回報說:『耶和華-我們的上帝所賜給我們的是美地。』
26 Ke ameawo gbe be yewomayi anyigba la dzi o, eya ta wotsi tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ɖoɖo ŋuti.
「你們卻不肯上去,竟違背了耶和華-你們上帝的命令,
27 Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí.
在帳棚內發怨言說:『耶和華因為恨我們,所以將我們從埃及地領出來,要交在亞摩利人手中,除滅我們。
28 Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’”
我們上哪裏去呢?我們的弟兄使我們的心消化,說那地的民比我們又大又高,城邑又廣大又堅固,高得頂天,並且我們在那裏看見亞衲族的人。』
29 Ke megblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o!
我就對你們說:『不要驚恐,也不要怕他們。
30 Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene.
在你們前面行的耶和華-你們的上帝必為你們爭戰,正如他在埃及和曠野,在你們眼前所行的一樣。
31 Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!”
你們在曠野所行的路上,也曾見耶和華-你們的上帝撫養你們,如同人撫養兒子一般,直等你們來到這地方。』
32 Ke nya siwo megblɔ la mewɔ dɔ aɖeke ɖe mia dzi o. Miegbe eye miexɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se o,
你們在這事上卻不信耶和華-你們的上帝。
33 evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.
他在路上,在你們前面行,為你們找安營的地方;夜間在火柱裏,日間在雲柱裏,指示你們所當行的路。」
34 Yehowa se woƒe liʋĩliʋĩlilĩ, eye wòdo dɔmedzoe ŋutɔŋutɔ. Eka atam be,
「耶和華聽見你們這話,就發怒,起誓說:
35 “Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã matso dzidzime vɔ̃ɖi ma me, anɔ agbe akpɔ anyigba si ŋugbe yedo na wo fofowo o,
『這惡世代的人,連一個也不得見我起誓應許賜給你們列祖的美地;
36 negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu ko, elabena Kaleb ya dze Yehowa yome, eya ta axɔ anyigba si dzi wòzɔ la ƒe akpa aɖe abe eƒe domenyinu ene.”
惟有耶孚尼的兒子迦勒必得看見,並且我要將他所踏過的地賜給他和他的子孫,因為他專心跟從我。』
37 Yehowa do dɔmedzoe ɖe nye gɔ̃ hã ŋu le woawo ta, eye wògblɔ nam be, “Màde Ŋugbedodonyigba la dzi o!
耶和華為你的緣故也向我發怒,說:『你必不得進入那地。
38 Wò kpeɖeŋutɔ, Yosua, Nun ƒe viŋutsu akplɔ Israelviwo ɖe tewòƒe woade afi ma. De dzi ƒo nɛ esi wòle dzadzram ɖo hena ameawo kpɔkplɔ.
伺候你、嫩的兒子約書亞,他必得進入那地;你要勉勵他,因為他要使以色列人承受那地為業。
39 Matsɔ anyigba la ana wo vi siwo woawo ŋutɔ wogblɔ be woaku le gbedzi.
並且你們的婦人孩子,就是你們所說、必被擄掠的,和今日不知善惡的兒女,必進入那地。我要將那地賜給他們,他們必得為業。
40 Ke mi dzidzime xoxo ma me viwo ya la, mitrɔ fifi laa, miagbugbɔ aɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ.”
至於你們,要轉回,從紅海的路往曠野去。』
41 Tete mieʋu eme be, “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Míayi anyigba la dzi, awɔ aʋa ɖe eta abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la ɖo na mí be míawɔ ene.” Ale wokpla woƒe aʋawɔnuwo hebu be yewoaɖu anyigba blibo la dzi tɔwo dzi bɔbɔe.
「那時,你們回答我說:『我們得罪了耶和華,情願照耶和華-我們上帝一切所吩咐的上去爭戰。』於是你們各人帶着兵器,爭先上山地去了。
42 Ke Yehowa gblɔ nam be, “Gblɔ na wo bena, ‘Miekpɔ ayi awɔ aʋa o, elabena nyemanɔ kpli mi o. Miaƒe futɔwo aɖu mia dzi.’”
耶和華吩咐我說:『你對他們說:不要上去,也不要爭戰;因我不在你們中間,恐怕你們被仇敵殺敗了。』
43 Megblɔe na wo, gake womeɖo tom o, ke boŋ wogatsi tsitre ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo ŋuti heyi tonyigba la dzi hena aʋawɔwɔ.
我就告訴了你們,你們卻不聽從,竟違背耶和華的命令,擅自上山地去了。
44 Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma.
住那山地的亞摩利人就出來攻擊你們,追趕你們,如蜂擁一般,在西珥殺退你們,直到何珥瑪。
45 Wotrɔ gbɔ, eye wofa avi le Yehowa ŋkume, gake meɖo to wo o.
你們便回來,在耶和華面前哭號;耶和華卻不聽你們的聲音,也不向你們側耳。
46 Ale wonɔ afi ma, Kades, ɣeyiɣi didi aɖe.
於是你們在加低斯住了許多日子。」

< Mose 5 1 >