< Mose 5 8 >

1 “Ele be miawɔ ɖe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. Ne miewɔ wo dzi la, miatsi agbe ɖeɖe ko o, ke boŋ miadzi sɔ gbɔ, eye miayi aɖaxɔ anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo.
All the commandments which I command thee this day shall ye observe to do, that ye may live, and multiply, and go in and possess the land which YHWH sware unto your fathers.
2 Mieɖo ŋku ale si Yehowa miaƒe Mawu kplɔ mi to gbedzi le ƒe blaene siawo sɔŋ me, bɔbɔ mi ɖe anyi, eye wòdo mi kpɔ be yeanya nu si miawɔ kple nenye be mialé yeƒe sewo me ɖe asi loo alo mialé wo me ɖe asi o la dzi.
And thou shalt remember all the way which YHWH thy Elohim led thee these forty years in the wilderness, to humble thee, and to prove thee, to know what was in thine heart, whether thou wouldest keep his commandments, or no.
3 Ɛ̃, ebɔbɔ mi ɖe anyi esi wòna dɔ wu mi, eye wòna mana mi be miaɖu. Miawo ŋutɔ kple mia tɔgbuiwo miekpɔ mana sia kpɔ o. Ewɔe be yeana mianya be menye nuɖuɖu koe nye nu sia nu o, eye mianyae be agbe ŋutɔ le Yehowa ƒe se ɖe sia ɖe dzi wɔwɔ me.
And he humbled thee, and suffered thee to hunger, and fed thee with manna, which thou knewest not, neither did thy fathers know; that he might make thee know that man doth not live by bread only, but by every word that proceedeth out of the mouth of YHWH doth man live.
4 To ƒe blaene siawo katã me la, miaƒe awuwo mevuvu o, eye miaƒe afɔwo meɖo loholoho alo te o.
Thy raiment waxed not old upon thee, neither did thy foot swell, these forty years.
5 Eya ta ele be miadze sii be Yehowa miaƒe Mawu hea to na mi be yeakpe ɖe mia ŋu abe ale si fofo hea to na via ene.
Thou shalt also consider in thine heart, that, as a man chasteneth his son, so YHWH thy Elohim chasteneth thee.
6 “Miwɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi. Mizɔ ɖe eƒe ɖoɖowo nu, eye miavɔ̃e,
Therefore thou shalt keep the commandments of YHWH thy Elohim, to walk in his ways, and to fear him.
7 elabena Yehowa, miaƒe Mawu la le mia kplɔm yina anyigba nyui la dzi, afi si tɔʋuwo, tawo, tsi dzidziwo, balimewo kple towo le.
For YHWH thy Elohim bringeth thee into a good land, a land of brooks of water, of fountains and depths that spring out of valleys and hills;
8 Lu, mɔlu, wainkawo, amitiwo, yevuboɖatiwo le anyigba sia dzi.
A land of wheat, and barley, and vines, and fig trees, and pomegranates; a land of oil olive, and honey;
9 Nuɖuɖu bɔ ɖe anyigba sia dzi. Naneke mehiãa ame le afi ma o. Gayibɔ bɔ ɖe afi ma abe kpe ene, eye akɔbli sɔ gbɔ ɖe towo me.
A land wherein thou shalt eat bread without scarceness, thou shalt not lack any thing in it; a land whose stones are iron, and out of whose hills thou mayest dig brass.
10 Ne mieɖu nu ɖi ƒo la, mikafu Yehowa, mia Mawu la le anyigba nyui si wòna mi la ta.
When thou hast eaten and art full, then thou shalt bless YHWH thy Elohim for the good land which he hath given thee.
11 “Ke ɣe ma ɣi tututu wòle be miaɖɔ ŋu ɖo! Mikpɔ nyuie be le ɣeyiɣi si nuɖuɖu bɔ ɖe mia si la, miagaŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, eye miade asi aglãdzedze ɖe eŋu me o.
Beware that thou forget not YHWH thy Elohim, in not keeping his commandments, and his judgments, and his statutes, which I command thee this day:
12 Ne mieɖu nu ɖi ƒo, nuwo dze edzi na mi, mietu xɔ nyuiwo,
Lest when thou hast eaten and art full, and hast built goodly houses, and dwelt therein;
13 miaƒe lãwo dzi, eye miaƒe klosalo kple sika sɔ gbɔ ɖe edzi la,
And when thy herds and thy flocks multiply, and thy silver and thy gold is multiplied, and all that thou hast is multiplied;
14 ɣe ma ɣi tututue wòle be miaɖɔ ŋu ɖo be miagaŋlɔ Yehowa, míaƒe Mawu, si kplɔ mi tso miaƒe kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la be o.
Then thine heart be lifted up, and thou forget YHWH thy Elohim, which brought thee forth out of the land of Egypt, from the house of bondage;
15 Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me!
Who led thee through that great and terrible wilderness, wherein were fiery serpents, and scorpions, and drought, where there was no water; who brought thee forth water out of the rock of flint;
16 Ena mana mi mieɖu le gbedzi. Mana nye abolo aɖe si tɔgbi ame aɖeke mekpɔ kpɔ do ŋgɔ o. Mawu wɔ esia be miabɔbɔ mia ɖokui ale be miaƒe ŋuɖoɖo ɖe ye ŋu nadzi ɖe edzi, eye yeawɔ nyui na mi.
Who fed thee in the wilderness with manna, which thy fathers knew not, that he might humble thee, and that he might prove thee, to do thee good at thy latter end;
17 Ewɔ esia, ale be miabu ɣe aɖeke ɣi be miawo ŋutɔ miaƒe ŋusẽ mee mieto zu hotsuitɔwo o.
And thou say in thine heart, My power and the might of mine hand hath gotten me this wealth.
18 Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be Yehowa, miaƒe Mawu la na ŋutete mi be miazu hotsuitɔwo. Ena miezu hotsuitɔwo be yeawɔ ɖe ŋugbe si yedo na mia fofowo la dzi.
But thou shalt remember YHWH thy Elohim: for it is he that giveth thee power to get wealth, that he may establish his covenant which he sware unto thy fathers, as it is this day.
19 Ke ne mieŋlɔ Yehowa, miaƒe Mawu la be, hesubɔ mawu bubuwo ɖe eteƒe, eye miedze nu vɔ̃ mɔwo dzi la, miatsrɔ̃ godoo,
And it shall be, if thou do at all forget YHWH thy Elohim, and walk after other elohim, and serve them, and worship them, I testify against you this day that ye shall surely perish.
20 abe ale si Yehowa na dukɔ bubuwo tsrɔ̃ va yi la ene. Miawo hã miatsrɔ̃ nenema ke, ne miewɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe seawo dzi o.”
As the nations which YHWH destroyeth before your face, so shall ye perish; because ye would not be obedient unto the voice of YHWH your Elohim.

< Mose 5 8 >