< Mose 5 6 >
1 Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be matsɔ se siawo katã na mi, miawɔ ɖe wo dzi le anyigba si dzi yi ge miala fifia, eye mianɔ la dzi.
“Tanrınız RAB'bin size öğretmek için bana verdiği buyruklar, kurallar, ilkeler bunlardır. Mülk edinmek için gideceğiniz ülkede onlara uyun.
2 Se siawo ƒe taɖodzinue nye woana miawo, mia viwo kple mia tɔgbuiyɔviwo miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la to eƒe ɖoɖowo katã dzi wɔwɔ me le miaƒe agbemeŋkekewo katã me. Ne miete ŋu wɔe la, ƒe geɖe siwo me nunyoname geɖewo le la anɔ mia ŋgɔ,
Yaşamınız boyunca siz, çocuklarınız ve torunlarınız, size verdiğim bütün kurallara, buyruklara uyarak Tanrınız RAB'den korkun ki, ömrünüz uzun olsun.
3 eya ta O! Israel, ɖo to se ɖe sia ɖe, eye nàkpɔ egbɔ be yewɔ ɖe wo dzi ale be nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu me, eye nàdzi sɔ gbɔ. Ne èwɔ ɖe se siawo katã dzi la, àzu dukɔ gã aɖe le anyigba nyui la dzi afi si “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” abe ale si fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbe na wò ene.
Kulak ver, ey İsrail! Söz dinleyin ki, üzerinize iyilik gelsin, atalarınızın Tanrısı RAB'bin size verdiği söz uyarınca süt ve bal akan ülkede bol bol çoğalasınız.
4 O! Israel, ɖo to: Yehowa míaƒe Mawu la, Yehowa ɖeka koe.
“Dinle, ey İsrail! Tanrımız RAB tek RAB'dir.
5 Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo.
Tanrınız RAB'bi bütün yüreğinizle, bütün canınızla, bütün gücünüzle seveceksiniz.
6 Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele be nàbu se siwo mele nawòm egbe la ŋu ɣe sia ɣi.
Bugün size verdiğim bu buyrukları aklınızda tutun.
7 Ele be nàkui ɖe to me na viwòwo, eye nàƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me alo ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple fɔfɔɣi abe nu gbãtɔ ene le ŋdi me.
Onları çocuklarınıza belletin. Evinizde otururken, yolda yürürken, yatarken, kalkarken onlardan söz edin.
8 Tsi wo ɖe wò asibidɛ ŋu abe dzesi ene, bla wo ɖe wò ŋgonu,
Bir belirti olarak onları ellerinize bağlayın, alın sargısı olarak takın.
9 eye nàŋlɔ wo ɖe ʋɔtrutiwo ŋu le wò aƒe me!
Evlerinizin kapı sövelerine, kentlerinizin kapılarına yazın.”
10 Ne Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na fofowòwo, Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye ne etsɔ du gã siwo me nu nyuiwo le na wò,
“Tanrınız RAB atalarınıza, İbrahim'e, İshak'a, Yakup'a içtiği ant uyarınca, sizi vereceği ülkeye –inşa etmediğiniz büyük ve güzel kentleri, biriktirmediğiniz iyi eşyalarla dolu evleri, siz emek vermeden kazılmış sarnıçları, dikmediğiniz bağları, zeytinlikleri olan ülkeye– götürecek. Orada yiyip doyacaksınız.
11 du siwo mètso o, vudo siwo mèɖe o, waingble siwo mède o kple amiti siwo mèdo o, eye ne èɖu nu ɖi ƒo la,
12 ekema kpɔ nyuie be, màŋlɔ Yehowa si kplɔ wò tso Egiptenyigba dzi, tso kluvinyenye me la be o.
O zaman dikkat edin! Sizi Mısır'dan, köle olduğunuz ülkeden çıkaran RAB'bi unutmayın.
13 Ne èɖi ƒo la, mègaŋlɔ Yehowa, wò Mawu la vɔvɔ̃ kple esubɔsubɔ be o. Wɔ eya ko ƒe ŋkɔ ŋu dɔ le atamkaka me.
“Tanrınız RAB'den korkacaksınız; O'na kulluk edecek ve O'nun adıyla ant içeceksiniz.
14 Mele be nàsubɔ dukɔ siwo ƒo xlã wò la ƒe mawuwo o,
Başka ilahların, çevrenizdeki ulusların taptığı hiçbir ilahın ardınca gitmeyeceksiniz.
15 elabena Yehowa, wò Mawu la, ame si le mia dome la nye Mawu ʋãŋu; ate ŋu ado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye wòatsrɔ̃ wò ɖa le anyigba la ŋkume.
Çünkü aranızda olan Tanrınız RAB kıskanç bir Tanrı'dır. Öfkelenirse sizi yeryüzünden yok eder.
16 Mele be nàte Yehowa wò Mawu la kpɔ abe ale si nètee kpɔ le Masa ene o.
Massa'da olduğu gibi, Tanrınız RAB'bi denemeyeceksiniz.
17 Ele be nàwɔ eƒe sewo katã dzi.
Tanrınız RAB'bin buyruklarına, size verdiği yasalara, kurallara uymaya dikkat edeceksiniz.
18 Eya ko hafi nàwɔ nu si dze, eye wònyo le Yehowa ŋkume. Ne èwɔ ɖe eƒe sewo dzi la, nu sia nu adze edzi na wò, eye nàte ŋu ayi aɖaxɔ anyigba nyui si ŋugbe Yehowa do na tɔgbuiwòwo.
RAB'bin gözünde iyi ve doğru olanı yapacaksınız. Öyle ki, üzerinize iyilik gelsin, RAB'bin atalarınıza ant içerek söz verdiği verimli ülkeyi mülk edinesiniz.
19 Hekpe ɖe esia ŋu la, ànya ame siwo le anyigba la dzi ɖa abe ale si Yehowa do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ene.
RAB de sözü uyarınca bütün düşmanlarınızı önünüzden kovacak.
20 Ne viwò va bia wò gbe aɖe gbe be, “Nu ka see nye esi Yehowa miaƒe Mawu de na mi?” hã la,
“Gelecekte çocuklarınız size, ‘Tanrımız RAB'bin size verdiği yasaların, kuralların, ilkelerin anlamı nedir?’ diye sorunca,
21 ele be nàgblɔ nɛ be, “Míenye Farao ƒe kluviwo kpɔ le Egipte. Yehowa ɖe mí tso Egipte to eƒe ŋusẽ gã la
onlara şöyle diyeceksiniz: ‘Mısır'da firavunun köleleriydik. RAB bizi güçlü eliyle oradan çıkardı.
22 kple nukunu gãwo wɔwɔ kple fufiafia Egipte, Farao kple eƒe amewo katã me. Míekpɔ nu siawo katã kple míaƒe ŋkuwo.
Gözlerimizin önünde Mısır'a, firavuna, ailesine karşı belirtiler, büyük ve korkunç işler yaptı.
23 Yehowa kplɔ mí tso Egipte be yeate ŋu atsɔ anyigba sia, si ŋugbe wòdo na mía tɔgbuiwo la na mí.
Atalarımıza ant içerek söz verdiği ülkeye götürmek ve orayı bize vermek için bizi Mısır'dan çıkardı.
24 Ebia tso mía si be míawɔ se siawo katã dzi, eye míade bubu ye ŋu ale be yeate ŋu alé agbe ɖe te na mí abe ale si wòwɔ va se ɖe fifia ene,
Sürekli üzerimize iyilik gelmesi ve bugün olduğu gibi sağ kalmamız için Tanrımız RAB bütün bu kurallara uymamızı ve kendisinden korkmamızı buyurdu.
25 elabena ɣe sia ɣi si míewɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe seawo katã dzi la, nu sia nu dzea edzi na mí nyuie.”
Tanrımız RAB'bin önünde, verdiği bu buyruklara uymaya dikkat edersek, bunu bize doğruluk sayacaktır.’”