< Mose 5 5 >

1 Mose gaƒo nu na Israelviwo gblɔ be, Miɖo to nyuie miase se siwo katã Yehowa de na mi. Misrɔ̃ wo, eye miakpɔ egbɔ be yewowɔ wo dzi!
Und Mose rief das ganze Israel und sprach zu ihnen: Höre, Israel, die Gebote und Rechte, die ich heute vor euren Ohren rede, und lernt sie und behaltet sie, daß ihr darnach tut!
2 Yehowa mía Mawu la bla nu kpli mi le Horeb to la gbɔ.
Der HERR, unser Gott, hat einen Bund mit uns gemacht am Horeb
3 Mebla nu kple mia tɔgbuiwo o, ke boŋ kple mi ame siwo le agbe, le afi sia fifia
und hat nicht mit unsern Vätern diesen Bund gemacht, sondern mit uns, die wir hier sind heutigestages und alle leben.
4 Eƒo nu kpli mi ŋkume kple ŋkume tso dzo bibi la titina le afi ma, le to la gbɔ.
Er hat von Angesicht zu Angesicht mit euch aus dem Feuer auf dem Berge geredet.
5 Menɔ miawo kple Yehowa dome, elabena mienɔ vɔvɔ̃m, eye mieyi egbɔ le to la dzi o. Eƒo nu nam, eye metsɔ eƒe seawo na mi. Nya siwo wògblɔ la woe nye:
Ich stand zu derselben Zeit zwischen dem HERRN und euch, daß ich euch ansagte des HERRN Wort; denn ihr fürchtetet euch vor dem Feuer und ginget nicht auf den Berg. Und er sprach:
6 “Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.
Ich bin der HERR, dein Gott, der dich aus Ägyptenland geführt hat, aus dem Diensthause.
7 “Mègasubɔ mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋunye o.
Du sollst keine andern Götter haben vor mir.
8 Mègawɔ legba aɖeke na ɖokuiwò o, eɖanye nu siwo le dziƒo alo anyigba dzi afii loo, alo tɔ me la ƒe nɔnɔme o.
Du sollst dir kein Bildnis machen, keinerlei Gleichnis, weder des, das oben im Himmel, noch des, das unten auf Erden, noch des, das im Wasser unter der Erde ist.
9 Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo le mɔ aɖeke nu o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋue menye. Mehea to na ɖevi siwo léa fum la ɖe wo fofowo ƒe vodadawo teƒe va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.
Du sollst sie nicht anbeten noch ihnen dienen. Denn ich bin der HERR, dein Gott, bin ein eifriger Gott, der die Missetat der Väter heimsucht über die Kinder ins dritte und vierte Glied, die mich hassen;
10 Ke meɖea nye lɔlɔ̃ fiaa dzidzime akpe nane siwo lɔ̃am, eye wowɔa nye seawo dzi.
und Barmherzigkeit erzeige in viel tausend, die mich lieben und meine Gebote halten.
11 Mègayɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ dzodzro o, elabena Yehowa magbe tohehe na ame si yɔ eƒe ŋkɔ dzodzro la o.
Du sollst den Namen des HERRN, deines Gottes, nicht mißbrauchen; denn der HERR wird den nicht ungestraft lassen, der seinen Namen mißbraucht.
12 Wɔ ɖe Dzudzɔgbe la dzi, eye nàwɔe kɔkɔe abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene.
Den Sabbattag sollst du halten, daß du ihn heiligest, wie dir der HERR, dein Gott, geboten hat.
13 Wɔ wò dɔwo katã le ŋkeke ade me,
Sechs Tage sollst du arbeiten und alle deine Werke tun.
14 ke ŋkeke adrelia nye Yehowa, wò Mawu la ƒe Dzudzɔgbe. Mègawɔ dɔ aɖeke le edzi o. Wò aƒemetɔ aɖeke hã mekpɔ mɔ awɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o, eɖanye viwò ŋutsuwo, viwò nyɔnuwo, wò dɔlaŋutsu, wò dɔlanyɔnu, wò nyiwo, wò tedziwo alo wò lãwo katã o. Ele be amedzro siwo le mia dome gɔ̃ hã nawɔ se sia dzi. Ele be ame sia ame nadzudzɔ abe ale si wò ŋutɔ nàwɔ ene.
Aber am siebenten Tage ist der Sabbat des HERRN, deines Gottes. Da sollst du keine Arbeit tun noch dein Sohn noch deine Tochter noch dein Knecht noch deine Magd noch dein Ochse noch dein Esel noch all dein Vieh noch dein Fremdling, der in deinen Toren ist, auf daß dein Knecht und deine Magd ruhe wie du.
15 Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu la kplɔ wò do goe tso teƒe ma kple asi sesẽ kple abɔ si wòdo ɖe dzi. Le esia ta Yehowa, wò Mawu la de se na wò be nàɖo ŋku Dzudzɔgbe la dzi.
Denn du sollst gedenken, daß du auch Knecht in Ägyptenland warst und der HERR, dein Gott, dich von dort ausgeführt hat mit einer mächtigen Hand und mit ausgerecktem Arm. Darum hat dir der HERR, dein Gott, geboten, daß du den Sabbattag halten sollst.
16 Bu fofowò kple dawò. Ɖo ŋku edzi be esiae nye Yehowa, wò Mawu la ƒe se. Ne èwɔ ɖe edzi la, ànɔ agbe didi, eye wòadze edzi na wò le anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.
Du sollst deinen Vater und deine Mutter ehren, wie dir der HERR, dein Gott, geboten hat, auf daß du lange lebest und daß dir's wohl gehe in dem Lande, das dir der HERR, dein Gott, geben wird.
17 Mègawu ame o.
Du sollst nicht töten.
18 Mègawɔ ahasi o.
Du sollst nicht ehebrechen.
19 Mègafi fi o.
Du sollst nicht stehlen.
20 Mègaɖi aʋatsoɖase le hawòvi ŋuti o.
Du sollst kein falsch Zeugnis reden wider deinen Nächsten.
21 Mègabia ŋu hawòvi ɖe srɔ̃a ta alo ɖe eƒe aƒe, anyigba, dɔlaŋutsu, dɔlanyɔnu, nyiwo, tedziwo loo, alo nu sia nu si nye etɔ la ta o.”
Laß dich nicht gelüsten deines Nächsten Weibes. Du sollst nicht begehren deines Nächsten Haus, Acker, Knecht, Magd, Ochsen, Esel noch alles, was sein ist.
22 Yehowa de se siawo na mia dometɔ ɖe sia ɖe tso dzo bibi la titina esime lilikpo la kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã Sinai to la, se mawo ko wòde na mi ɣe ma ɣi, eye megatsɔ bubu aɖeke kpee o. Eŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi hetsɔ nam.
Das sind die Worte, die der HERR redete zu eurer ganzen Gemeinde auf dem Berge, aus dem Feuer und der Wolke und dem Dunkel, mit großer Stimme, und tat nichts dazu und schrieb sie auf zwei steinerne Tafeln und gab sie mir.
23 Ke esi miese gbe sesẽ la tso viviti la me, eye miekpɔ dzo bibi dziŋɔ la le to la tame la, miaƒe toawo ƒe kplɔlawo katã va gbɔnye,
Da ihr aber die Stimme aus der Finsternis hörtet und den Berg mit Feuer brennen saht, tratet ihr zu mir, alle Obersten unter euren Stämmen und eure Ältesten,
24 eye woɖe kuku be, “Egbe la, Yehowa, míaƒe Mawu la ɖe eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye fia mí. Míese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina. Azɔ la, míenya be ame ate ŋu aƒo nu kple Mawu, eye maku o.
und spracht: Siehe, der HERR, unser Gott, hat uns lassen sehen sein Herrlichkeit und seine Majestät; und wir haben sein Stimme aus dem Feuer gehört. Heutigestages haben wir gesehen, daß Gott mit Menschen redet, und sie lebendig bleiben.
25 Ke míeka ɖe edzi be míaku ne Yehowa míaƒe Mawu gaƒo nu na mí azɔ. Dzo bibi dziŋɔ sia atsrɔ̃ mí.
Und nun, warum sollen wir sterben, daß uns dies große Feuer verzehre? Wenn wir des HERRN, unsers Gottes, Stimme weiter hören, so müssen wir sterben.
26 Ame kae ate ŋu ase Mawu gbagbe la ƒe gbe tso dzo bibi la titina abe ale si míawo míesee ene, eye wòatsi agbe?
Denn was ist alles Fleisch, daß es hören möge die Stimme des lebendigen Gottes aus dem Feuer reden wie wir, und lebendig bleibe?
27 Yi nàɖo to nya siwo katã Yehowa, míaƒe Mawu la le gbɔgblɔm, eye nàva gblɔe na mí, ekema míaɖo to, eye miawɔ ɖe wo dzi.”
Tritt nun hinzu und höre alles, was der HERR, unser Gott, sagt, und sage es uns. Alles, was der HERR, unser Gott, mit dir reden wird, das wollen wir hören und tun.
28 Yehowa lɔ̃ ɖe miaƒe biabia la dzi, eye wògblɔ nam be, “Mese nya si wò ameawo gblɔ na wò; melɔ̃ ɖe edzi.
Da aber der HERR eure Worte hörte, die ihr mit mir redetet, sprach er zu mir: Ich habe gehört die Worte dieses Volks, die sie dir geredet haben; es ist alles gut, was sie geredet haben.
29 O! Ne dzi sia tɔgbi anɔ wo me ɣe sia ɣi, eye woadi be yewoawɔ nye seawo dzi la, ekema nu sia nu anyo na wo le ŋgɔgbea, eye wòanyo na wo viwo to dzidzimeawo katã me!
Ach daß sie ein solch Herz hätten, mich zu fürchten, und zu halten alle meine Gebote ihr Leben lang, auf daß es ihnen wohl ginge und ihren Kindern ewiglich!
30 “Yi, nàgblɔ na wo be, woatrɔ ayi woƒe agbadɔwo me.
Gehe hin und sage ihnen: Gehet heim in eure Hütten.
31 Emegbe la, wò ŋutɔ nàtrɔ va, atsi tsitre ɖe axanye le afi sia, matsɔ nye seawo katã na wò, nàfia seawo ameawo ne woawɔ wo dzi le anyigba si mele wo na ge la dzi.”
Du aber sollst hier vor mir stehen, daß ich mit dir rede alle Gesetze und Gebote und Rechte, die du sie lehren sollst, daß sie darnach tun in dem Lande, das ich ihnen geben werde einzunehmen.
32 Ale Mose gblɔ na ameawo be, “Ele be miawɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe seawo dzi, miazɔ ɖe eƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe nu tututu, eye miazɔ le mɔ si wòta na mi la dzi pɛpɛpɛ.
So habt nun acht, daß ihr tut, wie euch der HERR, euer Gott, geboten hat, und weicht nicht, weder zur Rechten noch zur Linken,
33 Ne miewɔ esia la, eya ko hafi mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi.”
sondern wandelt in allen Wegen, die euch der HERR, euer Gott geboten hat, auf daß ihr leben möget und es euch wohl gehe und ihr lange lebt in dem Lande, das ihr einnehmen werdet.

< Mose 5 5 >