< Mose 5 4 >

1 “O! Israel, azɔ la, se se kple ɖoɖo siwo mele fia wò ge, lé wo me ɖe asi ale be nànɔ agbe ayi aɖaxɔ anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la le mia nam.
Hear now, O Israel, the statutes and ordinances I am teaching you to follow, so that you may live and may enter and take possession of the land that the LORD, the God of your fathers, is giving you.
2 Mègatsɔ naneke kpe se siwo mede na wò, eye mègaɖe naneke le wo me o, ke boŋ lé Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo mele mia nam la me ɖe asi.
You must not add to or subtract from what I command you, so that you may keep the commandments of the LORD your God that I am giving you.
3 Miawo ŋutɔ miekpɔ nu si Yehowa wɔ le Baal Peor kple miaƒe ŋkuwo. Yehowa, miaƒe Mawu la tsrɔ̃ ame siwo katã dze Baal Poer yome la le mia dome.
Your eyes have seen what the LORD did at Baal-peor, for the LORD your God destroyed from among you all who followed Baal of Peor.
4 Ke mi ame siwo katã ku ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti la, miegale agbe va se ɖe egbe.
But you who held fast to the LORD your God are alive to this day, every one of you.
5 “Kpɔ ɖa, mefia se kple ɖoɖo siwo Yehowa, nye Mawu de nam la mi ale be mialé wo me ɖe asi le anyigba si dzi mieyina be yewoaxɔ la dzi.
See, I have taught you statutes and ordinances just as the LORD my God has commanded me, so that you may follow them in the land that you are about to enter and possess.
6 Milé ŋku ɖe wo ŋu nyuie, elabena esiae aɖe miaƒe nunya kple nugɔmesese afia dukɔ siwo ase se siawo, eye woagblɔ be, ‘Vavãe, dukɔ xɔŋkɔ sia me tɔwo nye nunyalawo kple nugɔmeselawo.’
Observe them carefully, for this will show your wisdom and understanding in the sight of the peoples, who will hear of all these statutes and say, “Surely this great nation is a wise and understanding people.”
7 Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene?
For what nation is great enough to have a god as near to them as the LORD our God is to us whenever we call on Him?
8 Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene?
And what nation is great enough to have righteous statutes and ordinances like this entire law I set before you today?
9 Ke ɖeko miakpɔ nyuie, akpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie, ale be miagaŋlɔ nu siwo miaƒe ŋkuwo kpɔ alo ana woado le miaƒe dzi me zi ale si miele agbe o. Mifia wo mia viwo kple wo vi siwo ava ɖe wo yome.
Only be on your guard and diligently watch yourselves, so that you do not forget the things your eyes have seen, and so that they do not slip from your heart as long as you live. Teach them to your children and grandchildren.
10 “Miɖo ŋku ŋkeke si dzi mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume le Horeb to la gbɔ, esi wògblɔ nam be, ‘Ƒo ameha la nu ƒu ɖe nye ŋkume be, woase nye nyawo ale be woasrɔ̃ ale si woade bubu ŋunye zi ale si wole agbe le anyigba la dzi, eye woawo hã woafia wo viwo.’
The day you stood before the LORD your God at Horeb, the LORD said to me, “Gather the people before Me to hear My words, so that they may learn to fear Me all the days they live on the earth, and that they may teach them to their children.”
11 Mietsi tsitre ɖe to la te, dzo ƒe aɖewo do tso to la me yi keke dziŋgɔli me ke, eye lilikpo yibɔwo kple viviti tsiɖitsiɖi ƒo xlã to la.
You came near and stood at the base of the mountain, a mountain blazing with fire to the heavens, with black clouds and deep darkness.
12 Tete Yehowa ƒo nu na mi to dzo bibi la me. Miese eƒe nyawo, gake miekpɔ eya ŋutɔ o. Eƒe gbe ko mise.
And the LORD spoke to you out of the fire. You heard the sound of the words, but saw no form; there was only a voice.
13 Eɖe gbeƒã eƒe nubabla, eƒe Se Ewoawo, siwo wòde na mi be mialé wo me ɖe asi, eye woŋlɔ wo ɖe kpe kpakpa eve dzi na mi.
He declared to you His covenant, which He commanded you to follow—the Ten Commandments that He wrote on two tablets of stone.
14 Ɣe ma ɣie Yehowa gblɔ nam be mafia ɖoɖo kple se siwo me mialé ɖe asi le anyigba si miele Yɔdan tɔsisi la tsom be miaxɔ la dzi.”
At that time the LORD commanded me to teach you the statutes and ordinances you are to follow in the land that you are crossing the Jordan to possess.
15 “Miekpɔ nɔnɔme aɖeke tɔgbi gbe si gbe Yehowa ƒo nu na mi le Horeb tso dzo la me o, eya ta mikpɔ mia ɖokuiwo dzi nyuie,
So since you saw no form of any kind on the day the LORD spoke to you out of the fire at Horeb, be careful
16 ale be miadze nu vɔ̃ me, eye miawɔ legba aɖeke na mia ɖokuiwo ɖe nɔnɔme aɖeke me o; ne wowɔe wòɖi ŋutsu alo nyɔnu o,
that you do not act corruptly and make an idol for yourselves of any form or shape, whether in the likeness of a male or female,
17 alo wòɖi lã aɖe le anyigba dzi alo xevi dzodzoe aɖeke loo alo
of any beast that is on the earth or bird that flies in the air,
18 lã sue si ƒua du le anyigba alo tɔmelã o.
or of any creature that crawls on the ground or fish that is in the waters below.
19 Kpe ɖe esia ŋu la, migawu mo dzi be yewoasubɔ ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo o. Yehowa miaƒe Mawu akpɔ nublanui na dukɔ bubu siwo awɔ nu sia, gake makpɔ nublanui na miawo ya o.
When you look to the heavens and see the sun and moon and stars—all the host of heaven—do not be enticed to bow down and worship what the LORD your God has apportioned to all the nations under heaven.
20 Yehowa ɖe mi tso kluvinyenye me le Egipte be mianye yeƒe dukɔ tɔxɛ kple eya ŋutɔ ƒe domenyilawo, eye woawoe nye nu siwo mienye egbe.
Yet the LORD has taken you and brought you out of the iron furnace, out of Egypt, to be the people of His inheritance, as you are today.
21 Ke edo dɔmedzoe ɖe ŋunye ɖe miawo ta. Eka atam be nyematso Yɔdan tɔsisi la age ɖe anyigba nyui si Yehowa miaƒe Mawu tsɔ na mi abe miaƒe domenyinu ene la dzi o.
The LORD, however, was angry with me on account of you, and He swore that I would not cross the Jordan to enter the good land that the LORD your God is giving you as an inheritance.
22 Ele be maku le afi sia, le Yɔdan tɔsisi la ƒe akpa sia dzi.
For I will not be crossing the Jordan, because I must die in this land. But you shall cross over and take possession of that good land.
23 Mikpɔ nyuie be miagagblẽ nubabla si Yehowa, miaƒe Mawu wɔ kpli mi la me o! Miagblẽ nubabla sia me ne miewɔ legbawo, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la de se sesẽ ɖe nu sia nu.
Be careful that you do not forget the covenant of the LORD your God that He made with you; do not make an idol for yourselves in the form of anything He has forbidden you.
24 Yehowa miaƒe Mawu la nye dzo si fiaa nu kple Mawu si ʋãa ŋu.
For the LORD your God is a consuming fire, a jealous God.
25 “Ne mieva nɔ anyigba la dzi eteƒe didi, ne miedzi mia viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye miegblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo to legbawo wɔwɔ me, eye Yehowa miaƒe Mawu la do dɔmedzoe ɖe mia ŋu kaɖikaɖi le miaƒe nu vɔ̃wo ta la,
After you have children and grandchildren and you have been in the land a long time, if you then act corruptly and make an idol of any form—doing evil in the sight of the LORD your God and provoking Him to anger—
26 ekema dziƒo kple anyigba anye ɖasefowo be woatsrɔ̃ mi kaba le anyigba la dzi. Fifia, esusɔ vie miatso Yɔdan tɔsisi la, eye miaxɔ anyigba ma. Ke miaƒe ŋkekewo le afi ma anɔ kpuie, elabena woatsrɔ̃ mi keŋkeŋ.
I call heaven and earth as witnesses against you this day that you will quickly perish from the land that you are crossing the Jordan to possess. You will not live long upon it, but will be utterly destroyed.
27 Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye miagasɔ gbɔ o.
Then the LORD will scatter you among the peoples, and only a few of you will survive among the nations to which the LORD will drive you.
28 Le didiƒenyigbawo dzi la, miasubɔ legba siwo wowɔ kple ati kple kpe, legba siwo mekpɔa nu, sea nu, ɖua nu alo sea nu ƒe ʋeʋẽ o.
And there you will serve man-made gods of wood and stone, which cannot see or hear or eat or smell.
29 “Ke miagade asi Yehowa, miaƒe Mawu la didi me. Miakpɔe ne miedii kple miaƒe dzi kple luʋɔ blibo.
But if from there you will seek the LORD your God, you will find Him if you seek Him with all your heart and with all your soul.
30 Ne vevesese ƒe ŋkeke mawo va tu mi emegbe la, miatrɔ ava Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ mlɔeba, eye miaɖo to eƒe nyawo azɔ,
When you are in distress and all these things have happened to you, then in later days you will return to the LORD your God and listen to His voice.
31 elabena Yehowa miaƒe Mawu kpɔa nublanui na ame. Magblẽ mi ɖi o, matsrɔ̃ mi o, eye maŋlɔ ŋugbe siwo wòdo na mia fofowo la be o.”
For the LORD your God is a merciful God; He will not abandon you or destroy you or forget the covenant with your fathers, which He swore to them by oath.
32 “Mida ŋku ɖe xexea me ƒe ŋutinya me tso keke esime Mawu wɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Midii tso dziƒo ƒe akpa ɖeka yi akpa bubu ne miakpɔe ɖa be nya sia tɔgbi dzɔ kpɔ mahã.
Indeed, ask now from one end of the heavens to the other about the days that long preceded you, from the day that God created man on earth: Has anything as great as this ever happened or been reported?
33 Dukɔ blibo se Mawu ƒe gbe wòƒo nu nɛ tso dzo bibi me, abe ale si miawo miese ene, eye dukɔ la gali!
Has a people ever heard the voice of God speaking out of the fire, as you have, and lived?
34 Teƒe bubu kae miagate ŋu akpɔ ale si Mawu ɖe dukɔ aɖe tso kluvinyenye me, eye wòɖo dɔvɔ̃ dziŋɔwo ɖa, wɔ nukunu triakɔwo, eye wòhe aʋawɔwɔ kple ŋɔdzi vɛ la ƒe kpɔɖeŋu le? Nu sia tututue Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ na mi le Egipte le miawo ŋutɔ mia ŋkume.
Or has any god tried to take as his own a nation out of another nation—by trials, signs, wonders, and war, by a strong hand and an outstretched arm, and by great terrors—as the LORD your God did for you in Egypt, before your eyes?
35 Ewɔ nu siawo ale be miadze sii, be Yehowae nye Mawu, eye mawu bubu aɖeke megali abe eya ene o.
You were shown these things so that you would know that the LORD is God; there is no other besides Him.
36 Ena miese eƒe gbe wònɔ nu fiam mi tso dziƒo. Ena miekpɔ eƒe dzo bibi gã la le anyigba dzi. Miese eƒe gbe gɔ̃ hã tso dzo bibi la titina.
He let you hear His voice from heaven to discipline you, and on earth He showed you His great fire, and you heard His words out of the fire.
37 “Esi wòlɔ̃ mia tɔgbuiwo, eye wòdi be yeayra woƒe dzidzimeviwo tae eya ŋutɔ kplɔ mi tso Egipte kple eƒe ŋusẽ gã la ɖeɖe fia.
Because He loved your fathers, He chose their descendants after them and brought you out of Egypt by His presence and great power,
38 Enya dukɔ siwo sesẽ wu mi sãa la ɖa, eye wòtsɔ woƒe anyigbawo na mi abe domenyinu ene, abe ale si wòle egbe ene.
to drive out before you nations greater and mightier than you, and to bring you into their land and give it to you for your inheritance, as it is this day.
39 Esiae nye nu si ŋuti miabu egbe: Yehowae nye Mawu le dziƒo kple anyigba afi sia; le eya megbe la, Mawu bubu aɖeke megali o!
Know therefore this day and take to heart that the LORD is God in heaven above and on the earth below; there is no other.
40 Ele be miawɔ se siwo made na mi egbe la dzi, ale be nu sia nu nanyo na mi kple mia viwo, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la le mia nam la dzi tegbetegbe.”
Keep His statutes and commandments, which I am giving you today, so that you and your children after you may prosper, and that you may live long in the land that the LORD your God is giving you for all time.
41 Le esia megbe la, Mose ɖoe na Israelviwo be woatia du etɔ̃ le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo,
Then Moses set aside three cities across the Jordan to the east
42 ale be ne ame aɖe wu ame to nu maɖowɔ me la, wòate ŋu asi ayi du siawo me, eye wòanɔ dedie.
to which a manslayer could flee after killing his neighbor unintentionally without prior malice. To save one’s own life, he could flee to one of these cities:
43 Du siawo dometɔ ɖekae nye Bezer, le gbegbe la ƒe tonyigba dzi. Du sia li na Ruben ƒe viwo. Du eveliae nye, Ramot le Gilead. Eya li na Gad ƒe viwo. Du etɔ̃liae nye Golan, le Basan, eye wòli na Manase ƒe viwo.
Bezer in the wilderness on the plateau belonging to the Reubenites, Ramoth in Gilead belonging to the Gadites, or Golan in Bashan belonging to the Manassites.
44 Se siwo gbɔna la nye se siwo Mose de na Israelviwo,
This is the law that Moses set before the Israelites.
45 esi wodzo le Egipte, eye woƒu asaɖa anyi ɖe
These are the testimonies, statutes, and ordinances that Moses proclaimed to them after they had come out of Egypt,
46 Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi le Bet Peor kasa. Anyigba sia dzie Amoritɔwo nɔ tsã le woƒe Fia Sixɔn te, eye woƒe fiadu nye Hesbon. Mose kple Israelviwo tsrɔ̃ Fia Sixɔn kple eƒe amewo.
while they were in the valley across the Jordan facing Beth-peor in the land of Sihon king of the Amorites, who lived in Heshbon and was defeated by Moses and the Israelites after they had come out of Egypt.
47 Israel xɔ Fia Sixɔn kple Basan fia Ɔg ƒe anyigba. Sixɔn kple Ɔg wonye Amoritɔwo ƒe fia eveawo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.
They took possession of the land belonging to Sihon and to Og king of Bashan—the two Amorite kings across the Jordan to the east—
48 Israelviwo xɔ anyigba la katã tso Aroer si le Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi va se ɖe Sirion to (si wogayɔna be Hermon to) la gbɔ
extending from Aroer on the rim of the Arnon Valley as far as Mount Siyon (that is, Hermon),
49 kple Arabanyigba la katã, le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe yi Dzeƒu la nu, le Pisga to la te.
including all the Arabah on the east side of the Jordan and as far as the Sea of the Arabah, below the slopes of Pisgah.

< Mose 5 4 >