< Mose 5 34 >

1 Mose lia Nebo to la tso Moab tagba la le Yeriko kasa, eye wòyi Pisga to la tame. Yehowa na wòkpɔ Ŋugbedodonyigba la tso afi ma, tso Gilead va se ɖe Dan.
Y subió Moisés de los campos de Moab al monte de Nebo a la cumbre de Fasga, que está enfrente de Jericó; y mostróle Jehová toda la tierra de Galaad hasta Dan,
2 Yehowa gblɔ na Mose be, “Kpɔ Naftali, Efraim kple Manase ɖa le afii; kpɔ Yuda ɖa, ekeke tso afi mɛ yi ɖatɔ Domeƒu la.
Y a todo Neftalí, y la tierra de Efraím y de Manasés, toda la tierra de Judá hasta la mar prostrera.
3 Kpɔ Negeb kple Yɔdan ƒe balime kple Yeriko, du si me detiwo bɔ ɖo kple Zoar ɖa.
Y el mediodía, y la campaña, la vega de Jericó, ciudad de las palmas, hasta Segor.
4 “Esiae nye ŋugbedodonyigba la. Medo ŋugbe na Abraham, Isak kple Yakob be matsɔe ana woƒe dzidzimeviwo. Azɔ la, èkpɔe, gake maɖo afɔ edzi o.”
Y díjole Jehová: Esta es la tierra, de que juré a Abraham, Isaac, y Jacob, diciendo: A tu simiente la daré. Hechotela he ver con tus ojos, mas no pasarás allá.
5 Ale Mose, Yehowa ƒe dɔla la ku le Moabnyigba dzi abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene.
Y murió allí Moisés siervo de Jehová, en la tierra de Moab, conforme al dicho de Jehová.
6 Yehowa ɖii ɖe Moabnyigba dzi, le balime si dze ŋgɔ Bet Peor, gake va se ɖe egbe la, ame aɖeke menya afi si yɔdo la le o.
Y enterróle en el valle, en tierra de Moab enfrente de Bet-pehor: y ninguno supo su sepulcro hasta hoy.
7 Mose xɔ ƒe alafa ɖeka kple blaeve hafi ku, gake eƒe ŋkuwo gakpɔa nu nyuie, eye ŋusẽ nɔ eŋu.
Y era Moisés de edad de ciento y veinte años cuando murió: sus ojos nunca se oscurecieron, ni perdió su vigor.
8 Israelviwo fae ŋkeke blaetɔ̃ le Moab tagba la va se ɖe esime funyiŋkekeawo wu nu.
Y lloraron los hijos de Israel a Moisés en los campos de Moab treinta días: y cumpliéronse los días del lloro del luto de Moisés.
9 Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.
Y Josué hijo de Nun fue lleno de espíritu de sabiduría, porque Moisés había puesto sus manos sobre él: y los hijos de Israel le obedecieron, e hicieron como Jehová mandó a Moisés.
10 Ke tso ɣe ma ɣi la, nyagblɔɖila aɖeke meganɔ anyi kpɔ le Israel abe Mose ene o, elabena Yehowa ƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume,
Y nunca más se levantó profeta en Israel como Moisés, aquien haya conocido Jehová cara a cara,
11 eye wòwɔ dzesi kple nukunu siwo katã Yehowa ɖoe ɖa be wòawɔ le Egiptenyigba dzi na Farao, na eƒe subɔlawo katã kple dukɔ blibo la,
En todas las señales y los milagros que le envió Jehová a hacer en tierra de Egipto a Faraón, y a todos sus siervos, y a toda su tierra,
12 elabena ame aɖeke meɖe ŋusẽ triakɔ sia fia alo wɔ nu dziŋɔ siwo Mose wɔ le Israel blibo la ŋkume kpɔ o.
Y en toda la mano fuerte, y en todo el espanto grande, que hizo Moisés a ojos de todo Israel.

< Mose 5 34 >