< Mose 5 32 >

1 Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba! Miɖo to nye nyawo!
Give ear, you heavens, and I will speak. Let the earth hear the words of my mouth.
2 Nye nyawo adza ɖe mia dzi abe tsi kple zãmu ene, abe tsidzadza ɖe gbe bɔbɔe dzi ene, abe gbafie le togbɛwo ŋu ene.
My doctrine shall drop as the rain. My speech shall condense as the dew, as the small rain on the tender grass, as the showers on the herb.
3 Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye ŋutikɔkɔe gã ŋutɔ le eŋu!
For I will proclaim the name of YHWH. Ascribe greatness to our God.
4 Eyae nye Agakpe la. Eƒe dɔ de blibo eƒe wɔnawo katã nyo, eye wodze. Mawu wɔa nuteƒe, eye vɔ̃ mele eŋu o.
The Rock, his work is perfect, for all his ways are justice: a God of faithfulness and without iniquity, just and right is he.
5 Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae. Meganye Mawu tɔ o. Ezu dukɔ kɔlialiatɔ kple dzidzime gɔglɔ̃.
They have dealt corruptly with him. They are not his children, because of their defect. They are a perverse and crooked generation.
6 Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua? O! Dukɔ si me abunɛtɔwo le. Ɖe menye Mawue nye fofowò oa? Menye eyae wɔ wò oa? Ɖe meɖo gɔwòme anyi, hena ŋusẽ wò oa?
Do you thus requite YHWH, foolish people and unwise? Isn't he your father who has bought you? He has made you, and established you.
7 Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi! Bia fofowòwo kple amegãxoxowo, woagblɔ nya sia nya na wò.
Remember the days of old. Consider the years of many generations. Ask your father, and he will show you; your elders, and they will tell you.
8 Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome ena mawudɔla ɖeka dukɔ ɖe sia ɖe be wòanye dzikpɔla nɛ.
When the Most High gave to the nations their inheritance, when he divided humankind, he set the bounds of the peoples according to the number of the sons of God.
9 Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o, elabena Israel nye Yehowa ŋutɔ tɔ!
For YHWH's portion is his people. Jacob is the lot of his inheritance.
10 Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo afi si gbemelãwo le xɔxlɔ̃m le eɖee tso lã wɔadãwo ƒe asi me abe eƒe ŋkuviwoe wònye ene.
He found him in a desert land, in the waste howling wilderness. He surrounded him. He cared for him. He kept him as the apple of his eye.
11 Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi abe ale si hɔ̃ wɔna na viawo, kɔa wo ɖe eƒe aʋalã dzi, abe ale si Yehowa wɔna na viawo ene!
As an eagle that stirs up her nest, that flutters over her young, he spread abroad his wings, he took them, he bore them on his feathers.
12 Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm mawu bubu aɖeke mekpe ɖe eŋu o.
YHWH alone led him. There was no foreign god with him.
13 Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ kpe ɖe anyigba sɔsɔe nyonuku ŋu ena anyitsii tso agakpe me amii tso kpenyigba me!
He made him ride on the high places of the earth. He ate the increase of the field. He caused him to suck honey out of the rock, oil out of the flinty rock;
14 Ena notsi kple lãe agbotsuwo kple gbɔ̃ damiwo Basantɔwo ƒe agbotsuwo kple gbɔ̃wo, Ena bli doku nyuitɔe Ena wòno wain nyuitɔ.
Butter of the herd, and milk of the flock, with fat of lambs, rams of the breed of Bashan, and goats, with the finest of the wheat. Of the blood of the grape you drank wine.
15 Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo, ɛ̃, ekpɔ lãme, da ami heklã. Tete wògbe nu le eƒe Mawu la gbɔ eɖe asi le eƒe xɔxɔ ƒe Agakpe la ŋu.
But Jacob ate his fill. Jeshurun grew fat, and kicked. You have grown fat. You have grown thick. You have become sleek. Then he forsook God who made him, and lightly esteemed the Rock of his salvation.
16 Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta; eʋã ŋu ɖe eƒe dukɔ ta.
They moved him to jealousy with strange gods. They provoked him to anger with abominations.
17 Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o mawu siwo womesubɔ kpɔ o, mawu siwo meli tsã o mawu siwo medzi ŋɔ na mia fofowo o.
They sacrificed to demons, not God, to gods that they did not know, to new gods that came up recently, which your fathers did not dread.
18 Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu ŋlɔ be be Mawue wɔ ye.
the Rock who fathered you, you are unmindful, and have forgotten God who gave you birth.
19 Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le; elé fu Israel ŋutɔŋutɔ. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo do vloe.
YHWH saw and abhorred, because of the provocation of his sons and his daughters.
20 Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi nàkpɔ nu si adzɔ ɖe dziwò ɖa; ènye dzidzime si liaa kɔ Mawudzixɔse mele mewò o.
He said, "I will hide my face from them. I will see what their end shall be; for they are a very perverse generation, children in whom is no faithfulness.
21 Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ, legba siwo menye mawuwo kura o. Nye hã mana woaʋã ŋu dukɔ si menye dukɔ o la. Mana miado dɔmedzoe ɖe dukɔ si mesea nu gɔme o la ŋu.
They have moved me to jealousy with that which is not God. They have provoked me to anger with their vanities. I will move them to jealousy with those who are not a people. I will provoke them to anger with a foolish nation.
22 Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe si bina dea anyigba ƒe tume ke. Ebia anyigba kple eƒe nukuwo katã, eye wòtɔa dzo towo. (Sheol h7585)
For a fire is kindled in my anger, and burns to the lowest Sheol, and devours the earth with its increase, and sets the foundations of the mountains on fire. (Sheol h7585)
23 “Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi matee kple nye aŋutrɔ aƒu anyi.
"I will heap evils on them. I will spend my arrows on them.
24 Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔ nana agbe navɔ le eŋu. Matsrɔ̃e! Madɔ lã wɔadãwo ɖa, woavuvui kple aɖu. Madɔ da aɖivɔ̃ siwo tana la ɖe wo dome kple aɖi siamewo.
They shall be wasted with hunger, and devoured with burning heat and bitter destruction. I will send the teeth of animals on them, With the poison of crawling creatures of the dust.
25 Futɔwo ƒe yiwo le dua godo, eye ŋɔdzi alé ame le xɔ me. Adzi ŋɔ na ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, na vi nonowo kple amegãɖeɖiwo.
Outside the sword shall bereave, and in the rooms, terror; on both young man and virgin, The nursing infant with the gray-haired man.
26 Maka eƒe amewo ahlẽ ale be ame aɖeke magaɖo ŋku wo dzi gɔ̃ hã o.
I said, I want to cut them to pieces. I will remove the memory of them from men;
27 Ke mebu eŋu hekpɔ be, Nye futɔwo aƒo adegbe be, ‘Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe ɖu Israel dzi; Menye Yehowae wɔ esia o!’”
were it not that I feared the provocation of the enemy, lest their adversaries should judge wrongly, lest they should say, 'Our hand is exalted, YHWH has not done all this.'"
28 Israel nye abunɛdukɔ aɖe bometsitsi ɖe nunya le tagbɔ nɛ.
For they are a nation void of counsel. There is no understanding in them.
29 O! Nunyalawo woanye hafi anye ne woase nu gɔme; anye ne woanya nu tso nu si me woɖo tae la ŋu!
Oh that they were wise, that they understood this, that they would consider their latter end.
30 Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?
How could one chase a thousand, and two put ten thousand to flight, unless their Rock had sold them, and YHWH had delivered them up?
31 Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe mele abe míaƒe Agakpe la ene o; gbedodoɖa na woƒe mawuwo nye nu dzodzro ko!
For their rock is not as our Rock, even our enemies themselves being judges.
32 Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo eye Gomora gblewo me wotso. Woƒe waintsetse nye aɖi, eye wo me tsi vena.
For their vine is of the vine of Sodom, of the fields of Gomorrah. Their grapes are grapes of gall, Their clusters are bitter.
33 Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwo kple ƒli ƒe veve.
Their wine is the poison of serpents, The cruel venom of asps.
34 Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ; metre enu abe kpe xɔasiwo ene ɖe nye nudzraɖoƒe.
"Isn't this laid up in store with me, sealed up among my treasures?
35 Tɔnyee nye hlɔ̃biabia. Ɣeyiɣi hena nye tohehe eƒe futɔwo ɖo woƒe afɔwo ada; elabena woƒe tsɔtsrɔ̃ɣi ɖo!
Vengeance is mine, I will repay, at the time when their foot slides; for the day of their calamity is near, and the things to come hasten upon them."
36 Yehowa axɔ na eƒe dukɔ, ne ekpɔ be ŋusẽ vɔ le eŋu. Ave ame siwo subɔnɛ la nu ne ekpɔ be wɔna mele wo ŋu o.
For YHWH will judge his people, and have compassion on his servants, when he sees that their strength is gone and there is none remaining, confined or set free.
37 Ekema Mawu abia be, Afi ka woƒe mawuwo le? Agakpe siwo wobu abe sitsoƒe ene ɖe?
And he will say, "Where are their gods, the rock in which they took refuge?
38 Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na kple lãmi kple wain le azɔ? Mina mawu siawo natsi tsitre, axɔ na wo!
Who ate the fat of their sacrifices and drank the wine of their drink offering? Let them rise up and help you. Let them be your protection.
39 Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa? Mewua ame, eye menaa agbe ame. Medea abi ame ŋu, eye mewua abi. Ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre Ɖe nu si mewɔ la ŋu o.
"See now that I, even I, am he, and there is no god besides me. I kill, and I make alive. I wound, and I heal; and there is no one who can deliver out of my hand.
40 Zi ale si wònye nyee Nye Mawu gbagbe la la, Mekɔ asi dzi, ɖe adzɔgbe
For I lift up my hand to heaven, and say, 'As I live forever,
41 be manyre nye yi dadzo la, Makpɔ be dzɔdzɔenyenye xɔ aƒe. Mabia hlɔ̃ nye futɔwo ahe to na ame siwo lé fum.
if I sharpen my flashing sword and my hand takes hold on judgment; I will render vengeance to my adversaries, and will recompense those who hate me.
42 Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu nye yi awu ame siwo katã tso ɖe ŋunye. Nyemakpɔ nublanui na ame siwo wɔa aʋa kplim o; abixɔlawo kple gamenɔlawo gɔ̃ hã aku.
I will make my arrows drunk with blood. My sword shall devour flesh with the blood of the slain and the captives, from the head of the leaders of the enemy.'"
43 Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo, ehea to na eƒe amewo wulawo; ebiaa hlɔ̃ eƒe futɔwo etsɔa nu vɔ̃ kea eƒe amewo.
Rejoice, O heavens, with him, and let all the angels of God worship him. Rejoice, O nations, with his people, and let all the children of God strengthen themselves in him. For he will avenge the blood of his children, and he will render vengeance to his enemies, and he will recompense them that hate him, and he atones for the land of his people.
44 Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo.
Moses came and spoke all the words of this song in the ears of the people, he and Joshua the son of Nun.
45 Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la,
Moses made an end of speaking all these words to all Israel;
46 egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo.
He said to them, "Set your heart to all the words which I testify to you this day, which you shall command your children to observe to do, all the words of this law.
47 Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.”
For it is no vain thing for you; because it is your life, and through this thing you shall prolong your days in the land, where you go over the Jordan to possess it."
48 Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be,
YHWH spoke to Moses that same day, saying,
49 “Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa.
"Go up into this mountain of Abarim, to Mount Nebo, which is in the land of Moab, that is over against Jericho; and see the land of Canaan, which I give to the children of Israel for a possession;
50 Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene,
and die on the mountain where you go up, and be gathered to your people, as Aaron your brother died on Mount Hor, and was gathered to his people:
51 esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta.
because you trespassed against me in the midst of the children of Israel at the waters of Meribah of Kadesh, in the wilderness of Zin; because you did not sanctify me in the midst of the children of Israel.
52 Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.”
For you shall see the land before you; but you shall not go there into the land which I give the children of Israel."

< Mose 5 32 >