< Mose 5 3 >

1 Azɔ míetrɔ ɖo ta Ɔg, Basan fia ƒe anyigba dzi. Ɔg ƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu enumake eye wokpe aʋa kpli mí le Edrei.
We set off and went up the road towards Bashan. Og, king of Bashan, and his whole army came out to fight us at Edrei.
2 Ke Yehowa gblɔ nam be, “Mègavɔ̃e o, elabena matsɔ eya ŋutɔ kple eƒe aʋakɔ blibo la kpakple eƒe anyigba blibo la ade asi na wò; eye nawɔe abe ale si nèwɔ Fia Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, le Hesbon ene.”
But the Lord told me, “Don't be afraid of him, for I have handed him over to you, together with all his people and his land. Deal with him as you did with Sihon, king of the Amorites, who ruled in Heshbon.”
3 Ale Yehowa miaƒe Mawu tsɔ Ɔg, Basan fia hã kple eƒe dukɔ blibo la de asi na mi, eye míewu wo katã, ale be ame aɖeke metsi agbe ahayi sisi ge o.
So the Lord our God handed over to us Og, king of Bashan, and his whole army as well. We killed them and left no survivors.
4 Míexɔ eƒe du blaadeawo katã kple Basan ƒe to si woyɔna be Argob.
We also captured all his towns. There wasn't a single town among all the sixty that we didn't capture. This included the whole region of Argob, the kingdom of Og in Bashan.
5 Woɖo gli kɔkɔwo ƒo xlã du siawo, eye wode gakpogbowo wo nu. Míexɔ du siwo katã womeɖo gli ƒo xlãe o la hã.
All of these towns were fortified with high walls and gates with bars. There were many more villages as well, those that didn't have walls.
6 Míetsrɔ̃ Basan fiaɖuƒe la keŋkeŋ abe ale si míetsrɔ̃ Fia Sixɔn ƒe fiaɖuƒe le Hesbon ene, eye míewu ameawo katã, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa.
We set them apart for destruction, just as we did to Sihon, king of Heshbon, killing all the men, women, and children of every city.
7 Ke mieha woƒe nyiwo kple afunyinuwo na mía ɖokuiwo.
But we took for ourselves all the livestock and plunder from the towns.
8 Azɔ la, Amoritɔwo ƒe fia eveawo ƒe anyigba si le Yɔdan tɔsisi la ƒe go kemɛ dzi la zu mía tɔ. Anyigba sia tso Arnon ƒe balime yi Hermon to la gbɔ.
So in summary, at that time we took from the two Amorite kings the land east of the Jordan, from the Arnon Valley all the way to Mount Hermon.
9 (Sidontɔwo yɔa Hermon to la be Sirion le esime Amoritɔwo yɔe be Senir.)
(Mount Hermon is called Sirion by the Sidonians and Senir by the Amorites.)
10 Míexɔ du siwo katã le tonyigba la dzi kple esiwo le Gilead kple Basan azɔ va se ɖe keke Saleka kple Edrei.
The area included all the towns of the plain, all of Gilead, and all of Bashan, up to and including the towns of Salecah and Edrei in the kingdom of Og.
11 (Ɔg, Basan fiae nye ame dzɔtsu, Refaimtɔwo ƒe mamlɛtɔ. Wotsɔ eƒe gabati dzra ɖo ɖe nuwo dzraɖoƒe le Raba, si nye Amonitɔwo ƒe duwo dometɔ ɖeka me. Gabati sia didi afɔ wuietɔ̃ kple afã, eye wòkeke afɔ ade.)
(Only Og, king of Bashan, was left of the race of the Rephaim. He had a bed made of iron that was nine cubits long and four cubits wide. It's still in the Ammonite town of Rabbah.)
12 Míetsɔ anyigba si míexɔ la na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe to afã la ƒe viwo. Metsɔ anyiehenyigba si tso Areor le Arnon tɔsisi la gbɔ kple Gilead to la ƒe afã kple eƒe duwo na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo.
This is when we took over the land. I assigned to the tribes of Reuben and Gad the land to the north of the town of Aroer in the Arnon Valley, and half the hill country of Gilead, together with its towns.
13 Manase ƒe viwo xɔ Gilead ƒe akpa mamlɛtɔ kple teƒe si Fia Ɔg ƒe fiaɖuƒe nɔ le Argob nuto me. Woyɔa Basan ɣe aɖewo ɣi be, “Refaim ƒe Anyigba.”
I assigned to the half-tribe of Manasseh the rest of Gilead, and all of Bashan, the kingdom of Og. (The whole region of Argob, all the territory of Bashan, was formerly called the land of the Rephaim.)
14 Manase ƒe hlɔ̃ si woyɔna be Yair la xɔ Argob nuto me blibo la, si nye Basan va se ɖe Gesuritɔwo kple Makatitɔwo ƒe liƒowo dzi. Wotsɔ woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔ na anyigba la be Havɔt Yair si gɔmee nye “Yair ƒe Kɔƒewo” abe ale si wogayɔa wo egbegbe ene.
Jair, a descendant of Manasseh, took over the whole region of Argob right up to the border of the Geshurites and Maacathites and changed the name of Bashan to Havvoth-jair after himself, which is still its name to this day.
15 Metsɔ Gilead na Makir ƒe hlɔ̃.
I assigned the rest of Gilead to the descendants of Machir,
16 Ruben kple Gad ƒe towo xɔ anyigba tso Yabok tɔsisi la ŋu le Gilead, afi si Amonitɔwo ƒe anyigba dze egɔme tso va se ɖe Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe titina.
while I assigned to the tribes of Reuben and Gad the area from Gilead to the Arnon Valley, the boundary line being the middle of the valley, all the way to the Jabbok River on the Ammonite border.
17 Woxɔ Araba gbegbe si Yɔdan tɔsisi la do liƒo na le ɣetoɖoƒe, tso Kineret va se ɖe Pisga kple Dzeƒu la, si wogayɔna be Araba ƒu la ŋu.
The Jordan River in the Arabah bordered it to the west, from the Sea of Galilee to the Sea of the Arabah (the Dead Sea). On the east lay the slopes of the Pisgah mountain range.
18 Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ.
This was when I gave you these instructions: “The Lord your God has given you this country as yours to own. All your warriors are to cross over, ready for battle, leading your fellow Israelites.
19 Ke mia srɔ̃wo kple mia viwo ya ate ŋu anɔ afi sia le du siwo metsɔ na mi la me; woanɔ miaƒe nyiwo dzi kpɔm
However, your wives, your children, and your livestock (I know that you have plenty of livestock) can stay behind in the towns I have given you,
20 va se ɖe esime miatrɔ agbɔ, eye mana to bubuawo hã naɖu woƒe futɔwo dzi. Ne woxɔ anyigba si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ na wo le Yɔdan tɔsisi la godo la, ekema miate ŋu atrɔ va afi sia, si nye miawo ŋutɔ ƒe anyigba la dzi.”
until the Lord gives victory to your fellow Israelites and they have peace, just as he has for you, after taking over the land that the Lord your God is giving them on the other side of the Jordan. Then you can all return to the land I have given you to own.”
21 Megblɔ na Yosua be, “Wò ŋutɔ èkpɔ nu si Yehowa miaƒe Mawu wɔ fia eve mawo. Miwɔ nu ma tɔgbi ke fiaɖuƒe siwo le Yɔdan tɔsisi la godo.
This was the time I ordered Joshua: “You've seen with your own eyes seen everything the Lord your God did to these two kings. The Lord will do the same to all the kingdoms where you're going.
22 Mègavɔ̃ dukɔ siwo le afi ma la o, elabena Yehowa, wò Mawu la awɔ aʋa na wò.”
Don't be afraid of them, for the Lord your God himself will be fighting on your side.”
23 Meƒo koko sia na Yehowa le ɣe ma ɣi be,
This was also the time I pleaded with the Lord, saying,
24 “Aƒetɔ Yehowa, wò ŋutɔ ède asi wò gãnyenye kple wò abɔ sesẽ la ɖeɖe fia wò subɔla me xoxo, elabena Mawu kae le dziƒo alo anyigba dzi si ate ŋu awɔ wò nuwɔna siawo tɔgbi?
“Lord God, you've really only just begun to show your power and greatness to me, your servant. What god in heaven or on earth has the incredible ability to do the mighty acts you do?
25 Meɖe kuku na wò, na made anyigba nyui si le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi dzro, be makpɔ to nyui ma kple Lebanon.”
Please, let me cross over the Jordan and see the good land there, the beautiful hills, and the mountains of Lebanon!”
26 Ke Yehowa do dɔmedzoe ɖe ŋunye le miawo ta, eye meɖe mɔ nam be matso tɔsisi la o. Eɖe gbe nam be, “Esɔ gbɔ, mègaƒo nu tso nya sia ŋu azɔ o,
But the Lord was angry with me because of you, and he refused to listen to me. “That's enough,” he told me. “Don't talk to me about this anymore.
27 ke boŋ yi Pisga to la tame, afi si nàte ŋu ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; àkpɔ anyigba la le didiƒe tso afi ma. Ke màtso Yɔdan tɔsisi la o.
Climb up to the top of Mount and look west, north, south, and east. Take a long look at the land with your own eyes, because you're not going to cross this Jordan.
28 Na Yosua naxɔ ɖe tewòƒe. De dzi ƒo nɛ, elabena eyae akplɔ ameawo atso tɔsisi la be woaxɔ anyigba si nàkpɔ tso to la tame.”
Instead, put Joshua in charge because he's the one who will cross over, leading the people and helping them to take over the land that you see. Encourage him and support him.”
29 Míetsi bali la me le Bet Peor kasa.
So we remained there in the valley near Beth-peor.

< Mose 5 3 >