< Mose 5 29 >

1 Mose gbugbɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israelviwo le Horeb to la dzi la gblɔ le Moab gbedzi.
אלה דברי הברית אשר צוה יהוה את משה לכרת את בני ישראל--בארץ מואב מלבד הברית אשר כרת אתם בחרב
2 Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte.
ויקרא משה אל כל ישראל ויאמר אלהם אתם ראיתם את כל אשר עשה יהוה לעיניכם בארץ מצרים לפרעה ולכל עבדיו ולכל ארצו
3 Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo,
המסות הגדלת אשר ראו עיניך--האתת והמפתים הגדלים ההם
4 gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o!
ולא נתן יהוה לכם לב לדעת ועינים לראות ואזנים לשמע עד היום הזה
5 Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o!
ואולך אתכם ארבעים שנה במדבר לא בלו שלמתיכם מעליכם ונעלך לא בלתה מעל רגלך
6 Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm.
לחם לא אכלתם ויין ושכר לא שתיתם--למען תדעו כי אני יהוה אלהיכם
7 Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi;
ותבאו אל המקום הזה ויצא סיחן מלך חשבון ועוג מלך הבשן לקראתנו למלחמה--ונכם
8 míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene,
ונקח את ארצם ונתנה לנחלה לראובני ולגדי--ולחצי שבט המנשי
9 eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi.
ושמרתם את דברי הברית הזאת ועשיתם אתם--למען תשכילו את כל אשר תעשון
10 Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã,
אתם נצבים היום כלכם לפני יהוה אלהיכם ראשיכם שבטיכם זקניכם ושטריכם כל איש ישראל
11 vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea.
טפכם נשיכם--וגרך אשר בקרב מחניך מחטב עציך עד שאב מימיך
12 Miele tsitre ɖe afi sia be miawɔ nubabla kple Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miage ɖe nubabla si wòle wɔwɔm kpli mi egbe la me.
לעברך בברית יהוה אלהיך--ובאלתו אשר יהוה אלהיך כרת עמך היום
13 Edi be yeali ke mi egbe abe yeƒe dukɔ ene, eye yeaka ɖe edzi na mi be yee nye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbee na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob ene.
למען הקים אתך היום לו לעם והוא יהיה לך לאלהים--כאשר דבר לך וכאשר נשבע לאבתיך לאברהם ליצחק וליעקב
14 Mele nubabla sia wɔm kpli mi, ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbe la ɖeɖe ko o,
ולא אתכם לבדכם--אנכי כרת את הברית הזאת ואת האלה הזאת
15 ke boŋ ele ewɔm kple Israel ƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ hã.
כי את אשר ישנו פה עמנו עמד היום לפני יהוה אלהינו ואת אשר איננו פה עמנו היום
16 Eme kɔ ƒãa be, mieɖo ŋku ale si mienɔ Egiptenyigba dzi, ale si miedzoe kple ale si mieto futɔwo ƒe anyigba dzi la dzi.
כי אתם ידעתם את אשר ישבנו בארץ מצרים ואת אשר עברנו בקרב הגוים אשר עברתם
17 Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika.
ותראו את שקוציהם ואת גלליהם--עץ ואבן כסף וזהב אשר עמהם
18 Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene.
פן יש בכם איש או אשה או משפחה או שבט אשר לבבו פנה היום מעם יהוה אלהינו ללכת לעבד את אלהי הגוים ההם פן יש בכם שרש פרה ראש--ולענה
19 Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi.
והיה בשמעו את דברי האלה הזאת והתברך בלבבו לאמר שלום יהיה לי--כי בשררות לבי אלך למען ספות הרוה את הצמאה
20 Yehowa makpɔ nublanui na ame o! Eƒe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã abi dzo ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la adze ame ma dzi, aɖi eŋu, eye Yehowa atutu eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te.
לא יאבה יהוה סלח לו--כי אז יעשן אף יהוה וקנאתו באיש ההוא ורבצה בו כל האלה הכתובה בספר הזה ומחה יהוה את שמו מתחת השמים
21 Yehowa aɖe ame ma ɖe vovo tso Israelviwo ƒe towo katã gbɔ, eye wòakɔ Segbalẽ sia me fiƒode ɖe ame siwo katã mazɔ ɖe nubabla sia nu o la dzi.
והבדילו יהוה לרעה מכל שבטי ישראל--ככל אלות הברית הכתובה בספר התורה הזה
22 Ekema mia viwo kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ kple amedzro siwo atso didiƒewo la akpɔ ale si Yehowa ana anyigba la maganyo nukuwo o kple dɔléle siwo wòaɖo ɖe anyigba la dzi.
ואמר הדור האחרון בניכם אשר יקומו מאחריכם והנכרי אשר יבא מארץ רחוקה וראו את מכות הארץ ההוא ואת תחלאיה אשר חלה יהוה בה
23 Woakpɔe be anyigba blibo la trɔ zu aŋɔ kple dze kple anyigba fiafia si dzi nuku mele o, eye ati aɖeke memie ɖe edzi hã o, abe Sodom kple Gomora kple Adma kple Zeboyim, du siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dɔmedzoe me ene.
גפרית ומלח שרפה כל ארצה--לא תזרע ולא תצמח ולא יעלה בה כל עשב כמהפכת סדם ועמרה אדמה וצביים אשר הפך יהוה באפו ובחמתו
24 Amewo abia be, “Nu ka ta Yehowa wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka ta wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe ɖo?”
ואמרו כל הגוים על מה עשה יהוה ככה לארץ הזאת מה חרי האף הגדול הזה
25 Woagblɔ na wo be, “Elabena anyigba la dzi tɔwo gbe nubabla si Yehowa, woƒe tɔgbuiwo ƒe Mawu la wɔ kpli wo esi wòkplɔ wo dzoe le Egipte la dzi wɔwɔ,
ואמרו--על אשר עזבו את ברית יהוה אלהי אבתם אשר כרת עמם בהוציאו אתם מארץ מצרים
26 elabena wosubɔ mawu bubuwo, eye nuwɔna sia tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se la ŋu.
וילכו ויעבדו אלהים אחרים וישתחוו להם אלהים אשר לא ידעום ולא חלק להם
27 Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe anyigba sia ŋu sesĩe nenema, ale eƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ɖi wo ŋu.
ויחר אף יהוה בארץ ההוא להביא עליה את כל הקללה הכתובה בספר הזה
28 Yehowa ɖe wo ɖa kple dɔmedzoe tso woƒe anyigba dzi, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.”
ויתשם יהוה מעל אדמתם באף ובחמה ובקצף גדול וישלכם אל ארץ אחרת כיום הזה
29 Nu ɣaɣlawo nye Yehowa, mía Mawu tɔ; ke nu siwo wòɖe fia mí la nye míawo kple mía viwo tɔ tegbee, ale be míawɔ se sia me nyawo katã dzi.
הנסתרת--ליהוה אלהינו והנגלת לנו ולבנינו עד עולם--לעשות את כל דברי התורה הזאת

< Mose 5 29 >