< Mose 5 28 >

1 “Ne èwɔ Yehowa, wò Mawu la ƒe se siwo katã mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ la, awɔ wò nàzu dukɔ gãtɔ le xexea me,
“Now if you faithfully obey the voice of the LORD your God and are careful to follow all His commandments I am giving you today, the LORD your God will set you high above all the nations of the earth.
2 eye yayra siawo katã agbã go ɖe dziwò ne àɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe.
And all these blessings will come upon you and overtake you, if you will obey the voice of the LORD your God:
3 Woayra wò le du me kple agble me siaa.
You will be blessed in the city and blessed in the country.
4 Woayra wò alimeviwo, eye wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, wò nyiwo kple wò alẽwo siaa adzi ɖe edzi.
The fruit of your womb will be blessed, as well as the produce of your land and the offspring of your livestock— the calves of your herds and the lambs of your flocks.
5 Woayra wò kusi kple wò amɔze.
Your basket and kneading bowl will be blessed.
6 Woayra wò ne èva aƒe me kple ne èdo go.
You will be blessed when you come in and blessed when you go out.
7 “Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò!
The LORD will cause the enemies who rise up against you to be defeated before you. They will march out against you in one direction but flee from you in seven.
8 Yehowa ayra wò kple nuku nyuiwo kple nyi siwo ƒe lãme nyo. Ana nàkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le nawòm la dzi.
The LORD will decree a blessing on your barns and on everything to which you put your hand; the LORD your God will bless you in the land He is giving you.
9 “Yehowa wò Mawu atrɔ wò nàzu dukɔ kɔkɔe na eɖokui abe ale si wòdo ŋugbe be yeawɔ ne ànya wɔ ɖe yeƒe sewo dzi, eye nàzɔ le yeƒe mɔwo dzi la ko ene.
The LORD will establish you as His holy people, just as He has sworn to you, if you keep the commandments of the LORD your God and walk in His ways.
10 Dukɔwo katã le xexea me adze sii be Yehowa tɔ nènye, eye woƒe nu aku.
Then all the peoples of the earth will see that you are called by the name of the LORD, and they will stand in awe of you.
11 “Yehowa ana nu nyuiwo wò le anyigba la dzi ale be viwòwo, wò lãwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu abe ale si wòdo ŋugbe ene.
The LORD will make you prosper abundantly—in the fruit of your womb, the offspring of your livestock, and the produce of your land—in the land that the LORD swore to your fathers to give you.
12 Yehowa aʋu dziƒo nu, tsi adza na wò, eye wòana agblemenukuwo wò ɣe sia ɣi. Ayra nu sia nu si nàwɔ; àdo nugbana na dukɔ geɖewo, gake wò ŋutɔ ya màdo nugbana le wo si o.
The LORD will open the heavens, His abundant storehouse, to send rain on your land in season and to bless all the work of your hands. You will lend to many nations, but borrow from none.
13 Ne mianya ɖo to, eye miawɔ Yehowa miaƒe Mawu ƒe se siwo mele dedem na mi egbea dzi ko la, Yehowa awɔ wò nàzu ta, eye mànye asike o; àɖu dzi le nu sia nu me ɣe sia ɣi.
The LORD will make you the head and not the tail; you will only move upward and never downward, if you hear and carefully follow the commandments of the LORD your God, which I am giving you today.
14 Ke yayra siawo dometɔ ɖe sia ɖe ku ɖe ale si màɖe asi le se siwo mede na wò la dzi wɔwɔ ŋu le mɔ aɖeke nu o la ŋu. Gawu la, mèkpɔ mɔ asubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o.”
Do not turn aside to the right or to the left from any of the words I command you today, and do not go after other gods to serve them.
15 “Ne màɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o, eye màwɔ ɖe eƒe se kple ɖoɖo siwo mexlẽ na wò egbea dzi o la, Mawu ƒe fiƒode siawo katã ava dziwò, eye woaɖi ŋuwò.
If, however, you do not obey the LORD your God by carefully following all His commandments and statutes I am giving you today, all these curses will come upon you and overtake you:
16 Ne èle du me la, aɖi ŋuwò eye ne èle agble hã, aɖi ŋuwò.
You will be cursed in the city and cursed in the country.
17 Aɖi wò kusi kple wò amɔze hã ŋu.
Your basket and kneading bowl will be cursed.
18 Aɖi wò alimeviwo, wò agblemenukuwo, wò nyiwo kple wò alẽwo hã ŋu.
The fruit of your womb will be cursed, as well as the produce of your land, the calves of your herds, and the lambs of your flocks.
19 Ne èva aƒe me la, aɖi ŋuwò, ne èdo go hã aɖi ŋuwò.
You will be cursed when you come in and cursed when you go out.
20 “Yehowa ŋutɔ aƒo fi ade wò; àtɔtɔ, eye màkpɔ dzidzedze le nu sia nu si nàwɔ la me o va se ɖe esime wò ŋutɔ nàtsrɔ̃ mlɔeba le ale si nègblẽ Mawu ɖi la ta.
The LORD will send curses upon you, confusion and reproof in all to which you put your hand, until you are destroyed and quickly perish because of the wickedness you have committed in forsaking Him.
21 Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ ade dowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ le anyigba si dzi yim nèle la ƒe ŋkume.
The LORD will make the plague cling to you until He has exterminated you from the land that you are entering to possess.
22 Yehowa akplɔ kpedɔ, ŋudza, lãmedɔ bubuwo, dɔvɔ̃ kple aʋawɔwɔ ade dowòme. Ana wò agblemenukuwo nayrɔ, eye woadzi ŋɔviwo. Dzɔgbevɔ̃e siawo katã adze yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃, eye nuwò nayi.
The LORD will strike you with wasting disease, with fever and inflammation, with scorching heat and drought, and with blight and mildew; these will pursue you until you perish.
23 “Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò.
The sky over your head will be bronze, and the earth beneath you iron.
24 Anyigba la aƒu abe ʋuʋudedi ene le kuɖiɖi ta, eye ahom atu, eye kekuiwo atsrɔ̃ wò.
The LORD will turn the rain of your land into dust and powder; it will descend on you from the sky until you are destroyed.
25 “Yehowa ana wò futɔwo naɖu dziwò. Wò aʋakɔ aƒo ƒu azɔ ayi aʋa, ke atɔtɔ, aka ahlẽ le futɔwo ŋkume, eye nàtsa tsaglalã le anyigbadzidukɔwo dome.
The LORD will cause you to be defeated before your enemies. You will march out against them in one direction but flee from them in seven. You will be an object of horror to all the kingdoms of the earth.
26 Wò ame kukuwo azu nuɖuɖu na xewo kple gbemelãwo, eye ame aɖeke manɔ anyi anya wo ɖa o.
Your corpses will be food for all the birds of the air and beasts of the earth, with no one to scare them away.
27 “Yehowa, wò Mawu la aɖo Egiptetɔwo ƒe ƒoƒoe, anyi kple akpa ɖe dowòme, eye atike manɔ anyi na wo dometɔ aɖeke o.
The LORD will afflict you with the boils of Egypt, with tumors and scabs and itch from which you cannot be cured.
28 Ana tsukuku, ŋkuagbã, vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya nadze dziwò;
The LORD will afflict you with madness, blindness, and confusion of mind,
29 àtsa asi le ŋdɔkutsu dzatsi nu abe ale si ŋkuagbãtɔ tsaa asi le viviti me ene tututu. Nu siwo katã nàwɔ la dometɔ aɖeke madze edzi na wò o. Woate wò ɖe to; woada adzo wò enuenu, eye naneke maɖe wò o.
and at noon you will grope about like a blind man in the darkness. You will not prosper in your ways. Day after day you will be oppressed and plundered, with no one to save you.
30 “Ŋutsu bubu sãa aɖe nyɔnu si ta nèbia, ame bubu sãa anɔ aƒe si nètso la me, eye ame bubu sãa aɖu waingble si nède la me kutsetsewo.
You will be pledged in marriage to a woman, but another man will violate her. You will build a house but will not live in it. You will plant a vineyard but will not enjoy its fruit.
31 Woafli wò nyitsuwo ƒe lã le wò ŋutɔ wò ŋkume, ke woƒe lãkɔ kakɛ aɖeke gɔ̃ hã maka nu na wò o. Woanya wò tedziwo dzoe le wò ŋkume, eye womagatrɔ ava gbɔwò gbeɖe o. Woatsɔ wò alẽwo na wò futɔwo, eye ame aɖeke manɔ anyi axɔ na wò o.
Your ox will be slaughtered before your eyes, but you will not eat any of it. Your donkey will be taken away and not returned to you. Your flock will be given to your enemies, and no one will save you.
32 Ànɔ viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo kpɔm hafi woakplɔ wo adzoe abe kluviwo ene. Wò ŋkuwo atsi wo ŋu, wò dzi agbã, gake màte ŋu awɔ naneke o.
Your sons and daughters will be given to another nation, while your eyes grow weary looking for them day after day, with no power in your hand.
33 Didiƒe dukɔ aɖe si ƒe ŋkɔ mèse kpɔ gɔ̃ hã o la aɖu wò agblemenuku siwo nèƒã kple kutrikuku geɖe. Woate wò ɖe anyi, eye woafiti wò ɣe sia ɣi.
A people you do not know will eat the produce of your land and of all your toil. All your days you will be oppressed and crushed.
34 Dzɔgbevɔ̃e siwo nàkpɔ woaƒo xlã wò la ana nàku tsu.
You will be driven mad by the sights you see.
35 Yehowa ana ƒoƒoe naƒo wò tso tagbɔ va se ɖe afɔgɔme.
The LORD will afflict you with painful, incurable boils on your knees and thighs, from the soles of your feet to the top of your head.
36 “Yehowa, wò Mawu la aɖe aboyo wò kple fia si nàɖo la ayi dukɔ aɖe si ŋu wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo siaa miebu kpɔ o la me, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe.
The LORD will bring you and the king you appoint to a nation neither you nor your fathers have known, and there you will worship other gods—gods of wood and stone.
37 Àzu ŋɔdzinu, lodonu kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome, elabena Yehowa aɖe wò aƒu gbe.
You will become an object of horror, scorn, and ridicule among all the nations to which the LORD will drive you.
38 “Àƒã nukuwo fũu, gake nuku ʋɛ aɖewo ko nàŋe, elabena ʋetsuviwo agblẽ wò nukuawo.
You will sow much seed in the field but harvest little, because the locusts will consume it.
39 Àde waingblewo, eye nàwɔ dɔ le wo me kple vevidodo nu, ke màɖu woƒe tsetseawo o, eye màno wain si woafia tso wo me hã o, elabena ŋɔ aɖu wo.
You will plant and cultivate vineyards, but will neither drink the wine nor gather the grapes, because worms will eat them.
40 Amitiwo amie ɖe afi sia afi, gake màkpɔ ami wòasɔ gbɔ be nàsi na ɖokuiwò gɔ̃ hã o.
You will have olive trees throughout your territory but will never anoint yourself with oil, because the olives will drop off.
41 Woalé viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo abe kluviwo ene adzoe le gbɔwò.
You will father sons and daughters, but they will not remain yours, because they will go into captivity.
42 Ʋetsuviwo agblẽ wò atiwo kple wò waingblewo.
Swarms of locusts will consume all your trees and the produce of your land.
43 Amedzro siwo le dowòme la anɔ hotsui kpɔm ɖe edzi,
The foreigner living among you will rise higher and higher above you, while you sink down lower and lower.
44 le esime wò ŋutɔ nànɔ ahe dam ɖe edzi. Woado nugbana na wò, ke wò ya màdo naneke na wo o! Woawoe anye ta, eye wò ŋutɔ nàzu asike!
He will lend to you, but you will not lend to him. He will be the head, and you will be the tail.
45 “Fiƒode siawo katã aɖi ŋuwò, eye woanɔ yowòme va se ɖe esime nàtsrɔ̃ keŋkeŋ le esi nègbe be yemaɖo to Yehowa, wò Mawu o la ta.
All these curses will come upon you. They will pursue you and overtake you until you are destroyed, since you did not obey the LORD your God and keep the commandments and statutes He gave you.
46 Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò.
These curses will be a sign and a wonder upon you and your descendants forever.
47 Esi mèsubɔ Yehowa wò Mawu kple dzidzɔ le nu nyui siwo katã wòwɔ na wò o la ta,
Because you did not serve the LORD your God with joy and gladness of heart in all your abundance,
48 Yehowa ana nàzu kluvi na wò futɔwo le dɔwuame, tsikɔwuame kple amamanɔnɔ me. Nu sia nu ahiã wò. Yehowa ade gakɔkuti kɔ na wò va se ɖe esime wòatsrɔ̃ wò ɖa gbidii.
you will serve your enemies the LORD will send against you in famine, thirst, nakedness, and destitution. He will place an iron yoke on your neck until He has destroyed you.
49 “Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene.
The LORD will bring a nation from afar, from the ends of the earth, to swoop down upon you like an eagle—a nation whose language you will not understand,
50 Dukɔ sia me tɔwo nye ame nyanyrawo, ame siwo makpɔ nublanui na ɖeviwo alo ame tsitsiwo o.
a ruthless nation with no respect for the old and no pity for the young.
51 Woaɖu nu le wò aƒe me va se ɖe esime wò nyiwo, agblemenukuwo, bli, wain yeye, ami, nyiviwo kple alẽviwo navɔ keŋkeŋ.
They will eat the offspring of your livestock and the produce of your land until you are destroyed. They will leave you no grain or new wine or oil, no calves of your herds or lambs of your flocks, until they have caused you to perish.
52 Dukɔ ma aɖe to ɖe wò duwo, eye wòamu wò gli kɔkɔ siwo ŋu nèɖoa ŋu ɖo be woaxɔ na ye la aƒu anyi.
They will besiege all the cities throughout your land, until the high and fortified walls in which you trust have fallen. They will besiege all your cities throughout the land that the LORD your God has given you.
53 Àɖu wò ŋutɔ viwò ŋutsuviwo kple viwò nyɔnuviwo ƒe lã gɔ̃ hã le ɣeyiɣi vɔ̃ siwo gbɔna, esime woaɖe to ɖe wò la me.
Then you will eat the fruit of your womb, the flesh of the sons and daughters whom the LORD your God has given you, in the siege and distress that your enemy will inflict on you.
54 Nublanuikpɔnamela gãtɔ siwo le dowòme la asẽ ŋuta le eya ŋutɔ nɔvia ŋutsu, srɔ̃a lɔlɔ̃a kple via siwo aganɔ agbe la ŋu.
The most gentle and refined man among you will begrudge his brother, the wife he embraces, and the rest of his children who have survived,
55 Mana viawo ƒe lã si ɖum wòanɔ hã wo o, le dɔtoto si va dua me esi futɔwo ɖe to ɖee ta.
refusing to share with any of them the flesh of his children he will eat because he has nothing left in the siege and distress that your enemy will inflict on you within all your gates.
56 Wò nyɔnu bɔbɔe si malɔ̃ be yeatu afɔ anyigba na gɔ̃ hã o la, agbe mana nu srɔ̃a lɔlɔ̃a, via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo gɔ̃ hã o.
The most gentle and refined woman among you, so gentle and refined she would not venture to set the sole of her foot on the ground, will begrudge the husband she embraces and her son and daughter
57 Aɣla amenɔ si le eƒe atawo dome kple vidzĩ si wòdzi la ɖe wò ale be eya ɖeka nate ŋu aɖu wo le adzame. Le ɣeyiɣi si me woaɖe to ɖe dua la, dɔwuame kple fukpekpe si wò futɔwo ahe vɛ la nu asẽ ŋutɔŋutɔ.
the afterbirth that comes from between her legs and the children she bears, because she will secretly eat them for lack of anything else in the siege and distress that your enemy will inflict on you within your gates.
58 “Ne ègbe mèwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me dzi o, eye nèto esia me gbe, mèvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkɔ si ŋu bubu kple ŋɔdzi le o la,
If you are not careful to observe all the words of this law which are written in this book, that you may fear this glorious and awesome name—the LORD your God—
59 ekema Yehowa ahe dɔvɔ̃ si nu matso o la va wò kple viwòwo dzi.
He will bring upon you and your descendants extraordinary disasters, severe and lasting plagues, and terrible and chronic sicknesses.
60 Yehowa ahe Egiptetɔwo ƒe dɔléle siwo nèvɔ̃na ŋutɔ la ava dziwò, eye woaxɔ anyigba la dzi.
He will afflict you again with all the diseases you dreaded in Egypt, and they will cling to you.
61 Menye nu siawo ɖeɖe ko ava dziwò o! Yehowa ahe dɔléle ɖe sia ɖe si le xexea me la, esiwo dzi wometɔ asii le Segbalẽ sia me o hã ava dziwò va se ɖe esime nàtsrɔ̃ gbidigbidi.
The LORD will also bring upon you every sickness and plague not recorded in this Book of the Law, until you are destroyed.
62 Togbɔ be miesɔ gbɔ abe ɣletiviwo ene kpɔ hã la, mia dometɔ ʋɛ aɖewo koe asusɔ. Esiawo katã ava eme ne mèɖo to Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe o.
You who were as numerous as the stars in the sky will be left few in number, because you would not obey the voice of the LORD your God.
63 Abe ale si Yehowa kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, wɔ nu wɔnuku mawo na wò, eye wòna nèdzi sɔ gbɔ ene la, nenema kee, le ɣeyiɣi si gbɔna me la, Yehowa akpɔ dzidzɔ le ale si wòatsrɔ̃ wò ŋu, eye nàbu le anyigba la dzi,
Just as it pleased the LORD to make you prosper and multiply, so also it will please Him to annihilate you and destroy you. And you will be uprooted from the land you are entering to possess.
64 elabena Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome tso anyigba la ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu. Le afi ma la, àsubɔ mawu siwo wowɔ kple ati kple kpe, mawu siwo wò ŋutɔ kple tɔgbuiwòwo mienya o!
Then the LORD will scatter you among all the nations, from one end of the earth to the other, and there you will worship other gods, gods of wood and stone, which neither you nor your fathers have known.
65 Le dukɔ mawo dome la, màkpɔ dzidzeme o, elabena Yehowa ana vɔvɔ̃dzi kple viviti wò, eye wòana nuxaxa kple vɔvɔ̃ nana wò ŋutilã nanyunyɔ.
Among those nations you will find no repose, not even a resting place for the sole of your foot. There the LORD will give you a trembling heart, failing eyes, and a despairing soul.
66 Àtsi dzodzodzoe le wò agbe ŋu, ànɔ agbe le vɔvɔ̃ me zã kple keli, eye naneke mana nàxɔe ase be ŋu ake ɖe ye o.
So your life will hang in doubt before you, and you will be afraid night and day, never certain of survival.
67 Le ŋdi la, àgblɔ be, ‘O! Zã mee wòanye hafi!’ Le fiẽ me la, àgblɔ be, ‘O! Ŋkeke me wòanye hafi!’ Àgblɔ nya siawo le ŋɔdzinu siwo aƒo xlã wò la ta.
In the morning you will say, ‘If only it were evening!’ and in the evening you will say, ‘If only it were morning!’—because of the dread in your hearts of the terrifying sights you will see.
68 Ekema Yehowa agbugbɔ mi aɖo ɖe Egipte le tɔdziʋuwo me togbɔ be edo ŋugbe na mi be miagade afi ma o hã hafi! Le afi ma la, miatsɔ mia ɖokuiwo ana woaƒle abe kluviwo ene, gake ame aɖeke madi be yeaƒle mi gɔ̃ hã o.”
The LORD will return you to Egypt in ships by a route that I said you should never see again. There you will sell yourselves to your enemies as male and female slaves, but no one will buy you.”

< Mose 5 28 >