< Mose 5 27 >

1 Tete Mose kple Israel ƒe ametsitsiwo de se bubu na ameawo be woalé se siwo katã yede na wo egbe la me ɖe asi.
Moses and the elders of Israel commanded the people, saying, “Keep all the commandment which I command you today.
2 “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la, eye nèɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, ɖe kpe gãwo tso tɔsisi la me, eye nàtsɔ wo awɔ ŋkuɖodzikpe enumake ɖe tɔsisi la ƒe akpa kemɛ le Ebal to la gbɔ. Si akalo na kpeawo,
It shall be on the day when you shall pass over the Jordan to the land which the LORD your God gives you, that you shall set yourself up great stones, and coat them with plaster.
3 eye nàŋlɔ Mawu ƒe seawo katã ɖe kpeawo dzi, gbe si gbe nèɖo tɔ la godo be nàyi anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, anyigba si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo,’ abe ale si Yehowa, fofowòwo ƒe Mawu la do ŋugbee ene.
You shall write on them all the words of this law, when you have passed over, that you may go in to the land which the LORD your God gives you, a land flowing with milk and honey, as the LORD, the God of your fathers, has promised you.
4 “Ne ètso Yɔdan tɔsisi la la, ɖo kpe siawo ɖe Ebal to la dzi, abe ale si megblɔ na wò ene, eye nàsi akalo na wo.
It shall be, when you have crossed over the Jordan, that you shall set up these stones, which I command you today, on Mount Ebal, and you shall coat them with plaster.
5 Tu vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa, wò Mawu la kple kpe siwo womefu kple gakpo o.
There you shall build an altar to the LORD your God, an altar of stones. You shall not use any iron tool on them.
6 Tu vɔsamlekpui la kple kpe siwo womekpa o, eye nàsa numevɔ na Yehowa, wò Mawu la ɖe vɔsamlekpui la dzi.
You shall build the LORD your God’s altar of uncut stones. You shall offer burnt offerings on it to the LORD your God.
7 “Sa ŋutifafavɔ hã ɖe edzi, eye nàɖu nu kple dzidzɔ le afi ma le Yehowa wò Mawu ƒe ŋkume.
You shall sacrifice peace offerings, and shall eat there. You shall rejoice before the LORD your God.
8 Ŋlɔ se siawo katã, ɖe sia ɖe me nakɔ nyuie ɖe ŋkuɖodzikpe sia dzi.”
You shall write on the stones all the words of this law very plainly.”
9 Mose kple nunɔla siwo nye Levitɔwo gblɔ nya siawo na Israelviwo katã be, “O! Israel, ɖo to! Egbe la, èzu Yehowa, wò Mawu la ƒe dukɔ,
Moses and the Levitical priests spoke to all Israel, saying, “Be silent and listen, Israel! Today you have become the people of the LORD your God.
10 eya ta ele be nàdze se siwo katã mede na wò la dzi wɔwɔ gɔme egbea.”
You shall therefore obey the LORD your God’s voice, and do his commandments and his statutes, which I command you today.”
11 Mose de se siawo na Israelviwo gbe ma gbe ke.
Moses commanded the people the same day, saying,
12 “Ne mietso Yɔdan tɔsisi la, eye mieɖo ŋugbedodonyigba la dzi la, ame siwo atsi tsitre ɖe Gerizim to la dzi, ayra dukɔ la woe nye Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Yosef kple Benyamin ƒe dzidzimeviwo,
“These shall stand on Mount Gerizim to bless the people, when you have crossed over the Jordan: Simeon, Levi, Judah, Issachar, Joseph, and Benjamin.
13 eye Ruben, Gad, Aser, Zebulon, Dan, Naftali ƒe dzidzimeviwo atsi tsitre ɖe Ebal to la dzi aƒo fi ade ameawo.
These shall stand on Mount Ebal for the curse: Reuben, Gad, Asher, Zebulun, Dan, and Naphtali.
14 Ekema Levitɔwo atsi tsitre ɖe akpa eveawo dome ado ɣli agblɔ na Israel dukɔ blibo la be,
With a loud voice, the Levites shall say to all the men of Israel,
15 “Ame sia ame si awɔ legba, eye wòasubɔe nenye le ɣaɣlaƒe hã, nenye aklamakpakpɛ loo alo nu si wololõ ga tsɔ wɔe, esi mawu siwo katã wowɔ kple asi nye nu si Yehowa lé fui ta la, Mawu ƒe fiƒode nava nu siawo wɔlawo dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”
‘Cursed is the man who makes an engraved or molten image, an abomination to the LORD, the work of the hands of the craftsman, and sets it up in secret.’ All the people shall answer and say, ‘Amen.’
16 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ado vlo fofoa alo dadaa la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen!”
‘Cursed is he who dishonors his father or his mother.’ All the people shall say, ‘Amen.’
17 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aɖɔli teƒe na liƒoti le eya ŋutɔ ƒe anyigba kple nɔvia tɔ dome la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who removes his neighbor’s landmark.’ All the people shall say, ‘Amen.’
18 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ŋkuagbãtɔ aɖe ƒe numakpɔmakpɔ ŋu dɔ wòazu viɖe na eya ŋutɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who leads the blind astray on the road.’ All the people shall say, ‘Amen.’
19 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who withholds justice from the foreigner, fatherless, and widow.’ All the people shall say, ‘Amen.’
20 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awɔ ahasi kple fofoa srɔ̃wo dometɔ ɖeka la dzi, elabena fofoa tɔe.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who lies with his father’s wife, because he dishonors his father’s bed.’ All the people shall say, ‘Amen.’
21 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si adɔ lã aɖe gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who lies with any kind of animal.’ All the people shall say, ‘Amen.’
22 “Mawu ƒe fiƒode nava ŋutsu si adɔ eya ŋutɔ nɔvinyɔnu, eɖanye fofovia alo dadavia gbɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who lies with his sister, his father’s daughter or his mother’s daughter.’ All the people shall say, ‘Amen.’
23 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si ade asi lɔ̃xoa ŋu la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who lies with his mother-in-law.’ All the people shall say, ‘Amen.’
24 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si awu nɔvia le adzame la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen: neva eme nenema!”
‘Cursed is he who secretly kills his neighbor.’ All the people shall say, ‘Amen.’
25 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si axɔ zãnu be yeawu ame maɖifɔ la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”
‘Cursed is he who takes a bribe to kill an innocent person.’ All the people shall say, ‘Amen.’
26 “Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si mawɔ se siawo katã dzi o la dzi.” Eye ameawo katã agblɔ be, “Amen!”
‘Cursed is he who does not uphold the words of this law by doing them.’ All the people shall say, ‘Amen.’”

< Mose 5 27 >