< Mose 5 26 >
1 “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu la le na wò ge la dzi, eye nèxɔe hele edzi la,
And it shall be, when thou have come in to the land which Jehovah thy God gives thee for an inheritance, and possess it, and dwell in it,
2 ele na wò be nàtsɔ wò agblemenuku gbãtɔ siwo nàkpɔ tso anyigba si Yehowa wò Mawu le na wò ge dzi la ƒe nuku gbãtɔwo le ƒe sia ƒe ƒe nuŋeŋe me na Yehowa le eƒe kɔkɔeƒe la.
that thou shall take of the first of all the fruit of the ground, which thou shall bring in from thy land that Jehovah thy God gives thee, and thou shall put it in a basket, and shall go to the place which Jehovah thy God shall choose to cause his name to dwell there.
3 Tsɔe de kusi me yi na nunɔla si le dɔ wɔm ɣe ma ɣi, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Nunana siae nye nye emeʋuʋu ƒe dzesi be, Yehowa, nye Mawu kplɔm va ɖo anyigba si ŋugbe wòdo na tɔgbuinyewo la dzi.’
And thou shall come to the priest who shall be in those days, and say to him, I profess this day to Jehovah thy God, that I have come to the land which Jehovah swore to our fathers to give us.
4 Nunɔla la axɔ kusi la le asiwò ada ɖe Yehowa wò Mawu ƒe vɔsamlekpui la dzi.
And the priest shall take the basket out of thy hand, and set it down before the altar of Jehovah thy God.
5 Esia megbe la, àgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ƒe ŋkume be, ‘Tɔgbuinyewo nye Arameatɔwo. Woʋu yi Egipte le sitsoƒedidi ta. Wonye ame ʋɛ aɖewo ko, ke wova zu dukɔ gã aɖe le Egipte.
And thou shall answer and say before Jehovah thy God, My father was a Syrian ready to perish, and he went down into Egypt, and sojourned there, few in number. And he became there a nation, great, mighty, and populous.
6 Egiptetɔwo wɔ fu mí, wɔ mí kluviwoe, eye wode dɔ sesẽwo asi na mí.
And the Egyptians dealt ill with us, and afflicted us, and laid upon us hard bondage.
7 Míedo ɣli, ƒo koko na Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu. Ese míaƒe gbe, eye wòkpɔ míaƒe fukpekpe, dɔwɔwɔ kple ale si wote mí ɖe toe.
And we cried to Jehovah, the God of our fathers, and Jehovah heard our voice, and saw our affliction, and our toil, and our oppression.
8 Etsɔ nukunu gãwo kple asi sesẽ ɖe mí tso Egipte. Esi wòwɔ nukunu gã dziŋɔwo le Egiptetɔwo ŋkume la,
And Jehovah brought us forth out of Egypt with a mighty hand, and with an outstretched arm, and with great terribleness, and with signs, and with wonders.
9 ekplɔ mí tso teƒe sia, eye wòtsɔ anyigba sia, si dzi “notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la na mí.
And he has brought us into this place, and has given us this land, a land flowing with milk and honey.
10 Azɔ la, O! Yehowa, kpɔ ɖa, metsɔ nye agblemenuku gbãtɔ siwo mekpɔ tso anyigba si nènam me la ƒe kpɔɖeŋu vɛ na wò.’ Ekema nàtsɔ nukuawo ada ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋkume, eye nàde ta agu nɛ.
And now, behold, I have brought the first of the fruit of the ground, which thou, O Jehovah, have given me. And thou shall set it down before Jehovah thy God, and worship before Jehovah thy God.
11 Le esia megbe la, yi nàɖo kplɔ̃ kple nu nyui siwo katã Yehowa, wò Mawu la na wò. Na wò ƒometɔwo kple Levitɔwo kple amedzro siwo le mia dome la nakpɔ gome kpli wò le dzidzɔkpɔkpɔ la me.
And thou shall rejoice in all the good which Jehovah thy God has given to thee, and to thy house, thou, and the Levite, and the sojourner who is in the midst of thee.
12 “Ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe nye ƒe tɔxɛ na nuwo ƒe ewolia nana. Le ƒe ma me la, ele be nàtsɔ wò nuwo ƒe ewolia katã ana Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, ale be woawo hã naɖu nu nyuie.
When thou have made an end of tithing all the tithe of thine increase in the third year, which is the year of tithing, then thou shall give it to the Levite, to the sojourner, to the fatherless, and to the widow, that they may eat within thy gates, and be filled.
13 Ekema nàgblɔ le Yehowa, wò Mawu la ŋkume be, ‘Metsɔ nye nuwo ƒe ewolia katã na Levitɔwo, amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo abe ale si nèɖo nam ene. Nyemeda le wò se aɖeke dzi loo alo ŋlɔ ɖeke be o.
And thou shall say before Jehovah thy God, I have put away the hallowed things out of my house, and also have given them to the Levite, and to the sojourner, to the fatherless, and to the widow, according to all thy commandment which thou have commanded me. I have not transgressed any of thy commandments, neither have I forgotten them.
14 Nyemeka asi nu ewolia ƒe ɖeka ŋu esi nye ŋuti mekɔ o, le kpɔɖeŋu me, esi menɔ fu nyim o, eye nyemetsɔ ɖeke na ame kukuwo hã o. Meɖo to Yehowa, nye Mawu la, eye mewɔ nu sia nu si nèɖo nam.
I have not eaten of it in my mourning, neither have I put away from it, being unclean, nor given of it for the dead. I have hearkened to the voice of Jehovah my God. I have done according to all that thou have commanded me.
15 Kpɔ mí ɖa tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra Israelviwo kple anyigba si nètsɔ na mí abe ale si nèdo ŋugbe na mía tɔgbuiwo ene. Wɔe wòanye anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’”
Look down from thy holy habitation, from heaven, and bless thy people Israel, and the ground which thou have given us, as thou swore to our fathers, a land flowing with milk and honey.
16 “Ele be nàwɔ se kple ɖoɖo siwo katã Yehowa, wò Mawu la le nàwom egbe la dzi kple dzi wò blibo.
This day Jehovah thy God commands thee to do these statutes and ordinances. Thou shall therefore keep and do them with all thy heart, and with all thy soul.
17 Èʋu eme egbe be Yehowae nye wò Mawu, eye nèdo ŋugbe egbe be, yeawɔ eƒe sewo kple ɖoɖowo dzi, eye yeawɔ nu sia nu si wògblɔ na ye be yeawɔ.
Thou have avouched Jehovah this day to be thy God, and that thou would walk in his ways, and keep his statutes, and his commandments, and his ordinances, and hearken to his voice.
18 Yehowa hã ʋu eme egbe be ànye yeƒe dukɔ abe ale si wòdo ŋugbe ene, eye wòbia tso asiwò be nàwɔ yeƒe sewo katã dzi.
And Jehovah has avouched thee this day to be a people for his own possession, as he has promised thee, and that thou should keep all his commandments,
19 Ne èwɔ alea la, awɔ wò dukɔ gã wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe, eye wòana kafukafu, bubu kple ŋkɔxɔxɔ wò. Ke hafi bubu kple ŋkɔ sia naɖo ŋuwò la, ele be nànye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, wò Mawu la abe ale si wòdi tso asiwò ene.”
and to make thee high above all nations that he has made, in praise, and in name, and in honor, and that thou may be a holy people to Jehovah thy God, as he has spoken.