< Mose 5 23 >

1 “Ŋutsu si ƒe voku gbã alo ŋutsu si ƒe ŋutsu wolã la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o.
Aucun individu mutilé par compression ou par amputation de l'urètre ne sera admis dans l'Assemblée de l'Éternel.
2 Ahasivi aɖeke ŋutɔ alo eƒe dzidzimevi siwo anɔ dzidzime gbãtɔ va se ɖe ewolia dzi me la mekpɔ mɔ age ɖe Kɔkɔeƒe la o.
Aucun bâtard ne sera admis dans l'Assemblée de l'Éternel; même sa dixième génération ne sera pas admise dans l'Assemblée de l'Éternel.
3 “Amonitɔ alo Moabtɔ aɖeke, le dzidzime ewolia megbe gɔ̃ hã mekpɔ mɔ age ɖe kɔkɔeƒe la o.
Ne seront pas admis non plus les Ammonites et les Moabites dans l'Assemblée de l'Éternel; même leur dixième génération ne sera pas admise dans l'Assemblée de l'Éternel, jamais;
4 Nu si ta mede se sia ɖoe nye be, dukɔ siawo mena nuɖuɖu kple tsi mí esi mietso Egipte va ɖo wo gbɔ o. Gawu la, woxe fe na Balaam, Beor ƒe viŋutsu, tso Petor le Aram Naharaim be wòaƒo fi ade mí.
parce qu'ils ne vous ont pas présenté le pain et l'eau pendant le trajet, lors de votre sortie de l'Egypte, et parce qu'ils ont soudoyé pour te nuire, Balaam, fils de Behor, de Pethor en Mésopotamie, pour te maudire.
5 Yehowa wò Mawu meɖo to Balaam o, ke boŋ etrɔ fi si wòdi be yeaƒo ade mí la wòzu yayra na mí, elabena Yehowa lɔ̃ mí.
Mais l'Éternel, ton Dieu, n'a pas voulu écouter Balaam, et l'Éternel, ton Dieu, a changé sa malédiction en bénédiction, parce que l'Éternel, ton Dieu, t'aimait.
6 Ŋkeke ale si miele agbe la, mele be miana kpekpeɖeŋu aɖeke Amoritɔwo kple Moabtɔwo akpɔ o.
Tu ne t'intéresseras en aucun temps à leur prospérité et à leur bien-être, jamais. Tu n'abomineras pas l'Edomite, car il est ton frère.
7 Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ.
Tu n'abomineras pas l'Égyptien, car tu fus son hôte dans son pays.
8 Egiptetɔwo ƒe dzidzimevi siwo va kpli mi la kpɔ mɔ age ɖe Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la.”
Les fils qui leur naîtront à la troisième génération, seront admissibles dans l'Assemblée de l'Éternel.
9 “Ne mieyi aʋa la, ŋutsu siwo le asaɖa la me la mekpɔ mɔ awɔ nu vɔ̃ aɖeke o.
Quand tu seras en campement, marchant contre tes ennemis, évite avec soin toute indécence.
10 Ele be ŋutsu ɖe sia ɖe si gblẽ kɔ ɖo na eɖokui to ŋutsutsinyenye me le zã me la nado le asaɖa la me,
S'il se trouve chez toi quelqu'un qui ne soit pas en état de pureté à la suite d'un accident nocturne, qu'il se transporte hors du camp; il ne doit pas entrer dans l'intérieur du camp,
11 anɔ asaɖa la godo va se ɖe fiẽ, ekema ale tsi, eye wòatrɔ ava asaɖa la me ne ɣe ɖo to.
mais vers le soir il se baignera dans l'eau, et au coucher du soleil il rentrera dans l'intérieur du camp.
12 Woawɔ afɔdzideƒe ɖe asaɖa la godo.
Tu auras aussi des lieux d'aisance hors du camp, et tu iras là, dehors.
13 Ele be sofi nanɔ ŋutsu ɖe sia ɖe si. Ne ede afɔdzi la, ele be wòatsɔ sofi la, eye wòaku ke atsyɔ afɔdzi la dzi.
Et à tes outils tu joindras une pelle, et quand tu iras dehors, tu t'en serviras pour en faire un creux et recouvrir tes déjections.
14 Ele be asaɖa la me nanɔ kɔkɔe, elabena Yehowa miaƒe Mawu zɔna le mia dome be yeadzɔ mia ŋu, eye yeana miaƒe futɔwo nade ta agu na mi. Yehowa medi be yeakpɔ nu nyɔŋu aɖeke ne yeatrɔ adzo le mia gbɔ o.”
Car l'Éternel, ton Dieu, est présent dans ton camp, pour te délivrer, et faire céder tes ennemis devant toi; ton camp doit donc être saint, de peur que s'il y voit quelque chose de dégoûtant, Il ne se retire loin de toi.
15 “Ne kluvi aɖe si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ la, mègazi edzi be wòatrɔ ayi eƒe aƒetɔ gbɔ o.
Tu ne livreras pas à son maître l'esclave qui se sera sauvé chez toi de chez son maître.
16 Na wòatsi mia dome le du si me wòadi be yeanɔ eye mègatee ɖe anyi o.
Il demeurera chez toi dans ton intérieur, au lieu qu'il aura choisi dans l'une de tes villes, où bon lui semblera; tu ne seras pas dur envers lui.
17 “Ŋutsu alo nyɔnu si nye gbolo la mekpɔ mɔ anɔ Israelnyigba dzi o.
Qu'il ne se trouve aucune prostituée parmi les filles d'Israël, et aucun prostitué parmi les fils d'Israël.
18 Mègaxɔ nunana aɖeke tso gbolo aɖeke ƒe gboloho me alo tso ŋutsu siwo dɔa ŋutsuwo gbɔ la ƒe ahasiho me atsɔ na Yehowa o, elabena ame ƒomevi eve siawo nye ŋunyɔ na Yehowa, wò Mawu la.
Tu n'apporteras ni le don fait à une prostituée, ni le prix payé à un chien, dans la maison de l'Éternel, ton Dieu, ensuite d'un vœu quelconque, car l'un et l'autre sont l'abomination de l'Éternel, ton Dieu.
19 “Mègaxɔ deme ɖe nu si nèdo na nɔviwò, Israelvi la ta o, eɖanye ga, nuɖuɖu alo nu bubu ɖe sia ɖe o.
Tu n'exigeras point d'intérêts de ton frère, ni intérêt d'argent, ni intérêt de denrées, ni intérêt de rien de ce qui se prête à intérêts.
20 Ele be nàxɔ deme le amedzro si, gake menye le Israelvi aɖeke si o, elabena ne èxɔ deme le nɔviwò Israelvi si la, Yehowa, wò Mawu la mayra wò ne èɖo Ŋugbedodonyigba la dzi o.
Mais de l'homme du dehors tu pourras exiger des intérêts, et non pas de ton frère, afin que l'Éternel, ton Dieu, te bénisse dans tout ce que tu entreprendras dans le pays dont tu viens faire la conquête.
21 “Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa, wò Mawu la, ele be nàtso ɖe nu si ŋugbe nèdo nɛ la wɔwɔ ŋu kaba, elabena Yehowa bia be nàxe wò adzɔgbeɖefewo kaba. Ne mèwɔ se sia dzi o la, èwɔ nu vɔ̃.
Quand tu fais un vœu à l'Éternel, ton Dieu, ne tarde pas à l'accomplir; car l'Éternel, ton Dieu, le réclamera de toi, et tu te chargerais d'un péché.
22 Ke ne mèɖe adzɔgbe kura o la, mèwɔ nu vɔ̃ o.
Si tu t'abstiens de vœux, tu ne te charges point d'un péché.
23 Ne ènya ɖe adzɔgbe ko la, ele be nàkpɔ egbɔ be yewɔ nu si ŋugbe nèdo be yeawɔ la kokoko, elabena wò ŋutɔe tia nu si nàwɔ, eye Yehowa, wò Mawu lae nèɖe adzɔgbe na.
Tiens ce que tes lèvres ont exprimé, et agis conformément au vœu que tu as fait librement à l'Éternel, ton Dieu, à ce que ta bouche a prononcé.
24 “Ne èyi ame bubu aɖe ƒe waingble me la, àte ŋu aɖu eƒe waintsetse aɖi ƒo, gake mèkpɔ mɔ atsɔ ɖeke ade naneke me adzoe o.
Si tu entres dans la vigne de ton prochain, tu peux manger des raisins à souhait, à te rassasier, mais n'en mets point dans ton panier.
25 Se ma kee le bli hã ŋuti; àte ŋu atsɔ asi aŋe bli ʋɛ aɖewo, gake mègatsɔ nuŋehɛ aŋe hawòvi ƒe bli o.”
Si tu entres dans le champ de ton prochain, tu peux cueillir des épis avec la main, mais ne fais pas jouer la faucille dans la moisson de ton prochain.

< Mose 5 23 >