< Mose 5 22 >

1 “Ne èkpɔ ame aɖe ƒe nyi alo alẽ wòtra mɔ la, mègawɔ abe ɖe mèkpɔe ene o; kplɔe yi na nutɔ.
Thou shalt not see thy brother’s ox or his sheep go astray, and hide thyself from them: thou shalt surely bring them again unto thy brother.
2 Ne mènya nutɔ o la, kplɔe yi wòatsi gbɔwò va se ɖe esime nutɔ nava dii, eye nàɖe asi le eŋu nɛ.
And if thy brother be not nigh unto thee, or if thou know him not, then thou shalt bring it home to thine house, and it shall be with thee until thy brother seek after it, and thou shalt restore it to him again.
3 Nenema kee nàwɔ tedziwo, ame ƒe nudodo kple eƒe nu bubu ɖe sia ɖe si nàkpɔ. Kpɔ wo dzi na nutɔwo.
And so shalt thou do with his ass; and so shalt thou do with his garment; and so shalt thou do with every lost thing of thy brother’s, which he hath lost, and thou hast found: thou mayest not hide thyself.
4 “Ne èkpɔ ame aɖe, eƒe nyi alo tedzi wòdze anyi, eye nutɔ le agbagba dzem be yeafɔe ɖe tsitre la, mègatrɔ kɔ ɖe adzɔge o; yi nàkpe ɖe eŋu!
Thou shalt not see thy brother’s ass or his ox fallen down by the way, and hide thyself from them: thou shalt surely help him to lift them up again.
5 “Nyɔnu mekpɔ mɔ ado ŋutsuwu o. Nenema ke ŋutsu hã mekpɔ mɔ ado nyɔnuwu o. Nu sia wɔwɔ nye ŋunyɔnu na Yehowa, wò Mawu la.
A woman shall not wear that which pertaineth unto a man, neither shall a man put on a woman’s garment: for whosoever doeth these things is an abomination unto the LORD thy God.
6 “Ne èkpɔ xevi aɖe ƒe atɔ le anyigba alo le ati aɖe dzi, eye xevi suewo alo aziwo le eme le xevi sueawo dadaa te la, mègalé xeviawo dadaa kpe ɖe xevi sueawo ŋu o.
If a bird’s nest chance to be before thee in the way, in any tree or on the ground, with young ones or eggs, and the dam sitting upon the young, or upon the eggs, thou shalt not take the dam with the young:
7 Ɖe asi le wo dadaa ŋu, eye nàlé sueawo ko. Yehowa ayra wò ɖe nu sia ta.
thou shalt in any wise let the dam go, but the young thou mayest take unto thyself; that it may be well with thee, and that thou mayest prolong thy days.
8 “Ele be woatɔ kpɔ aƒo xlã xɔ yeye ɖe sia ɖe si wogba eƒe tame le gbadza la ƒe tame kpe ɖo, ale be ame aɖeke magage tso xɔ la tame, eye wòade hlɔ̃fe aƒea kple aƒea tɔ siaa ŋu o.
When thou buildest a new house, then thou shalt make a battlement for thy roof, that thou bring not blood upon thine house, if any man fall from thence.
9 “Mègaƒã nuku bubuwo ɖe wò waintiwo dome o; ne menye nenema o la, nukuawo kple waintsetseawo katã azu nu kɔkɔewo na nunɔlawo.
Thou shalt not sow thy vineyard with two kinds of seed: lest the whole fruit be forfeited, the seed which thou hast sown, and the increase of the vineyard.
10 “Mègade kɔkuti ɖeka ma kɔ na nyitsu kple tedzi hena dɔwɔwɔ le wò agble me o.
Thou shalt not plow with an ox and an ass together.
11 “Mègado awu si wolɔ̃ kple ka ƒomevi eve, abe lãfuka kple ɖetika ene o.
Thou shalt not wear a mingled stuff, wool and linen together.
12 “Ele be nàde gbo wò avɔ tsyɔtsyɔ ƒe dzogoe eneawo nu.”
Thou shalt make thee fringes upon the four borders of thy vesture, wherewith thou coverest thyself.
13 Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ,
If any man take a wife, and go in unto her, and hate her,
14 emegbe wògblɔ be edɔ ŋutsu gbɔ kpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, eye wòtsɔ nya ɖe eŋu be, “Menye ɖetugbi si menya ŋutsu kpɔ wònye hafi meɖee o” la,
and lay shameful things to her charge, and bring up an evil name upon her, and say, I took this woman, and when I came nigh to her, I found not in her the tokens of virginity:
15 ekema ɖetugbi la fofo kple dadaa aɖe ɖetugbi la ƒe ŋutsumanyamanya do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la afia dua ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.
then shall the father of the damsel, and her mother, take and bring forth the tokens of the damsel’s virginity unto the elders of the city in the gate:
16 Ɖetugbi la fofo agblɔ na wo be, “Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia be wòaɖe. Eɖee, ke fifia edo vloe
and the damsel’s father shall say unto the elders, I gave my daughter unto this man to wife, and he hateth her;
17 hele ŋukpenanyawo gblɔm ɖe eŋuti be enya ŋutsu hafi yeɖee. Ke nyateƒe la ƒe ɖeɖefiae nye esi.” Ekema wòakeke nyɔnu la ƒe avɔ me afia ʋɔnudrɔ̃lawo.
and, lo, he hath laid shameful things [to her charge], saying, I found not in thy daughter the tokens of virginity; and yet these are the tokens of my daughter’s virginity. And they shall spread the garment before the elders of the city.
18 Ekema ʋɔnudrɔ̃lawo aɖe gbe, eye woaƒo ŋutsu la,
And the elders of that city shall take the man and chastise him;
19 eye woana wòaxe klosalo alafa ɖeka na ɖetugbi la fofo, elabena eka aʋatso ɖe Israel ɖetugbi dzadzɛ aɖe si. Nyɔnu la aganye ŋutsu la srɔ̃, eye ŋutsua mekpɔ mɔ agbee o.
and they shall amerce him in an hundred [shekels] of silver, and give them unto the father of the damsel, because he hath brought up an evil name upon a virgin of Israel: and she shall be his wife; he may not put her away all his days.
20 Ke ne nya si ŋutsu la tsɔ ɖe eŋu nye nyateƒe be nyɔnu la de ŋutsu aɖe gbɔ kpɔ do ŋgɔ na eƒe srɔ̃ɖeɖe la,
But if this thing be true, that the tokens of virginity were not found in the damsel:
21 ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome.
then they shall bring out the damsel to the door of her father’s house, and the men of her city shall stone her with stones that she die: because she hath wrought folly in Israel, to play the harlot in her father’s house: so shalt thou put away the evil from the midst of thee.
22 Ne wolé ŋutsu aɖe wòle ahasi wɔm la, woawu eya kple ŋutsu kemɛ srɔ̃ la siaa. To mɔ sia dzi la, woaɖe nu vɔ̃ ɖa le Israel.
If a man be found lying with a woman married to an husband, then they shall both of them die, the man that lay with the woman, and the woman: so shalt thou put away the evil from Israel.
23 Ne wobia ɖetugbi aɖe ta hafi ŋutsu bubu de asi eŋu le dua me la,
If there be a damsel that is a virgin betrothed unto an husband, and a man find her in the city, and lie with her;
24 woakplɔ ɖetugbi la kple ŋutsu si de asi eŋu siaa ayi du la godo, eye woaƒu kpe wo woaku. Woawu ɖetugbi la, elabena medo ɣli be woaxɔ na ye o. Woawu ŋutsu la, elabena ede asi nyɔnu si ta ŋutsu bubu bia la ŋu.
then ye shall bring them both out unto the gate of that city, and ye shall stone them with stones that they die; the damsel, because she cried not, being in the city; and the man, because he hath humbled his neighbour’s wife: so thou shalt put away the evil from the midst of thee.
25 Ale nàɖe nu vɔ̃ wɔwɔ ɖa le mia dome. Ke ne wowɔ nu vɔ̃ sia le gbedzi, le dua godo la, woawu ŋutsu la ɖeɖe ko.
But if the man find the damsel that is betrothed in the field, and the man force her, and lie with her; then the man only that lay with her shall die:
26 Womawu nyɔnu la ya o,
but unto the damsel thou shalt do nothing; there is in the damsel no sin worthy of death: for as when a man riseth against his neighbour, and slayeth him, even so is this matter:
27 elabena woate ŋu axɔe ase be edo ɣli, gake ame aɖeke menɔ gbedzi le dua godo axɔ nɛ o.
for he found her in the field; the betrothed damsel cried, and there was none to save her.
28 Ne ŋutsu aɖe de asi ɖetugbi si ta womebia o ŋu sesẽtɔe, eye wolé wo la,
If a man find a damsel that is a virgin, which is not betrothed, and lay hold on her, and lie with her, and they be found;
29 ele be ŋutsu la naxe fe aɖe na ɖetugbi la fofo ekema aɖe ɖetugbi la, eye magbee akpɔ o.
then the man that lay with her shall give unto the damsel’s father fifty [shekels] of silver, and she shall be his wife, because he hath humbled her; he may not put her away all his days.
30 Ŋutsu aɖeke mekpɔ mɔ ade asi fofoa ƒe ahosi ŋu o, elabena fofoa srɔ̃e wònye kpɔ.
A man shall not take his father’s wife, and shall not uncover his father’s skirt.

< Mose 5 22 >