< Mose 5 20 >

1 “Ne mieyi aʋa, eye miekpɔ sɔwo kple tasiaɖamwo wosɔ gbɔ fũu, eye miekpɔ aʋakɔ si sɔ gbɔ wu mia tɔ la, dzidzi megaƒo mi o! Yehowa, wò Mawu la, ame si kplɔ wò dedie tso Egipte la li kpli wò.
When you go forth to battle against your enemies, and see horses, chariots, and a people more than you, you shall not be afraid of them; for the LORD your God is with you, who brought you up out of the land of Egypt.
2 Hafi miakpe aʋa la, na nunɔla aɖe natsi tsitre ɖe Israelviwo ƒe aʋakɔ la ŋgɔ, eye wòagblɔ be,
It shall be, when you draw near to the battle, that the priest shall approach and speak to the people,
3 ‘Miɖo tom, mi Israelviwo katã. Migavɔ̃ ne mieyi aʋa wɔ ge egbe o!
and shall tell them, "Hear, Israel, you draw near this day to battle against your enemies: do not let your heart faint; do not be afraid, nor tremble, neither be scared of them;
4 Yehowa, mia Mawu la le yiyim kpli mi! Awɔ aʋa kple futɔ la na mi, eye wòana miaɖu dzi!’
for the LORD your God is he who goes with you, to fight for you against your enemies, to save you."
5 “Ekema aʋakplɔlawo aƒo nu na aʋawɔlawo ale: ‘Mia dometɔ aɖe tso aƒe yeye, eye mekɔ eŋuti haɖe oa? Ne ele eme nenema la, ekema amea natrɔ ayi aƒe! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa akɔ wò aƒe la ŋu!
The officers shall speak to the people, saying, "What man is there who has built a new house, and has not dedicated it? Let him go and return to his house, lest he die in the battle, and another man dedicate it.
6 Mia dometɔ aɖe de waingble yeye aɖe, eye meɖu waintsetse aɖeke tso agble la me haɖe oa? Ekema amea nayi aƒe me! Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ame bubu sãa aɖu eƒe waintsetse la!
What man is there who has planted a vineyard, and has not used its fruit? Let him go and return to his house, lest he die in the battle, and another man use its fruit.
7 Ɖe mia dometɔ aɖe bia nyɔnu ta ŋkeke siawo mea? Ekema amea natrɔ ayi aƒe me, eye wòaɖe nyɔnu la. Ɖewohĩ woawui le aʋa sia me, eye ŋutsu bubu aɖe sãa aɖe nyɔnu si ta wòbia.
What man is there who has pledged to be married a wife, and has not taken her? Let him go and return to his house, lest he die in the battle, and another man take her."
8 Azɔ la, mia dometɔ aɖe le vɔvɔ̃ma? Ne ele vɔvɔ̃m la, ekema neyi aƒe me be màgade vɔvɔ̃ lãme na ame bubuawo o!’
The officers shall speak further to the people, and they shall say, "What man is there who is fearful and fainthearted? Let him go and return to his house, lest his brother's heart melt as his heart."
9 “Ne aʋakplɔlawo wu nya siawo gbɔgblɔ na ameawo nu la, woaɖe gbeƒã aʋafiawo ƒe ŋkɔwo.”
It shall be, when the officers have made an end of speaking to the people, that they shall appoint captains of armies at the head of the people.
10 “Ne èho aʋa ɖe du aɖe ŋu la, bia tso dua me tɔwo si gbã be woana ta.
When you draw near to a city to fight against it, then proclaim peace to it.
11 Ne wolɔ̃ ɖe edzi, eye woʋu woƒe agbowo na wò la, ekema dua me tɔwo azu wò subɔlawo.
It shall be, if it makes you answer of peace, and opens to you, then it shall be, that all the people who are found in it shall become tributary to you, and shall serve you.
12 Ne wogbe be yewomawɔ ŋutifafa kple wò o la, ekema ele be nàɖe to ɖe dua.
If it will make no peace with you, but will make war against you, then you shall besiege it:
13 Ne Yehowa, wò Mawu la tsɔ du la de asi na wò la, ekema ele be nàwu ŋutsu ɖe sia ɖe le dua me,
and when the LORD your God delivers it into your hand, you shall strike every male of it with the edge of the sword:
14 ke àte ŋu agblẽ nyɔnuwo, ɖeviwo, lãwo kple afunyinuwo katã ɖi na mia ɖokuiwo.
but the women, and the little ones, and the livestock, and all that is in the city, even all its spoil, you shall take for a prey to yourself; and you shall eat the spoil of your enemies, which the LORD your God has given you.
15 Se siawo ku ɖe du siwo mele Ŋugbedodonyigba la ŋutɔ dzi o la ŋu.
Thus you shall do to all the cities which are very far off from you, which are not of the cities of these nations.
16 “Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe.
But of the cities of these peoples, that the LORD your God gives you for an inheritance, you shall save alive nothing that breathes;
17 Na woatsrɔ̃ Hititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo keŋkeŋ, abe ale si Yehowa, wò Mawu la de se na wòe ene.
but you shall utterly destroy them: the Hethite, and the Amorite, and the Canaanite, and the Girgashite, and the Perizzite, and the Hivite, and the Jebusite; as the LORD your God has commanded you;
18 “Se sia ƒe taɖodzinue nye be wòana be anyigba la dzi tɔwo makplɔ mi ade woƒe legbawo subɔsubɔ kple woƒe kɔnyinyi vɔ̃ɖiwo me, eye miato esiawo me awɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, wò Mawu la ŋu o.
that they not teach you to do after all their abominations, which they have done to their gods; so would you sin against the LORD your God.
19 “Ne èɖe to ɖe du aɖe la, mègagblẽ woƒe kutsetsetiwo o. Na miaɖu kutsetse siwo miate ŋui. Mègana woatso atiawo ƒu anyi dzodzro o. Atiawo menye futɔwo, eye wòle be nàna woatsrɔ̃ wo o!
When you shall besiege a city a long time, in making war against it to take it, you shall not destroy its trees by wielding an axe against them; for you may eat of them, and you shall not cut them down; for is the tree of the field man, that it should be besieged of you?
20 Ke tso ati siwo ƒe kutsetsewo womeɖuna o la ƒu anyi; woatsɔ wo awɔ atrakpuiwo kple nu siwo ŋu dɔ nàwɔ le aʋa la wɔwɔ me.”
Only the trees of which you know that they are not trees for food, you shall destroy and cut them down; and you shall build siege works against the city that makes war with you, until it fall.

< Mose 5 20 >