< Mose 5 2 >

1 Míetrɔ, gbugbɔ to gbegbe la heɖo ta Ƒu Dzĩ la gbɔ, elabena nenemae Yehowa ɖo nam. Míetsa tsaglalã le Seir to la gbɔ ƒe geɖewo.
「此後,我們轉回,從紅海的路往曠野去,是照耶和華所吩咐我的。我們在西珥山繞行了許多日子。
2 Mlɔeba la, Yehowa gblɔ nam be,
耶和華對我說:
3 “Mienɔ to sia ŋu wòdidi. Mitrɔ ɖo ta anyiehe lɔƒo.
『你們繞行這山的日子夠了,要轉向北去。
4 Gblɔ na ameawo be wole wo nɔviwo, Edomtɔwo ƒe anyigba dzi to ge. Ame siawoe nye Esau ƒe dzidzimevi siwo le Seir. Dzidzi aƒo Edomtɔwo, eya ta mikpɔ nyuie.
你吩咐百姓說:你們弟兄以掃的子孫住在西珥,你們要經過他們的境界。他們必懼怕你們,所以你們要分外謹慎。
5 Migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena metsɔ Seir to la ƒe tonyigbawo katã na wo tegbetegbe, eye nyematsɔ woƒe anyigba ƒe kakɛ aɖeke ana mi o.
不可與他們爭戰;他們的地,連腳掌可踏之處,我都不給你們,因我已將西珥山賜給以掃為業。
6 Mixe fe na wo ɖe woƒe nu si miaɖu kple woƒe tsi si ŋu dɔ miawɔ la ta.”
你們要用錢向他們買糧吃,也要用錢向他們買水喝。
7 Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o!
因為耶和華-你的上帝在你手裏所辦的一切事上已賜福與你。你走這大曠野,他都知道了。這四十年,耶和華-你的上帝常與你同在,故此你一無所缺。』
8 Ale míeto Edom, afi si mía nɔviwo Esau viwo nɔ le Seir. Míeto Araba mɔ si to anyigbeme yi Elat kple Ezion Geber, eye míeto dzigbeme ɖo ta Moab gbegbe la.
「於是,我們離了我們弟兄以掃子孫所住的西珥,從亞拉巴的路,經過以拉他、以旬‧迦別,轉向摩押曠野的路去。
9 Yehowa míaƒe Mawu de se na mí be, “Migaho aʋa ɖe Moabtɔwo hã ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo!”
耶和華吩咐我說:『不可擾害摩押人,也不可與他們爭戰。他們的地,我不賜給你為業,因我已將亞珥賜給羅得的子孫為業。』(
10 “Emitɔwo nɔ afi ma tsã. Wonye dukɔ gã aɖe, eye wodzɔ atsu abe Anak ƒe viwo ene.
先前,有以米人住在那裏,民數眾多,身體高大,像亞衲人一樣。
11 Woyɔa Emitɔwo kple Anaktɔwo be Refaimtɔwo, ke Moabtɔwo yɔa wo be Emitɔwo.
這以米人像亞衲人;也算為利乏音人;摩押人稱他們為以米人。
12 Horitɔwoe nɔ Seir tsã, ke Edomtɔwo, Esau ƒe dzidzimeviwo nya wo hexɔ wo teƒe abe ale si Israelviwo ava xɔ Kanaantɔwo, ame siwo ƒe anyigba Yehowa tsɔ na Israelviwo la teƒe ene.
先前,何利人也住在西珥,但以掃的子孫將他們除滅,得了他們的地,接着居住,就如以色列在耶和華賜給他為業之地所行的一樣。)
13 “Yehowa gblɔ be, ‘Mitso Zered tɔʋu la azɔ,’ eye míetsoe.
現在,起來過撒烈溪!於是我們過了撒烈溪。
14 “Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi.
自從離開加低斯‧巴尼亞,到過了撒烈溪的時候,共有三十八年,等那世代的兵丁都從營中滅盡,正如耶和華向他們所起的誓。
15 Ɛ̃, Yehowa ƒe asi tsi tsitre ɖe wo ŋu va se ɖe esime wo katã woku.
耶和華的手也攻擊他們,將他們從營中除滅,直到滅盡。
16 “Le esia megbe la,
「兵丁從民中都滅盡死亡以後,
17 Yehowa gblɔ nam be,
耶和華吩咐我說:
18 ‘Egbe la, Israelviwo ato Moab nyigba ƒe liƒo dzi le Ar,
『你今天要從摩押的境界亞珥經過,
19 age ɖe Amonitɔwo ƒe anyigba dzi. Ke migaho aʋa ɖe wo ŋu o, elabena nyematsɔ woƒe anyigba ƒe akpa aɖeke na mi o. Metsɔe na Lot ƒe dzidzimeviwo.’
走近亞捫人之地,不可擾害他們,也不可與他們爭戰。亞捫人的地,我不賜給你們為業,因我已將那地賜給羅得的子孫為業。』(
20 “Refaimtɔwo nɔ afi ma hã kpɔ. Amonitɔwo yɔ wo be Zanzumitɔwo.
那地也算為利乏音人之地,先前利乏音人住在那裏,亞捫人稱他們為散送冥。
21 Wonye dukɔ gã sesẽ aɖe, eye wokɔ abe Anaktɔwo ene. Ke Yehowa tsrɔ̃ wo esime Amoritɔwo va anyigba la dzi, eye woxɔ wo teƒe.
那民眾多,身體高大,像亞衲人一樣,但耶和華從亞捫人面前除滅他們,亞捫人就得了他們的地,接着居住。
22 Nenema ke Yehowa kpe ɖe Esau ƒe dzidzimeviwo ŋu le Seir to la gbɔ, eye wotsrɔ̃ Horitɔwo, ame siwo nɔ afi ma do ŋgɔ na wo.
正如耶和華從前為住西珥的以掃子孫將何利人從他們面前除滅、他們得了何利人的地、接着居住一樣,直到今日。
23 Nenema kee Kaftoritɔwo dze Avitɔwo, ame siwo nɔ du siwo kaka ɖe afi ma va se ɖe keke Gaza ke la dzi.”
從迦斐託出來的迦斐託人將先前住在鄉村直到迦薩的亞衛人除滅,接着居住。)
24 “Azɔ Yehowa gblɔ nam be, Mitso Arnon tɔsisi la, miage ɖe Sixɔn, Amoritɔwo ƒe fia, ame si le Hesbon la ƒe anyigba dzi. Miwɔ aʋa kpli wo, eye miade asi anyigba la xɔxɔ me.
你們起來前往,過亞嫩谷;我已將亞摩利人希實本王西宏和他的地交在你手中,你要與他爭戰,得他的地為業。
25 Tso gbe ma gbe dzi la, mana anyigbadzitɔwo katã nade asi dzodzo me nyanyanya le mia vɔvɔ̃ kple miaƒe afi ma ɖoɖo ta.”
從今日起,我要使天下萬民聽見你的名聲都驚恐懼怕,且因你發顫傷慟。」
26 “Tso Kedemot gbegbe la, meɖo ame dɔdɔwo ɖe Fia Sixɔn le Hesbon be míawɔ ŋutifafa kple eƒe amewo.
「我從基底莫的曠野差遣使者去見希實本王西宏,用和睦的話說:
27 Míebia be, ‘Na míato wò anyigba dzi ayi. Míanɔ mɔ gã la dzi ko; míage ɖe miaƒe agblewo me le ɖusime loo alo miame o.
『求你容我從你的地經過,只走大道,不偏左右。
28 Míafi miaƒe nuɖuɖu ne míele eme tsom o, ke boŋ míaxe fe ɖe miaƒe nu si míaɖu kple miaƒe tsi si míano la ta. Nu si biam míele koe nye be míato wò anyigba dzi ayi.’
你可以賣糧給我吃,也可以賣水給我喝,只要容我步行過去,
29 Edomtɔwo ɖe mɔ na mí le Seir míeto woƒe anyigba dzi. Moabtɔwo hã wɔ nenema ke na mi le Ar. Míele mɔ dzi be míatso Yɔdan, ayi anyigba si Yehowa míaƒe Mawu tsɔ na mí la dzi.”
就如住西珥的以掃子孫和住亞珥的摩押人待我一樣,等我過了約旦河,好進入耶和華-我們上帝所賜給我們的地。』
30 Ke Hesbon fia Sixɔn melɔ̃ be mía egbɔ ayi o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la na wòsẽ dzi me, ale be wòate ŋu aɖe asi le Sixɔn ŋu na mi abe ale si wòwɔe fifia ene.
但希實本王西宏不容我們從他那裏經過;因為耶和華-你的上帝使他心中剛硬,性情頑梗,為要將他交在你手中,像今日一樣。
31 Azɔ la, Yehowa gblɔ nam be, “Medze Fia Sixɔn ƒe anyigba tsɔtsɔ na mi gɔme. Ne miexɔe la, azu Israelviwo tɔ tegbetegbe.”
耶和華對我說:『從此起首,我要將西宏和他的地交給你;你要得他的地為業。』
32 Eye Sixɔn kple eƒe aʋakɔ blibo la ho aʋa va kpe mí le Yahaz.
那時,西宏和他的眾民出來攻擊我們,在雅雜與我們交戰。
33 Ke Yehowa, míaƒe Mawu la na míeɖu wo dzi, xɔ woƒe duwo katã.
耶和華-我們的上帝將他交給我們,我們就把他和他的兒子,並他的眾民,都擊殺了。
34 Míetsrɔ̃ woƒe nu sia nu kple woƒe nyɔnuwo kple woƒe vidzĩwo katã. Míena naneke tsi agbe o,
我們奪了他的一切城邑,將有人煙的各城,連女人帶孩子,盡都毀滅,沒有留下一個。
35 negbe woƒe nyiwo ko. Míetsɔ woƒe nyiwo abe míaƒe fetu ene kpe ɖe afunyinu siwo míelɔ tso woƒe du siwo míexɔ me la ŋu.
惟有牲畜和所奪的各城,並其中的財物,都取為自己的掠物。
36 Míexɔ teƒe ɖe sia ɖe tso Aroer yi Gilead, tso Arnon tɔsisi la ƒe balime ƒe liƒo dzi kple du siwo katã le bali la me. Woƒe du aɖeke mesẽ wu mí o elabena Yehowa, mía Mawu la tsɔ wo katã de asi na mí.
從亞嫩谷邊的亞羅珥和谷中的城,直到基列,耶和華-我們的上帝都交給我們了,沒有一座城高得使我們不能攻取的。
37 Ke míegblẽ Amonitɔwo kple Yabok tɔsisi la kple du siwo le tonyigba la dzi kple teƒe siwo me Yehowa, míaƒe Mawu, de se na mí be míagage ɖo o la ɖi.
惟有亞捫人之地,凡靠近雅博河的地,並山地的城邑,與耶和華-我們上帝所禁止我們去的地方,都沒有挨近。」

< Mose 5 2 >