< Mose 5 17 >
1 “Mègatsɔ nyitsu alo alẽ si le dɔ lém alo esi nane wɔ la sa vɔe na Yehowa, wò Mawu la gbeɖegbeɖe o. Yehowa, wò Mawu la bua nunana siawo abe ŋunyɔnu ene.
「凡有殘疾,或有甚麼惡病的牛羊,你都不可獻給耶和華-你的上帝,因為這是耶和華-你上帝所憎惡的。
2 “Ne ame aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, le du aɖe me le anyigba blibo la dzi da le wò nubabla si nèwɔ kple Yehowa wò Mawu dzi
「在你們中間,在耶和華-你上帝所賜你的諸城中,無論哪座城裏,若有人,或男或女,行耶和華-你上帝眼中看為惡的事,違背了他的約,
3 to mawu bubuwo, ɣe, ɣleti alo ɣletiviwo subɔsubɔ me, nu siwo ŋu mede se na mi le vevie la,
去事奉敬拜別神,或拜日頭,或拜月亮,或拜天象,是主不曾吩咐的;
4 ku nya la me tsitotsito gbã, ne nàkpɔ be ɖikeke aɖe le nya la ƒe nyateƒenyenye me hã.
有人告訴你,你也聽見了,就要細細地探聽,果然是真,準有這可憎惡的事行在以色列中,
5 Ne nya la nye nyateƒe la, ekema woahe ŋutsu la alo nyɔnu la ayi dua godo, eye woaƒu kpee le afi ma wòaku.
你就要將行這惡事的男人或女人拉到城門外,用石頭將他打死。
6 Ke mègawu ame aɖeke le ɖasefo ɖeka pɛ ko ƒe ɖaseɖiɖi ta o. Ele be ɖasefoawo nade eve alo etɔ̃ kokoko.
要憑兩三個人的口作見證將那當死的人治死;不可憑一個人的口作見證將他治死。
7 Na ɖasefoawo naƒu kpee gbã hafi ame bubuawo naƒui. To esia me la, àɖe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia dome.”
見證人要先下手,然後眾民也下手將他治死。這樣,就把那惡從你們中間除掉。
8 “Ne nya aɖe dzɔ si sesẽ akpa na wò dɔdrɔ̃, le kpɔɖeŋu me, ne wotsɔ hlɔ̃nya aɖe ɖe ame aɖe ŋu le esime ɖaseɖiɖi gobii aɖeke mele eŋu o, alo ne wote ame aɖe ɖe eme la, ekema ele be nàtsɔ nya la ayi Yehowa, wò Mawu la ƒe kɔkɔeƒe,
「你城中若起了爭訟的事,或因流血,或因爭競,或因毆打,是你難斷的案件,你就當起來,往耶和華-你上帝所選擇的地方
9 na nunɔlawo kple Levitɔwo, eye ʋɔnudrɔ̃la si le nya drɔ̃m le ɣe ma ɣi la natso nya la me.
去見祭司利未人,並當時的審判官,求問他們,他們必將判語指示你。
10 Le eƒe nyametsotso megbe la, womagbugbɔ nya la adrɔ̃ o. Woawɔ ɖe se la dzi nyaɖenyanui.
他們在耶和華所選擇的地方指示你的判語,你必照着他們所指教你的一切話謹守遵行。
11 Ele be woawɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃la la ƒe nyametsotso dzi pɛpɛpɛ.
要按他們所指教你的律法,照他們所斷定的去行;他們所指示你的判語,你不可偏離左右。
12 Ne ame si ŋu wotsɔ nya la ɖo gbe be yemaxɔ nunɔla la alo ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa Mawu ɖo na nyadɔdrɔ̃ la ƒe nyametsotso o la, nu si woawɔe koe nye be woawui. Ele be woaɖe nu vɔ̃ wɔla siawo tɔgbi ɖa le Israelviwo dome.
若有人擅敢不聽從那侍立在耶和華-你上帝面前的祭司,或不聽從審判官,那人就必治死;這樣,便將那惡從以色列中除掉。
13 Ekema ame sia ame ase nya si dzɔ ɖe ame si gbe be yemaxɔ Yehowa ƒe nyametsotso o la dzi. Nu sia ana woavɔ̃, eye womagatsi tsitre ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la ƒe nyametsotso ŋu o.”
眾百姓都要聽見害怕,不再擅敢行事。」
14 “Ne èva ɖo anyigba si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi, eye nèxɔe la, de asi tamebubu me be, ‘Ele be fia nanɔ mía si abe dukɔ bubu siwo ƒo xlã mí la ene!’
「到了耶和華-你上帝所賜你的地,得了那地居住的時候,若說:『我要立王治理我,像四圍的國一樣。』
15 Kpɔ egbɔ be yeɖo ame si, Yehowa, wò Mawu la atia la fiae. Ele be wòanye Israelvi, menye amedzro o.
你總要立耶和華-你上帝所揀選的人為王。必從你弟兄中立一人;不可立你弟兄以外的人為王。
16 Kpɔ egbɔ be meƒle sɔ geɖewo na eɖokui o, eye medɔ eƒe amewo ɖe Egipte be woaƒle sɔwo tso afi ma vɛ na ye hã o, elabena Yehowa gblɔ na wò be, ‘Mègatrɔ yi Egipte gbeɖe o.’
只是王不可為自己加添馬匹,也不可使百姓回埃及去,為要加添他的馬匹,因耶和華曾吩咐你們說:『不可再回那條路去。』
17 Mele be fia la naɖe srɔ̃ geɖe o; ne menye nenema o la, eƒe dzi atrɔ ɖa tso Yehowa gbɔ. Mele be wòakpɔ hotsui guduu hã o.
他也不可為自己多立妃嬪,恐怕他的心偏邪;也不可為自己多積金銀。
18 “Ne woɖoe fiae, eye wònɔ eƒe fiazikpui dzi abe fia ene la, ekema ele be wòaŋlɔ se siawo katã tso agbalẽ si le Levitɔwo, ame siwo nye nunɔlawo la si me.
他登了國位,就要將祭司利未人面前的這律法書,為自己抄錄一本,
19 Ele be eƒe seawo ƒe ŋɔŋlɔ sia nanɔ esi ɣe sia ɣi, eye wòaxlẽ nu tso eme gbe sia gbe le eƒe agbe me ale be, wòasrɔ̃ ale si wòavɔ̃ Yehowa, eƒe Mawu la to seawo katã dzi wɔwɔ me.
存在他那裏,要平生誦讀,好學習敬畏耶和華-他的上帝,謹守遵行這律法書上的一切言語和這些律例,
20 Se siawo xexlẽ ɣe sia ɣi ana be fia la mabu be yenyo wu Israelvi bubuawo o. Kpe ɖe esia ŋu la, axe mɔ nɛ be matrɔ tso Mawu ƒe seawo gbɔ le mɔ suetɔ kekeake nu o, eye wòana be eƒe fiaɖuɖu nadidi, eye wòadze edzi. Ekema via ŋutsuwo aɖu fia ɖe eyome.”
免得他向弟兄心高氣傲,偏左偏右,離了這誡命。這樣,他和他的子孫便可在以色列中,在國位上年長日久。」