< Mose 5 14 >
1 “Esi wònye Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe amewo mienye ta la, migasi ŋuti na mia ɖokuiwo gbeɖegbeɖe abe ale si trɔ̃subɔlawo wɔna ne wole woƒe legbawo subɔm la ene o. Gawu la, ne ame ku la, mele be mialũ miaƒe ŋgonu kple dzodome o.
Vi ste sinovi Jahve, Boga svoga. Nemojte na sebi praviti ureza ni podstriga na čelu za pokojnikom.
2 Yehowa, miaƒe Mawu la ɖeɖe ko tɔe mienye. Eyae tia mi be mianye ye tɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me.
TÓa ti si narod posvećen Jahvi, Bogu svome; Jahve je odabrao tebe između svih naroda na zemlji da budeš njegov narod, njegova predraga svojina.
3 “Migaɖu nu siwo ŋuti mekɔ o la dometɔ aɖeke o.
Ništa odvratno nemojte jesti.
4 Lã siwo miate ŋu aɖu la woe nye: nyi, alẽ, gbɔ̃,
Ovo su životinje koje možete jesti: vol, ovca, koza,
5 zi, sẽ, afiã, gbɔ̃ si le gbe me, avugbɔ̃e kple alẽ si nɔa towo dzi.
jelen, srna, srndać, kozorog, antilopa, bivol i divokoza;
6 Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe, eye wodzɔa nu gaɖuna.
možete jesti svaku životinju koja ima razdvojene papke - nadvoje posve razdvojene - i koja preživa.
7 Ke lã siwo ƒe afɔkli me fe alo woɖua nu gadzɔna la, migaɖu esiawo ya o, woawoe nye kposɔ, fɔmizi kple xɔfie, elabena togbɔ be wodzɔa nu gaɖuna hã la, woƒe afɔkli me mefe ɖe eve o, eya ta wonye lã makɔmakɔwo.
Samo od preživača ili od životinja s razdvojenim čaporcima ne možete jesti ove: devu, arnebeta i svisca. Te, naime, iako preživaju, nemaju razdvojenih papaka; neka su za vas nečiste.
8 Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o.
A svinja, premda ima papke razdvojene, ne preživa: neka je za vas nečista. Njezina mesa nemojte jesti niti se njezina strva doticati.
9 “Tɔmelã siwo ko miekpɔ mɔ aɖu la woe nye esiwo ŋu adza kple tsro le.
A od svega što u vodi živi ovo možete jesti: što god ima ljuske i peraje, možete jesti.
10 Ke tɔmelã bubuawo katã siwo ŋu tsro kple adza mele o la nye nu makɔmakɔwo; migaɖu wo o.
A što nema ljusaka i peraja, ne smijete jesti. To neka je za vas nečisto.
11 Miekpɔ mɔ aɖu xe ɖe sia ɖe si ŋuti kɔ
Svaku čistu pticu možete jesti.
12 negbe hɔ̃, akaga, akpɔ̃,
Ali ovih ne smijete jesti: orla strvinara i jastreba,
13 doɖi, aʋako dzĩtɔ kple yibɔtɔwo, akpaviã ƒomevi vovowo, ayisu ƒomevi ɖe sia ɖe,
tetrijeba, sokola bilo koje vrste;
14 akpaviã ƒomevi ɖe sia ɖe,
gavrana bilo koje vrste;
15 golo, sagbadre, tsalɛ̃ kple aʋako ƒomevi ɖe sia ɖe,
noja, kopca, galeba ni kraguja bilo koje vrste;
16 ʋlukuku, favieʋuto kple aŋɔɣi,
sove, jejine i labuda;
17 aluge, akaga kple tsimese,
pelikana, bijelog strvinara i gnjurca;
18 damixe kple ako ƒomevi ɖe sia ɖe, agudzixe kple dro.
rode, čaplje bilo koje vrste; pupavca i šišmiša.
19 “Nudzodzoewo katã kloe nye nu makɔmakɔwo, eya ta miekpɔ mɔ aɖu wo o.
Svi krilati kukci neka su za vas nečisti - ne smijete ih jesti.
20 Ke miekpɔ mɔ aɖu xe siwo katã ŋu kɔ.
Sve krilato čisto možete jesti.
21 “Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la. “Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.”
Ne smijete jesti ništa što crkne. Daj to pridošlici koji boravi u tvojim gradovima neka jede ili pak prodaj tuđincu. Jer ti si narod posvećen Jahvi, Bogu svome. Ne kuhaj kozleta u mlijeku njegove majke!
22 “Ele be miana miaƒe agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe pɛpɛpɛ.
Odvajaj desetinu dohotka svake godine od svega što tvoj usjev u polju donese.
23 Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me.
A onda blaguj desetine svoga žita, svoga vina, svoga ulja i prvine svoje krupne i sitne stoke u nazočnosti Jahve, Boga svoga, na mjestu koje on odabere da svoje ime ondje nastani; da se tako naučiš zauvijek bojati se Jahve, Boga svoga.
24 Ne teƒe si Yehowa miaƒe Mawu tia abe eƒe kɔkɔeƒe ene didi ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be miatsɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia ayi afi ma ke o la,
Bude li ti put predug te ne mogneš donijeti desetine - jer je mjesto što ga Jahve odabere da u njemu nastani svoje ime previše daleko od tebe - tada, kad te Jahve, Bog tvoj, blagoslovi,
25 ekema miate ŋu adzra miaƒe agblemenukuwo kple lãwo ƒe ewolia, eye miatsɔ ga la ayi Yehowa miaƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la.
prodaj to za novac, uzmi novac u ruku pa idi u mjesto što ga odabere Jahve, Bog tvoj.
26 Ne mieɖo afi ma la, ekema mitsɔ ga la ƒle nyitsu ɖeka kple alẽ ɖeka, eye miadze wain alo aha sesẽ aɖe, miaɖu nu le afi ma le Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume, eye miatso aseye kple miaƒe aƒemetɔwo.
Ondje za novac kupi što želiš: goveče, sitno živinče, vino ili opojno piće - što god ti duša zaželi. Ondje u nazočnosti Jahve, Boga svoga, blaguj i veseli se ti i tvoji ukućani.
27 “Migaŋlɔ be, eye miagbe miaƒe ga la ƒe akpa aɖe nana Levitɔ siwo le mia dome o, elabena domenyinu alo agblemenuku aɖeke mele woawo si abe miawo ene o.
Ne zanemaruj levita koji bude u tvojim gradovima, jer on nema udjela ni baštine s tobom.
28 “Le ƒe etɔ̃lia ɖe sia ɖe me la, ele be miawɔ miaƒe nuwo ƒe ewolia katã ŋu dɔ hena dɔwɔwɔ le miaƒe nutowo me.
Na kraju svake treće godine iznesi svu desetinu svoga prihoda od te godine i položi je na svoja vrata.
29 Mitsɔe na Levitɔwo, ame siwo si domenyinu aɖeke mele le mia dome o alo miatsɔ wo ana amedzro, ahosi alo tsyɔ̃evi siwo le miaƒe du me ale be woaɖu nu aɖi ƒo. Ekema Yehowa, miaƒe Mawu la ayra mi kple miaƒe dɔwɔwɔwo.”
Pa neka dođe levit - jer nema udjela ni baštine s tobom - došljak, sirota i udovica koji budu živjeli u tvom gradu i neka jedu i neka se nasite. Tako će te blagoslivljati Jahve, Bog tvoj, u svim poslovima što ih tvoja ruka poduzme.