< Mose 5 13 >

1 “Ne nyagblɔɖila aɖe le mia dome alo ame si gblɔna be yeate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge to drɔ̃ekuku me,
“If there will have arisen in your midst a prophet, or someone who claims that he had seen a dream, and if he will have predicted sign and portent,
2 ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, ‘Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwo’ la,
and if what he has spoken happens, and he says to you, ‘Let us go and follow strange gods,’ which you have not known, ‘and let us serve them,’
3 migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o.
you shall not listen to the words of that prophet or dreamer. For the Lord your God is testing you, so that it may become clear whether or not you love him with all your heart and with all your soul.
4 Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu.
Follow the Lord your God, and fear him, and keep his commandments, and listen to his voice. Him shall you serve, and to him shall you cling.
5 “Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome.
But that prophet or forger of dreams shall be put to death. For he has spoken so as to turn you away from the Lord your God, who led you away from the land of Egypt and who redeemed you from the house of servitude, and so as to cause you to wander from the way that the Lord your God has entrusted to you. And so shall you remove the evil from your midst.
6 Ne nɔviwò ŋutsu, viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, srɔ̃wò lɔlɔ̃a, alo xɔwò vevitɔ kekeake si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene agblɔ na wò le adzame be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo (mawu siwo miawo ŋutɔ kple mia fofowo mienya o,
If your brother, the son of your mother, or your own son or daughter, or your wife who is in your bosom, or your friend, whom you love like your own soul, were willing to persuade you secretly, saying: ‘Let us go, and serve foreign gods,’ which neither you nor your fathers have known,
7 dukɔ siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, mawu siwo te ɖe mia ŋu alo le adzɔge ʋĩi, tso anyigba ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu’ la),
gods from any of the surrounding nations, whether these are near or far away, from the beginning even to the end of the earth,
8 migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o.
you should neither agree with him, nor listen to him. And your eye should not spare him so that you take pity on him and conceal him.
9 Miwui! Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eye ame bubuawo katã ƒe asi akpe ɖe ŋuwò.
Instead, you shall put him to death promptly. Let your hand be upon him first, and after that, let the hands of all the people be sent forth.
10 Miƒu kpee wòaku, elabena edze agbagba be yeahe mi ɖa tso Yehowa, mia Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egipte la gbɔ.
He shall be killed by being overwhelmed with stones. For he was willing to draw you away from the Lord your God, who led you away from the land of Egypt, from the house of servitude.
11 Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o.
So may all of Israel, upon hearing this, be afraid, so that nothing like this will ever be done again.
12 “Ne miele du siwo Yehowa miaƒe Mawu na mi me, eye miese
If, in one of your cities which the Lord your God will give to you as a habitation, you hear someone say:
13 be yakame aɖewo tso miaƒe dukɔ me kplɔ miaƒe dumetɔ aɖewo trae be, ‘Woasubɔ mawu siwo miesubɔ kpɔ o’ la,
‘The sons of Belial have departed from your midst, and they have persuaded the inhabitants of their city, and they have said: “Let us go, and serve strange gods,”’ which you have not known:
14 miku nya la gɔme nyuie. Ne enye nyateƒe be nu vɔ̃ɖi sia va eme la,
inquire carefully and diligently, seeking the truth of the matter. And if you find that what was said is certain, and that this abomination is a work which has been perpetrated,
15 ekema ele be miaho aʋa ɖe du ma ŋu. Miwu dua me tɔwo kple lãwo katã hã. Migbã du la gudugudu.
you shall promptly strike down the inhabitants of that city with the edge of the sword. And you shall destroy it, along with all the things that are in it, even the flocks.
16 Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o.
Then all the household goods which are there, you shall gather together in the midst of its streets, and you shall set fire to these, along with the city itself, so that you may consume everything for the Lord your God, and so that it may be an everlasting tomb. It shall no longer be built up.
17 Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene.
And there shall remain nothing of that anathema in your hand, so that the Lord may turn from the wrath of his fury, and may take pity on you, and may multiply you, just as he swore to your fathers,
18 Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”
when you will heed the voice of the Lord your God, keeping all his precepts, which I am entrusting to you this day, so that you may do what is pleasing in the sight of the Lord your God.”

< Mose 5 13 >