< Mose 5 11 >

1 “Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi.
ואהבת את יהוה אלהיך ושמרת משמרתו וחקתיו ומשפטיו ומצותיו--כל הימים
2 Miɖo to! Nyemele nu ƒom fifia na mia viwo, ame siwo mekpɔ eƒe tohehe na Egiptetɔwo alo eƒe gãnyenye kple ŋusẽ teƒe kpɔ o.
וידעתם היום כי לא את בניכם אשר לא ידעו ואשר לא ראו את מוסר יהוה אלהיכם את גדלו--את ידו החזקה וזרעו הנטויה
3 Womenɔ afi ma kpɔ nukunu siwo wòwɔ le Egipte ɖe Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu o.
ואת אתתיו ואת מעשיו אשר עשה בתוך מצרים--לפרעה מלך מצרים ולכל ארצו
4 Womekpɔ nu si Mawu wɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔwo, woƒe sɔwo kple tasiaɖamwo, ale si wònyrɔ wo ɖe Ƒu Dzĩ la me esi wodze mia yome kple ale si Yehowa na woƒe ŋusẽ ɖe mia ŋu nu ku va se ɖe egbeŋkeke sia dzi o!
ואשר עשה לחיל מצרים לסוסיו ולרכבו אשר הציף את מי ים סוף על פניהם ברדפם אחריכם ויאבדם יהוה עד היום הזה
5 Womekpɔ ale si Yehowa kpɔ mia dzi ɣe sia ɣi le ƒe siwo katã me mienɔ tsaglalã tsam le gbedzi va se ɖe esime mieɖo afi sia o.
ואשר עשה לכם במדבר עד באכם עד המקום הזה
6 Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o!
ואשר עשה לדתן ולאבירם בני אליאב בן ראובן אשר פצתה הארץ את פיה ותבלעם ואת בתיהם ואת אהליהם--ואת כל היקום אשר ברגליהם בקרב כל ישראל
7 “Ke miawo la, miekpɔ Yehowa ƒe nukunu gã siawo teƒe,
כי עיניכם הראת את כל מעשה יהוה הגדל אשר עשה
8 eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe.
ושמרתם את כל המצוה אשר אנכי מצוך היום--למען תחזקו ובאתם וירשתם את הארץ אשר אתם עברים שמה לרשתה
9 Ne miewɔ seawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye wòadze edzi na mi le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo la dzi. Anyigba la nye anyigba wɔnuku aɖe si dzi ‘notsi kple anyitsi bɔ ɖo!’
ולמען תאריכו ימים על האדמה אשר נשבע יהוה לאבתיכם לתת להם ולזרעם--ארץ זבת חלב ודבש
10 Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o.
כי הארץ אשר אתה בא שמה לרשתה--לא כארץ מצרים הוא אשר יצאתם משם אשר תזרע את זרעך והשקית ברגלך כגן הירק
11 Anyigba nyui aɖe si dzi towo kple balimewo le, eye tsi dzana le nyuie la wònye,
והארץ אשר אתם עברים שמה לרשתה--ארץ הרים ובקעת למטר השמים תשתה מים
12 anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu la ŋutɔ léa be na, eye eƒe ŋku le anyigba la ŋu ɣe sia ɣi tso ŋkeke yi ŋkeke le ƒe blibo la me!
ארץ אשר יהוה אלהיך דרש אתה תמיד עיני יהוה אלהיך בה--מרשית השנה ועד אחרית שנה
13 “Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la,
והיה אם שמע תשמעו אל מצותי אשר אנכי מצוה אתכם היום--לאהבה את יהוה אלהיכם ולעבדו בכל לבבכם ובכל נפשכם
14 ekema agana adametsi kple kelemetsi nadza na mi ale be miate ŋu akpɔ bli fũu kple waintsetse geɖewo kple ami sɔ gbɔ.
ונתתי מטר ארצכם בעתו יורה ומלקוש ואספת דגנך ותירשך ויצהרך
15 Ana lãnyiƒe damawo mi hena miaƒe lãwo, eye miawo ŋutɔ miakpɔ nu aɖu, aɖi ƒo nyuie.
ונתתי עשב בשדך לבהמתך ואכלת ושבעת
16 “Ke mikpɔ nyuie be miaƒe dzi nagatrɔ le Yehowa yome be miasubɔ mawu bubuwo o.
השמרו לכם פן יפתה לבבכם וסרתם ועבדתם אלהים אחרים והשתחויתם להם
17 Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi,
וחרה אף יהוה בכם ועצר את השמים ולא יהיה מטר והאדמה לא תתן את יבולה ואבדתם מהרה מעל הארץ הטבה אשר יהוה נתן לכם
18 eya ta milé se siawo ɖe ta me. Mibla wo ɖe miaƒe asiwo ŋu ale be woanɔ ŋku dzi na mi, eye miawɔ wo dzi. Mibla wo ɖe miaƒe ŋgonu le miaƒe ŋkuwo dome.
ושמתם את דברי אלה על לבבכם ועל נפשכם וקשרתם אתם לאות על ידכם והיו לטוטפת בין עיניכם
19 Mifia wo mia viwo; miƒo nu na wo tso wo ŋu ne miele aƒe me, ne miele tsa ɖim, le anyimlɔɣi kple do ŋgɔ na ŋdinuɖuɖu!
ולמדתם אתם את בניכם לדבר בם בשבתך בביתך ובלכתך בדרך ובשכבך ובקומך
20 Miŋlɔ wo ɖe miaƒe ʋɔtrutiwo ŋu le miaƒe aƒewo me kple miaƒe agbowo ŋu,
וכתבתם על מזוזות ביתך ובשעריך
21 ale be zi ale si dziŋgɔli anɔ anyi le mia tame ko la, mi kple mia viwo miakpɔ gome le agbe vivi si le mia lalam le anyigba si ŋugbe Yehowa do na mia fofowo la dzi.
למען ירבו ימיכם וימי בניכם על האדמה אשר נשבע יהוה לאבתיכם לתת להם--כימי השמים על הארץ
22 “Ne miewɔ ɖe se siwo katã mede na mi dzi pɛpɛpɛ, ne mielɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, ne miezɔ ɖe eƒe ɖoɖowo katã dzi, eye mielé ɖe eŋu la,
כי אם שמר תשמרון את כל המצוה הזאת אשר אנכי מצוה אתכם--לעשתה לאהבה את יהוה אלהיכם ללכת בכל דרכיו--ולדבקה בו
23 ekema Yehowa anya dukɔwo katã ɖa le mia ŋgɔ, aleke gbegbe woasɔ gbɔ wu mi, eye woasẽ wu mi hã!
והוריש יהוה את כל הגוים האלה מלפניכם וירשתם גוים גדלים ועצמים מכם
24 Afi sia afi si miaɖo afɔe la, anyigba la anye mia tɔ. Miaƒe liƒowo akeke tso Negeb ƒe anyigbeme ayi Lebanon, agatso Frat tɔsisi la ŋu, ayi Domeƒu la ŋu.
כל המקום אשר תדרך כף רגלכם בו--לכם יהיה מן המדבר והלבנון מן הנהר נהר פרת ועד הים האחרון--יהיה גבלכם
25 Ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe mia nu o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la ade vɔvɔ̃ ameawo me ɖe mia ŋu do ŋgɔ na mi, afi sia afi si miayi abe ale si wòdo ŋugbe na mi ene tututu.
לא יתיצב איש בפניכם פחדכם ומוראכם יתן יהוה אלהיכם על פני כל הארץ אשר תדרכו בה כאשר דבר לכם
26 “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom egbea be miatia.
ראה אנכי נתן לפניכם--היום ברכה וקללה
27 Miaxɔ yayra ne miewɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe se siwo metsɔ le mia nam egbe la dzi,
את הברכה--אשר תשמעו אל מצות יהוה אלהיכם אשר אנכי מצוה אתכם היום
28 ke fiƒode ava mia dzi ne miegbe seawo dzi wɔwɔ, eye miesubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawuwo.
והקללה אם לא תשמעו אל מצות יהוה אלהיכם וסרתם מן הדרך אשר אנכי מצוה אתכם היום ללכת אחרי אלהים אחרים--אשר לא ידעתם
29 Ne Yehowa, miaƒe Mawu la kplɔ mi yi anyigba la dzi be miaxɔe la, ekema woaɖe gbeƒã yayra le Gerizim to dzi, eye woaɖe gbeƒã fiƒode le Ebal to dzi!
והיה כי יביאך יהוה אלהיך אל הארץ אשר אתה בא שמה לרשתה--ונתתה את הברכה על הר גרזים ואת הקללה על הר עיבל
30 Gerizim kple Ebal wonye towo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo, afi si Kanaantɔwo le, le gbegbe si te ɖe Gilgal ŋu, afi si More ƒe ati gãwo le.
הלא המה בעבר הירדן אחרי דרך מבוא השמש בארץ הכנעני הישב בערבה--מול הגלגל אצל אלוני מרה
31 Mitso Yɔdan tɔsisi la, eye mianɔ anyigba si Yehowa, miaƒe Mawu le mia nam la dzi.
כי אתם עברים את הירדן לבא לרשת את הארץ אשר יהוה אלהיכם נתן לכם וירשתם אתה וישבתם בה
32 Ke ele na mi be miawɔ ɖe se siwo katã mele mia nam egbea la dzi.”
ושמרתם לעשות את כל החקים ואת המשפטים אשר אנכי נתן לפניכם היום

< Mose 5 11 >