< Mose 5 10 >
1 “Yehowa gblɔ nam ɣe ma ɣi be makpa kpe eve bubu abe gbãtɔwo ene, matsɔ ati akpa aɖaka aɖe si me woatsɔ kpe eveawo adzra ɖo la, eye matrɔ ava ye, Mawu gbɔ le toa dzi.
その時、主はわたしに言われた、『おまえは、前のような石の板二枚を切って作り、山に登って、わたしのもとにきなさい。また木の箱一つを作りなさい。
2 Egblɔ nam be yeagbugbɔ se siwo tututu yeŋlɔ ɖe kpe siwo megbã dzi la aŋlɔ ɖe kpe yeyeawo dzi, eye matsɔ wo ade Aɖaka la me.
さきにおまえが砕いた二枚の板に書いてあった言葉を、わたしはその板に書きしるそう。おまえはそれをその箱におさめなければならない』。
3 Ale metsɔ akasiati wɔ Aɖaka la. Mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene hetsɔ wo yi na Yehowa le to la dzi.
そこでわたしはアカシヤ材の箱一つを作り、また前のような石の板二枚を切って作り、その二枚の板を手に持って山に登った。
4 Egaŋlɔ Se Ewoawo ɖe wo dzi tsɔ nam. Wonye se siwo tututu wònam tso dzo bibi la ƒe titina le toa dzi le mi katã ŋkume le to la te.
主はかつて、かの集会の日に山で火の中からあなたがたに告げられた十誡を書きしるされたように、その板に書きしるし、それを主はわたしに授けられた。
5 Meɖi eye metsɔ kpe eveawo de Aɖaka si mekpa la me. Wole afi ma va se ɖe egbe abe ale si Yehowa ɖo nam ene.
それでわたしは身をめぐらして山から降り、その板を、わたしが作った箱におさめた。今なおその中にある。主がわたしに命じられたとおりである。
6 “Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe.
(こうしてイスラエルの人々はベエロテ・ベネ・ヤカンを出立してモセラに着いた。アロンはその所で死んでそこに葬られ、その子エレアザルが彼に代って祭司となった。
7 “Wozɔ mɔ yi Gudgoda heyi Yotbata, afi si tsi bɔ ɖo.
またそこを出立してグデゴダに至り、グデゴダを出立してヨテバタに着いた。この地には多くの水の流れがあった。
8 Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene.
その時、主はレビの部族を選んで、主の契約の箱をかつぎ、主の前に立って仕え、また主の名をもって祝福することをさせられた。この事は今日に及んでいる。
9 Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu.
そのためレビは兄弟たちと一緒には分け前がなく、嗣業もない。あなたの神、主が彼に言われたとおり、主みずからが彼の嗣業であった。)
10 Abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, menɔ to la dzi le Yehowa ŋkume zi evelia ŋkeke blaene kple zã blaene, abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene. Yehowa ɖo to nye kokoƒoƒo, eye metsrɔ̃ mi o.
わたしは前の時のように四十日四十夜、山におったが、主はその時にもわたしの願いを聞かれた。主はあなたを滅ぼすことを望まれなかった。
11 “Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’”
そして主はわたしに『おまえは立ちあがり、民に先立って進み行き、わたしが彼らに与えると、その先祖に誓った地に彼らをはいらせ、それを取らせよ』と言われた。
12 “Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo,
イスラエルよ、今、あなたの神、主があなたに求められる事はなんであるか。ただこれだけである。すなわちあなたの神、主を恐れ、そのすべての道に歩んで、彼を愛し、心をつくし、精神をつくしてあなたの神、主に仕え、
13 eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò?
また、わたしがきょうあなたに命じる主の命令と定めとを守って、さいわいを得ることである。
14 Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ.
見よ、天と、もろもろの天の天、および地と、地にあるものとはみな、あなたの神、主のものである。
15 Ke mia fofowo ƒe nu nyo eŋu, eye wòlɔ̃ wo ale gbegbe be wòtia mi, wo viwo, be miaƒo dukɔwo katã ta abe ale si wòle dzedzem egbe ene,
そうであるのに、主はただあなたの先祖たちを喜び愛し、その後の子孫であるあなたがたを万民のうちから選ばれた。今日見るとおりである。
16 eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ.
それゆえ、あなたがたは心に割礼をおこない、もはや強情であってはならない。
17 “Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o.
あなたがたの神である主は、神の神、主の主、大いにして力ある恐るべき神にましまし、人をかたより見ず、また、まいないを取らず、
18 Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo.
みなし子とやもめのために正しいさばきを行い、また寄留の他国人を愛して、食物と着物を与えられるからである。
19 Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ.
それゆえ、あなたがたは寄留の他国人を愛しなさい。あなたがたもエジプトの国で寄留の他国人であった。
20 Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi.
あなたの神、主を恐れ、彼に仕え、彼に従い、その名をさして誓わなければならない。
21 Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ.
彼はあなたのさんびすべきもの、またあなたの神であって、あなたが目に見たこれらの大いなる恐るべき事を、あなたのために行われた。
22 Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!”
あなたの先祖たちは、わずか七十人でエジプトに下ったが、いま、あなたの神、主はあなたを天の星のように多くされた。