< Daniel 6 >
1 Edze Darius ŋu be wòatia dumegã alafa ɖeka blaeve be woaɖu dzi le dukɔa me
Now it pleased Darius to appoint 120 satraps to rule throughout the kingdom,
2 eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o.
and over them three administrators, including Daniel, to whom these satraps were accountable so that the king would not suffer loss.
3 Azɔ la, Daniel ɖe eɖokui fia le amegãwo kple dziɖulawo dome kple eƒe ŋutete tɔxɛwo ale gbegbe be fia la ɖo be yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu.
Soon, by his extraordinary spirit, Daniel distinguished himself among the administrators and satraps. So the king planned to set him over the whole kingdom.
4 Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o.
Thus the administrators and satraps sought a charge against Daniel concerning the kingdom, but they could find no charge or corruption, because he was trustworthy, and no negligence or corruption was found in him.
5 Mlɔeba la, ame siawo gblɔ be, “Míate ŋu akpɔ nutsotso aɖeke le ame sia, Daniel ŋu o, negbe ne nya la ku ɖe eƒe Mawu ƒe se ŋuti ko!”
Finally these men said, “We will never find any charge against this Daniel, unless we find something against him concerning the law of his God.”
6 Ale amegãwo kple dziɖulawo ƒo ƒu yi fia la gbɔ eye wogblɔ nɛ be, “O Fia Darius, nɔ agbe tegbee!
So the administrators and satraps went together to the king and said, “O King Darius, may you live forever!
7 Dɔdzikpɔlawo, tatɔwo, dziɖulawo, aɖaŋuɖolawo kple mɔmefiawo katã ɖoe be fia la nade se si ana be ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu aɖe alo ame aɖe ŋkeke blaetɔ̃ siwo le mía ŋgɔ me eye menye na wò, O fia, o la, woalée ade dzatawo ƒe do me
All the royal administrators, prefects, satraps, advisers, and governors have agreed that the king should establish an ordinance and enforce a decree that for thirty days anyone who petitions any god or man except you, O king, will be thrown into the den of lions.
8 Azɔ la, O fia, de se la eye nàna woaŋlɔe ale be womate ŋu atrɔe o, le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu eye womate ŋu atrɔe o.”
Therefore, O king, establish the decree and sign the document so that it cannot be changed—in accordance with the law of the Medes and Persians, which cannot be repealed.”
9 Ale Fia Darius na woŋlɔ se la.
Therefore King Darius signed the written decree.
10 Esi Daniel se be woŋlɔ se la kaka la, eyi ɖe eƒe aƒe me, ge ɖe eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòʋu fesrẽ siwo woʋuna dona ɖe Yerusalem gbɔ la da ɖi. Edzea klo, doa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe, daa akpe na eƒe Mawu abe ale si wòwɔna tsã ene.
Now when Daniel learned that the document had been signed, he went into his house, where the windows of his upper room opened toward Jerusalem, and three times a day he got down on his knees, prayed, and gave thanks to his God, just as he had done before.
11 Tete ame siawo yi le ha me ɖakpɔ Daniel wònɔ gbe dom ɖa henɔ kpekpeɖeŋu biam Mawu.
Then these men went as a group and found Daniel petitioning and imploring his God.
12 Ale woyi fia la gbɔ eye woƒo nu nɛ tso se si wòde la ŋuti. Wobiae be, “Ɖe mèŋlɔ sedede aɖe be le ŋkeke blaetɔ̃ siwo gbɔna me la, ame sia ame si ado gbe ɖa na mawu alo amegbetɔ aɖe si manye wò, fia o la, woalée ade dzatawo ƒe do me oa?” Fia la ɖo eŋu be, “Se la li eye le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe sewo nu la, womate ŋu atrɔe o.”
So they approached the king and asked about his royal decree: “Did you not sign a decree that for thirty days any man who petitions any god or man except you, O king, will be thrown into the den of lions?” The king replied, “According to the law of the Medes and Persians the order stands, and it cannot be repealed.”
13 Tete wogblɔ na fia la be, “O fia, Daniel, ame si nye aboyome siwo tso Yuda la dometɔ ɖeka la metsɔa ɖeke le eme na wò alo lé se si nèna woŋlɔ la me ɖe asi o. Egadoa gbe ɖa zi etɔ̃ gbe sia gbe kokoko.”
Then they told the king, “Daniel, one of the exiles from Judah, shows no regard for you, O king, or for the decree that you have signed. He still makes his petition three times a day.”
14 Esi fia la se nya sia la, ese veve ŋutɔ. Eɖo kplikpaa be yeaɖe Daniel eye wòdze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖee va se ɖe ɣe ɖo to.
As soon as the king heard this, he was deeply distressed and set his mind on delivering Daniel, and he labored until sundown to rescue him.
15 Tete ameawo yi fia la gbɔ le ha me eye wogblɔ nɛ be, “Ɖo ŋku edzi, O fia, be le Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se nu la, womate ŋu atrɔ se aɖeke si fia de la o.”
Then the men approached the king together and said to him, “Remember, O king, that by the law of the Medes and Persians no decree or ordinance established by the king can be changed.”
16 Ale fia la ɖe gbe, wokplɔ Daniel vɛ eye wokɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Fia la gblɔ na Daniel be, “Wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la naɖe wò!”
So the king gave the order, and they brought Daniel and threw him into the den of lions. The king said to Daniel, “May your God, whom you serve continually, deliver you!”
17 Wokɔ kpe aɖe da ɖe doa nu eye fia la tsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe ame ŋkutawo ƒe ŋkɔsigɛwo tre do la nu ale be womagatrɔ nya si dzɔ ɖe Daniel dzi la o.
A stone was brought and placed over the mouth of the den, and the king sealed it with his own signet ring and with the rings of his nobles, so that nothing concerning Daniel could be changed.
18 Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o.
Then the king went to his palace and spent the night fasting. No entertainment was brought before him, and sleep fled from him.
19 Le ŋdi kanya esi dzite tso ko la, fia la fɔ eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ.
At the first light of dawn, the king got up and hurried to the den of lions.
20 Esi wòte ɖe do la ŋu la, eyɔ Daniel kple nublanuigbe be, “Daniel, Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu si nèsubɔna atraɖii la te ŋu ɖe wò tso dzatawo ƒe asi mea?”
When he reached the den, he cried out in a voice of anguish, “O Daniel, servant of the living God, has your God, whom you serve continually, been able to deliver you from the lions?”
21 Daniel ɖo eŋu be, “O fia, nɔ agbe tegbee!
Then Daniel replied, “O king, may you live forever!
22 Nye Mawu ɖo eƒe dɔla aɖe ɖa eye wòde ga nu na dzataawo. Womewɔ nuvevi aɖekem o elabena nyemeɖi fɔ aɖeke le Mawu ŋkume o eye nenema ke nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ le wò ŋkume o, O fia.”
My God sent His angel and shut the mouths of the lions. They have not hurt me, for I was found innocent in His sight, and I have done no wrong against you, O king.”
23 Tete fia la kpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye wòɖe gbe be woaɖe Daniel le do la me. Esi woɖe Daniel le do la me la, womekpɔ abi aɖeke le eŋu o elabena eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu.
The king was overjoyed and gave orders to lift Daniel out of the den, and when Daniel was lifted out of the den, no wounds whatsoever were found on him, because he had trusted in his God.
24 Le fia la ƒe gbeɖeɖe nu la, wolé ame siwo tsɔ aʋatsonya ɖe Daniel ŋu la de dzatawo ƒe do la me kple wo srɔ̃wo kple wo viwo. Womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzataawo lé wo, vuvu wo eye wogbã woƒe ƒuwo o.
At the command of the king, the men who had falsely accused Daniel were brought and thrown into the den of lions—they and their children and wives. And before they had reached the bottom of the den, the lions overpowered them and crushed all their bones.
25 Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be, “Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!”
Then King Darius wrote to the people of every nation and language throughout the land: “May your prosperity abound.
26 Nyee de se be le nye fiaɖuƒea me la, ame sia ame navɔ̃ eye wòade bubu Daniel ƒe Mawu ŋu.
I hereby decree that in every part of my kingdom, men are to tremble in fear before the God of Daniel: For He is the living God, and He endures forever; His kingdom will never be destroyed, and His dominion will never end.
27 Eɖea ame eye wòxɔna na ame.
He delivers and rescues; He performs signs and wonders in the heavens and on the earth, for He has rescued Daniel from the power of the lions.”
28 Ale eme nyo na Daniel le Darius ƒe fiaɖuɣi kple Persiatɔ, Sirus ƒe fiaɖuɣi.
So Daniel prospered during the reign of Darius and the reign of Cyrus the Persian.