< Daniel 4 >
1 Gbedeasi tso Fia Nebukadnezar, Gbɔ na amewo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me tɔwo le xexea me katã. Eme nenyo na mi katã!
Ruoth Nebukadneza, Nolando ni ji duto gi ogendini kod ji moa e dhoudi mopogore opogore modak e piny ngima niya: Mad udag e ngima maber kod kwe.
2 Enye dzidzɔ nam be maɖi ɖase na mi tso dzesi wɔnuku kple nukunu siwo Mawu, Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nam la ŋuti.
En morna mondo anyisu kuom honni gi ranyisi miwuoro ma Nyasaye Mamalo Mogik osetimona.
Mano kaka ranyisi mage dongo,
4 Nye, Nebukadnezar, menɔ aƒe me le fiasã la me; meɖe dzi ɖi bɔkɔɔ eye nuwo dze edzi nam.
An Nebukadneza, noyudo ka an e dalana mar loch ka adhi maber kendo achano mwanduna.
5 Meku drɔ̃e aɖe si na vɔvɔ̃ ɖom. Esi memlɔ nye aba dzi la, ɖeɖefia kple ŋutega siwo va to nye susu me la do ŋɔdzi nam.
Kane oyudo anindo e kitandana, ne aleko lek mane obwoga, omiyo ne abedo gi luoro ahinya.
6 Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam.
Kuom mano nagolo chik mondo okel jomariek duto mag Babulon e nyima mondo olokna tiend lekno.
7 Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o.
Omiyo ajuoke, gi jokor wach, gi jorieko ma jo-Kaldea, gi jo-nyakalondo duto nobiro, mine anyisogi lekno, to ne ok ginyal lokona tiende.
8 Mlɔeba la, Daniel do ɖe nye ŋkume eye melĩ drɔ̃e la nɛ. Wotsɔ nye mawu ƒe ŋkɔ nɛ be, Beltesazar eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme.
Mogik, Daniel nobiro e nyima kendo ne anyise leknano. (Daniel iluongo gi nying nyasacha ni Belteshazar, kendo chuny mar nyiseche maler ni kuome.)
9 Megblɔ be, “Beltesazar, akunyawɔlawo ƒe fia, menya be mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye nya ɣaɣla aɖeke mesesẽ akpa na wò o. Nye drɔ̃e lae nye esi, ɖe egɔme nam.
Ne awachone niya, “Belteshazar ajwoga moloyo ajuoke duto, angʼeyo ni chuny mar nyiseche maler ni kuomi, kendo onge midhiero moro amora matek manyalo tami. Lekna ema, loknago.
10 Esiawoe nye ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi. Mekpɔ ati aɖe le nye ŋkume le anyigba la titina. Ekɔ ŋutɔ.
Lek mane aneno kane anindo e kitandana ema: Ne aneno e nyima yien moro mochungʼ e chuny piny kendo yien-no ne bor ahinya.
11 Ati la tsi, lolo, sẽ eye eƒe tame tɔ dziŋgɔli.
Yien-no nodongo maduongʼ kendo motegno, kendo wiye nochopo nyaka e polo, to bende ne inyalo nene e tungʼ piny koni gi koni.
12 Eƒe aŋugbawo nya kpɔ ŋutɔ, eƒe kutsetsewo sɔ gbɔ ŋutɔŋutɔ eye nuɖuɖu le edzi na ame sia ame. Dziƒoxeviwo nɔ eƒe alɔwo dzi. Nu gbagbe ɖe sia ɖe kpɔa nuɖuɖu tsoa egbɔ.
It yien-no ne beyo, bende olembene ne ogundho, kendo gik moko duto ne yudo chiembgi kuome. Tipone ema ne le mag bungu duto oloso kuonde dak mag-gi, kendo winy mafuyo e kor polo nodak e bedene. Gik mangima duto ne yudo chiembgi kuome.
13 “Le ŋutega siwo mekpɔ esi memlɔ nye aba dzi me la, mekpɔ nu, eye nye dɔla aɖe tsi tsitre ɖe nye ŋkume. Enye ame kɔkɔe aɖe si ɖi tso dziƒo.
“Kane pod aparo lek mane aleko, to ne jaote mar Nyasaye obiro ka olor oa e polo.
14 Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi.
Nokok gi dwol maduongʼ ni, ‘Tongʼ yien-no oko kendo lwer bedene kod obokene kendo iwit olembene mabor. Le duto modak e tipone kod winy mogedo e bedene mondo oringi.
15 Ke na eƒe takpo la kple eƒe kewo nanɔ babla kple gayibɔ kple akɔbli eye wòanɔ tome le gbe siwo le gbedzi la dome. “‘Na dziƒozãmu naƒoe eye nàna wòanɔ agbe kple lãwo le anyigba la ƒe nu miemiewo dome.
Osiki mare gi tiendene to we kodongʼ ei lowo, kitweye gi nyinyo kod mula, e dier lum madongo e bungu. “‘Weye mondo thoo omiye ngʼich, kendo odag kaachiel gi le e dier yiende mag piny.
16 Na woatrɔ eƒe amegbetɔ ƒe susu wòazu gbemelã tɔ va se ɖe esime ƒe adre nava yi.
Pache mondo olokre mi pogre gi pach dhano, to mondo omiye paro mar kit le moro, kuom higni abiriyo.
17 “‘Dɔla kɔkɔewo ɖe gbeƒã nyametsotso sia ale be ame nɔagbewo nanya be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi eye wòtsɔa wo katã naa ame sia ame si wòlɔ̃ eye wòtsɔa ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la ɖoa wo nu.’
“‘Malaike ma jorit ema ongʼado kalando wachni ni nyaka otimre, mondo joma ngima ongʼe ni Nyasaye Mamalo Mogik nigi teko ewi pinjeruodhi, kendo en ema ochiwogi ni ngʼato angʼata mohero, kendo onyalo keto dhano adhana mondo otel ni ji.’
18 “Esia nye drɔ̃e si nye Fia Nebukadnezar meku. Azɔ la, Beltesazar ɖe egɔme nam, elabena nunyala siwo katã le nye fiaɖuƒe me la dometɔ aɖeke mate ŋu aɖe egɔme nam o. Ke wò ya la, àte ŋui elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.”
“Ma e lek maseleko, an ruoth Nebukadneza awuon. Koro, Belteshazar, nyisa tiende, nikech onge ngʼato kata achiel e dier joma riek duto manie pinyruodha manyalo lokona tiende. To in inyalo, nikech chuny mar nyiseche maler ni kuomi.”
19 Tete Daniel, ame si woyɔna hã be Beltesazar la tɔtɔ ŋutɔ ɣeyiɣi aɖe eye eƒe susu do ŋɔdzi nɛ. Ale fia la gblɔ nɛ be, “Beltesazar, mègana drɔ̃e la kple eƒe gɔmeɖeɖe nado ŋɔdzi na wò o.” Beltesazar ɖo eŋu be, “Nye Aƒetɔ, ɖe drɔ̃e la aku ɖe wò futɔwo ŋu eye eƒe gɔmeɖeɖe alɔ ame siwo dia vɔ̃e na wò ɖe eme hafi!
Eka Daniel ma bende nochaki ni Belteshazar wachni nobwogo molingʼ kendo luoro nomake. Omiyo ruoth nowacho ni Belteshazar niya, “Kik kibaji goyi nikech lekno kata nikech gima tiende nyiso.” Belteshazar nodwoko niya, “Ruodha, ka dine bed ni lekni ne ni kuom wasiki kendo tiende ne ni kuom joma kedo kodi, to dine ber!
20 Ati si nèkpɔ wòlolo, sẽ, eƒe tame tɔ dziŋgɔli, eye wòdzena le anyigba la dzi
Yaye ruodha, yien mane ineno, mane odongo maduongʼ kendo motegno ma wiye ochopo e polo kendo nenore e piny ngima,
21 kple eƒe aŋugba dzeaniwo kple kutsetse sɔgbɔwo, ati si naa nuɖuɖu ame sia ame, wònye sitsoƒe na gbemelãwo, eye eƒe alɔwo nye dzudzɔƒe na dziƒoxeviwo lae nye
kendo ma ite beyo, manyago olemo mangʼeny, mamiyo gik moko duto chiemo, machiwo kar dak ne le mag bungu kendo ma winy mafuyo e kor polo e in.
22 wò ŋutɔ. O fia, wòe nye ati la! Èlolo eye nèsẽ ŋu, wò gãnyenye tsi va se ɖe esime wòtɔ dziŋgɔli eye wò fiaɖuƒe keke yi teƒe didiwo le anyigba dzi.
Ruoth isebedo maduongʼ kendo maratego; humbi osemedore mochopo e kor polo, kendo lochni ochweyo nyaka aa tungʼ piny koni gi koni.
23 “Wò, O fia, èkpɔ dɔla aɖe, ame kɔkɔe aɖe, wònɔ ɖiɖim tso dziƒo henɔ gbɔgblɔm na wò be, ‘Tso ati la ƒu anyi eye nàtsrɔ̃e gake nàgblẽ eƒe takpoa ɖe tome eye nàde gayibɔ kple akɔblikɔsɔkɔsɔe ɖe gbe damawo dome le esime eƒe kewo le tome. Na dziƒozãmu naƒoe, wòanɔ agbe abe gbemelãwo ene va se ɖe esime ƒe adre nava yi.’
“Yaye ruoth, ne ineno malaika ma jarit koa e polo, kawacho ni, ‘Tongʼ yien-no oko kendo ilwer bedene, to osiki odongʼ ei lowo, kitweyo gi nyinyo kod mula, e dier lum madongo e bungu. We mondo thoo omiye ngʼich kendo odag gi le adier yiende mag piny kuom higni abiriyo.’
24 “O fia, esiae nye drɔ̃e la ƒe gɔmeɖeɖe eye wònye ɖoɖo si Dziƒoʋĩtɔ la wɔ ɖe wò, nye aƒetɔ kple fia ŋuti.
“Yaye ruoth ma ruodha koro adwaro lokoni tiend leknino bende lekno nyiso bura ma Jal Man Malo Mogik osengʼadoni.
25 Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu.
Ibiro riembi e dier ji kendo ibiro dak gi le mager; ibiro chamo lum kaka dhiangʼ, kendo thoo biro miyi ngʼich. Ma notimreni kuom higni abiriyo manyaka ingʼe ni Jal Man Malo Mogik nigi teko ewi pinjeruodhi duto, kendo ochiwogi ne ngʼato angʼata ma chunye ohero.
26 Gbe si wòɖe be nàgblẽ ati la ƒe takpo kple kewo ɖe tome la gɔmee nye, woagbugbɔ wò fiaduƒe ana wò ne ède dzesii be, Dziƒoʋĩtɔ lae le fia ɖum.
Chik mane ogol mondo owe osiki mar yien gi tiendene nyiso ni pinyruodhi ibiro duogni chiengʼ ma iniyie ni polo ema nigi loch.
27 Eya ta, O fia, na wòadze ŋuwò be nàxɔ nye aɖaŋuɖoɖo. Ɖe asi le wò nu vɔ̃wo ŋuti to nu nyui wɔwɔ me, nàɖe asi le ŋutasesẽ ŋu to ame siwo wote ɖe anyi la nu veve me. Ekema ate ŋu ava eme be wò nunyonamewo agate ŋu ayi dzi.”
Emomiyo, yie iti gi rieko ma angʼadoni, yaye ruoth: Lokri iwe richoni itim gima kare, kendo we timbeni maricho ibed mangʼwon ne joma ithiro. Kitimo kamano, to dipo ka omedni ndalo mag ngima maber.”
28 Nu siawo katã dzɔ ɖe Fia Nebukadnezar dzi.
Gigi duto notimore ne ruoth Nebukadneza.
29 Le ɣleti wuieve megbe esime fia la nɔ tsa ɖim le eƒe fiasã la tame le Babilonia la,
Bangʼ dweche apar gariyo, kane ruoth wuotho ewi ode mamalo e piny Babulon,
30 egblɔ be, “Ɖe menye esiae nye Babilonia gã si metu abe nye fia la ƒe nɔƒe to nye ŋusẽ triakɔ kple nye fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe me ene oa?”
nowacho niya, “Ma donge e Babulon maduongʼ masegero gi tekra kod nyalona kaka kar dakna mondo onyis duongʼ mar lochna?”
31 Megblɔ nya siawo vɔ hafi gbe aɖe ɖi tso dziƒo o. Gbe la ɖi be, “Nu siwo woɖo be woadzɔ ɖe wò Fia Nebukadnezar dzi lae nye, woaxɔ wò fianyenye le asiwò.
Kane pok ruoth otieko wuoyo, dwol noa e polo kawacho niya, “Yaye ruoth Nebukadneza gima biro timoreni en ni pinyruodhi osemayi.
32 Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”
Ibiro riembi ia kuom ji kendo ibiro dak gi le mager; kichamo lum gi dhogi ka dhiangʼ kuom higni abiriyo kendo iningʼe ni Jal Man Malo Mogik nigi teko ewi pinjeruodhi duto kendo ochiwogi ni ngʼato angʼata mohero.”
33 Enumake nu si wogblɔ ɖe Nebukadnezar ŋu la va eme. Wonyae ɖa tso amewo dome eye wòɖu gbe abe nyi ene. Zãmu dza ɖe edzi va se ɖe esime eƒe taɖa to abe hɔ̃ ƒe fuwo ene eye eƒe fewo to abe xevi ƒe fewo ene.
To mana gie sechego gik mane owachi kuom Nebukadneza notimore. Noriembe oa kuom ji kendo nochamo lum gi dhoge ka dhiangʼ. Tho noloko dende mangʼich mi yie wiye nodongo ka yie ongo kendo kokene nodongo maboyo machal gi kok winyo.
34 Le ɣeyiɣi ma ƒe nuwuwu la, nye Nebukadnezar, mewu mo dzi, kpɔ dziƒo eye wogbugbɔ nye susu ɖo te nam. Tete mekafu Dziƒoʋĩtɔ la, mede bubu eŋu eye medoe ɖe dzi, eya ame si li tegbee.
Bangʼ ka higni abiriyogo noserumo, an Nebukadneza nangʼiyo polo, kendo pacha noduogo kare. Eka napako Jal Man Malo Mogik, mangima manyaka chiengʼ kamiye luor kod duongʼ kendo napake.
35 Wobua anyigbadzitɔwo katã
Ogendini duto manie piny
36 Le ɣe ma ɣi ke esi Mawu gbugbɔ nye susu ɖo te la, egbugbɔ nye bubu kple atsyɔ̃ hã nam hena nye fiaɖuƒe la ƒe bubu. Aɖaŋudelawo kple ametsitsiwo gbugbɔm ɖo nye fiazikpui dzi eye mexɔ ŋkɔ azɔ wu tsã gɔ̃ hã.
E sa ma pacha noduogeno, duongʼna gi lichna bende noduogna mondo pinyruodha ochak obed gi duongʼ. Jongʼadna rieko kod jodonga nomanya, kendo nochak oketa e lochna mi nabedo gi duongʼ moloyo kaka nachalo chon.
37 Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.
Koro an Nebukadneza, apako, adendo kendo amiyo Ruodh Polo duongʼ, nikech gik moko duto motimo nikare kendo yorene duto oriere tir. To joma wuotho ka sungore to odwoko piny.