< Daniel 12 >

1 “Le ɣe ma ɣi me la, Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã si dzɔa wò amewo ŋu la atso. Xaxaɣi si tɔgbi meva kpɔ o, tso dukɔwo ƒe gɔmedzedze va se ɖe ɣe ma ɣi la anɔ anyi. Ke le ɣe ma ɣi me, wo ame siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ ɖe agbegbalẽ la me la akpɔ xɔxɔ.
「那時,保佑你本國之民的天使長米迦勒必站起來,並且有大艱難,從有國以來直到此時,沒有這樣的。你本國的民中,凡名錄在冊上的,必得拯救。
2 Ame gbogbo siwo le alɔ̃ dɔm le anyigba ƒe tume la anyɔ, ɖewo na agbe mavɔ, eye bubuawo na ŋukpe kple vlododo mavɔ.
睡在塵埃中的,必有多人復醒。其中有得永生的,有受羞辱永遠被憎惡的。
3 Nunyalawo aklẽ abe dziƒoŋunuwo ene eye ame siwo fiaa dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ ame geɖewo la hã aklẽ abe ɣletiviwo ene tegbetegbe.
智慧人必發光如同天上的光;那使多人歸義的,必發光如星,直到永永遠遠。
4 Ke wò, Daniel, dzra nya siawo ɖo eye nàtre lãgbalẽgbalẽ la me nyawo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo. Ame geɖewo ayi afii kple afi mɛ be yewoadzi yewoƒe nunya ɖe edzi.”
但以理啊,你要隱藏這話,封閉這書,直到末時。必有多人來往奔跑,知識就必增長。」
5 Tete nye, Daniel, mefɔ mo dzi eye, kpɔ ɖa, ame bubu eve le tsitre ɖe nye ŋkume, ɖeka le tɔsisi la ƒe go sia dzi eye evelia le go kemɛ dzi.
我-但以理觀看,見另有兩個人站立:一個在河這邊,一個在河那邊。
6 Wo dometɔ ɖeka gblɔ na ame si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame be, “Va sa ɖe ɣe ka ɣi hafi nu manyatalenu siawo ava eme?”
有一個問那站在河水以上、穿細麻衣的說:「這奇異的事到幾時才應驗呢?」
7 Ŋutsu si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye wòle tsitre ɖe tɔsisi la tame la, do eƒe ɖusibɔ kple miabɔ ɖe dziƒo eye mese wòta ame si le agbe tso mavɔ me yi mavɔ me la gblɔ be, “Anye le ƒe ɖeka, ƒe eve alo ƒe afã megbe, nenye be woŋe ame kɔkɔeawo ƒe ŋusẽ mlɔeba la, ekema nu siawo katã ava eme.”
我聽見那站在河水以上、穿細麻衣的,向天舉起左右手,指着活到永遠的主起誓說:「要到一載、二載、半載,打破聖民權力的時候,這一切事就都應驗了。」
8 Mesee gake nyemese egɔme o. Ale mebiae be, “Nye Aƒetɔ, nu ka anye nu siawo ƒe metsonu?”
我聽見這話,卻不明白,就說:「我主啊,這些事的結局是怎樣呢?」
9 Eɖo eŋu nam be, “Daniel, heyi elabena wowu nyawo nu eye wotre wo nu va se ɖe esime nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo.
他說:「但以理啊,你只管去;因為這話已經隱藏封閉,直到末時。
10 Woakɔ ame geɖewo ŋu, awɔ wo dzadzɛe, ɖiƒoƒo aɖeke manɔ wo ŋu o gake ame vɔ̃ɖiwo ya aganɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi ko. Ame vɔ̃ɖi aɖeke mase egɔme o gake nunyalawo ya ase egɔme.
必有許多人使自己清淨潔白,且被熬煉;但惡人仍必行惡,一切惡人都不明白,惟獨智慧人能明白。
11 “Tso esime wotsi gbe sia gbe ƒe vɔsawo nu, eye woɖo ŋunyɔnu si hea gbegblẽ vɛ te la, anye ŋkeke akpe ɖeka, alafa eve blaasiekɛ.
從除掉常獻的燔祭,並設立那行毀壞可憎之物的時候,必有一千二百九十日。
12 Woayra ame si do dzi, eye wònɔ te va se ɖe ŋkeke akpe ɖeka, alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ ƒe nuwuwu.
等到一千三百三十五日的,那人便為有福。
13 “Ke wò la, lé wò mɔ ɖe asi va se ɖe nuwuwu. Wò la, àdzudzɔ, eye le ŋkekeawo ƒe nuwuwu la, àtsi tsitre, eye nàxɔ domenyinu si nye wò gome.”
「你且去等候結局,因為你必安歇。到了末期,你必起來,享受你的福分。」

< Daniel 12 >