< Daniel 11 >
1 Le Midiatɔ, Darius ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la, meɖoe ɖokuinye dzi be made megbe nɛ eye makpɔ eƒe agbe ta.
我はまたメデア人ダリヨスの元年にかれを助け彼に力をそへたる事ありしなり
2 “Azɔ la, magblɔ nyateƒe la na wò. Fia etɔ̃ agava zi dzi le Persia, enelia akplɔ wo ɖo, ame si akpɔ hotsui wu fia siwo katã do ŋgɔ nɛ. Ne eva kpɔ ŋusẽ to eƒe hotsuikpɔkpɔ me la, ade adã ta me na amewo katã ɖe Grik fiaɖuƒe la ŋu.
我いま眞實を汝に示さん視よ此後ペルシヤに三人の王興らんその第四の者は富ること一切の者に勝りその富強の大なるを恃みて一切を激發してギリシヤの國を攻ん
3 Emegbe fia sesẽ aɖe ava zi dzi, ame si aɖu fia kple asi sesẽ eye wòawɔ nu sia nu si adze eŋu.
また一箇の強き王おこり大なる威權を振ふて世を治めその意のままに事を爲ん
4 Ne eva zi dzi teti ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, amae ɖe dziƒoya eneawo dzi. Fiaɖuƒe la manɔ anyi na eƒe dzidzimeviwo alo wòawɔ ŋusẽ si le esi la ŋu dɔ o, elabena woaxɔ eƒe fiaɖuƒe la atsɔ ana ame bubuwo.
但し彼の正に旺盛なる時にその國は破裂して天の四方に分れん其は彼の兒孫に歸せず又かれの振ひしほどの威權あらず即ち彼の國は抜とられて是等の外なる者等に歸せん
5 “Dziehefia akpɔ ŋusẽ ɖe edzi gake eƒe aʋafiawo dometɔ ɖeka akpɔ ŋusẽ wui gɔ̃ hã eye wòaɖu fia ɖe eya ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe dzi kple ŋusẽ triakɔ.
南の王は強からん然どその大臣の一人これに逾て強くなり威權を振はんその威權は大なる威權なるべし
6 Le ƒe aɖewo megbe la, woanyi dzo. Dziehefia ƒe vinyɔnu ayi ɖe Anyiehefia gbɔ be yeado ka kplii gake ŋusẽ avɔ le esi eye fia la ŋutɔ kple eƒe ŋusẽ hã nu atso. Le ŋkeke mawo me la, woakplɔ fiavinyɔnu la, eŋumewo, fofoa kple eƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo katã ade asi.
年を經て後彼等相結ばん即ち南の王の女子北の王に適て和好を圖らん然どその腕には力なしまたその王およびその腕は立ことを得じこの女とこれを導ける者とこれを生せたる者とこれに力をつけたる者はみな時におよびて付されん
7 “Ke ame ado tso eƒe ƒome me axɔ ɖe eteƒe. Aho aʋa ɖe Anyiehefia ƒe aʋakɔwo ŋu eye wòage ɖe eƒe mɔ sesẽ la me awɔ aʋa kpli wo eye wòaɖu wo dzi.
斯て後この女の根より出たる芽興りて之に代り北の王の軍勢にむかひて來りこれが城に打いりて之を攻て勝を得
8 Axɔ woƒe mawuwo le wo si, woƒe gayibɔlegbawo kple woƒe nu vevi siwo nye klosalo kple sika eye wòatsɔ wo adzoe ayi Egipte. Ana gbɔdzɔe Anyiehefia ƒe aɖewo.
之が神々鑄像および金銀の貴き器具をエジプトに携へさらん彼は北の王の上に立て年を重ねん
9 Emegbe la, Anyiehefia ava dze Dziehefia ƒe nuto me dzi gake agbugbɔ ayi eya ŋutɔ ƒe dukɔ me.
彼南の王の國に打入ことあらん然ど自己の國に退くべし
10 Viawo abla akpa na aʋawɔwɔ, woaƒo aʋakɔ gã aɖe nu ƒu woava ƒo ɖe wo dzi abe tsiɖɔɖɔ gã sẽŋu aɖe ene eye woawɔ aʋa la va se ɖe keke eƒe mɔ sesẽ la gbɔ.
その子等また憤激して許多の大軍を聚め進みきたり溢れて往來しその城まで攻寄せん
11 “Tete Dziehefia atsɔ dziku helĩhelĩ awɔ aʋa kple Anyiehefia, ame si ava kple aʋakɔ gã aɖe gake woaɖu edzi.
是において南の王大に怒り出きたりて北の王と戰ふべし彼大軍を興してこれに當らん然れどもその軍兵はこれが手に付されん
12 Dziehefia ayɔ fũu kple dada nenye be woɖe aboyo Anyiehefia ƒe aʋakɔwo eye woawu ame akpewo gake maɖu dzi ɖaa o,
大軍すなはち興りて彼心に高ぶり數萬人を仆さん然れどもその勢力はこれがために増さじ
13 elabena Anyiehefia agbugbɔ aƒo aʋakɔ gã bubu nu ƒu si alolo wu gbãtɔ eye le ƒe geɖe megbe la, aho aʋa kple aʋakɔ gã si dzra ɖo nyuie.
また北の王は退きて初よりも大なる軍兵を興し或時すなはち或年數を經て後かならず大兵を率ゐ莫大の輜重を備へて攻來らん
14 “Le ŋkeke mawo me la, ame geɖewo atso ɖe Dziehefia ŋuti. Ame dzeaglã siwo le woawo ŋutɔ ƒe amewo dome la adze aglã le ŋutega la ƒe nya nu gake womaɖu dzi o.
是時にあたりて衆多の者興りて南の王に敵せん又なんぢの民の中の奸惡人等みづから高ぶりて事を爲しつひに預言をして應ぜしめん即ち彼らは自ら仆るべし
15 Ekema Anyiehefia ava ƒu kpo ɖe du la ŋu eye wòaxɔ du si woɖo gli sesẽ ƒo xlãe. Ŋusẽ manɔ Dzieheʋakɔwo ŋu be woaʋli o, eye woƒe kalẽtɔwo gɔ̃ hã maɖo ŋusẽ be woanɔ te o.
茲に北の王襲ひきたり壘を築きて堅城を攻おとさん南の王の腕はこれに當ることを得じ又その撰抜の民もこれに當る力なかるべし
16 Anyigbemeʋakɔwo awɔ nu si adze wo ŋu, ame aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu o. Ava ɖo eƒe fiaɖuƒe anyi ɖe Anyigba Nyui la dzi eye ŋusẽ anɔ esi be wòagblẽ nu.
之に攻きたる者はその意に任せて事をなさんその前に立ことを得る者なかるべし彼は美しき地に到らんその地はこれがために荒さるべし
17 Adze agbagba be yeatsɔ yeƒe fiaɖuƒe la ƒe aʋakɔ la katã vɛ ahanyi dzo kple Dziehefia eye wòatsɔ via nyɔnu nɛ wòaɖe ale be wòate ŋu amu fiaɖuƒe la aƒu anyi gake eƒe tameɖoɖo sia madze edzi nɛ loo alo akpe ɖe eŋu o.
彼その全國の力を盡して打入んとその面をこれに向べけれどまたこれと和好をなして婦人の女子を之に與へん然るにその婦人の女子は之がために身を滅すに至り何事をも成あたはす毫も彼のために益する所なかるべし
18 Emegbe la, atrɔ ɖe ƒutaduwo ŋu eye wòaxɔ geɖeawo gake aʋafia aɖe ado si aɖo asi eƒe aglãdzedze la dzi eye wòatrɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu.
彼またその面を島々にむけて之を多く取らん茲に一人の大將ありて彼が與へたる恥辱を雪ぎその恥辱をかれの身に與へかへさん
19 Esia megbe la, atrɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba ƒe mɔ sesẽwo ŋu gake akli nu adze anyi eye womagakpɔe akpɔ o.
かくて彼その面を自己の國の城々に向ん而して終に躓き仆れて亡ん
20 “Ame si axɔ ɖe eteƒe la ana dugadzɔlawo natsa adzɔ ga be woalé fiaɖuƒe la ƒe atsyɔ̃ ɖe te. Ke le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, woatsrɔ̃e, ke menye le dziku me loo alo le aʋagbedzi o.
彼に代りて興る者は榮光の國に人を出して租税を征斂しめん但し彼は忿怒にも戰門にもよらずして數日の内に滅亡せん
21 “Ame ɖigbɔ̃ aɖe ava ɖu fia ɖe eteƒe, ame si womatsɔ fianyenye ƒe bubu na o. Ke ne ameawo nɔ anyi le dedinɔnɔ me bɔkɔɔ la, ava ƒo ɖe wo dzi le vo me le fiaɖuƒe la me eye wòaxɔe to ayemɔ dzi.
また之にかはりて起る者は賤まるる者にして國の尊榮これに歸せざらん然れども彼不意に來り巧言をもて國を獲ん
22 Akplɔ aʋakɔ gã si gbagbã ɖe anyi la adzoe eye wòatsrɔ̃ aʋakɔ la kple nubabla la ƒe amegã siaa.
洪水のごとき軍勢かれのために押流されて敗れん契約の君たる者も然らん
23 Ne wonyi dzo kplii vɔ la, awɔ nu ayetɔe eye wòato ame ʋɛ siwo susɔ la dzi ava zi dzi.
彼は之に契約をむすびて後詭計を行ひ上りきたりて僅少の民をもて勢を得ん
24 Ekema ne nuto si si nunɔamesiwo le fũu la kpɔ be wole dedie la, ava dze wo dzi le vo me eye nu si fofoawo alo tɔgbuiawo mete ŋu wɔ o la, eya awɔe. Ama nuhaha, afunyinuwo kple kesinɔnuwo na eyomedzelawo. Aɖo ta me ɖe mɔ sesẽwo gbagbã ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe.
彼すなはち不意にきたりてその國の膏腴なる處に攻いりその父もその父の父も爲ざりしところの事を行はん彼はその奪ひたる物掠めたる物および財寳を衆人の中に散すべし彼は謀略をめぐらして堅固なる城々を攻取べし時の至るまで斯のごとくならん
25 “Atsɔ aʋakɔ gã aɖe ade dzo eƒe ŋusẽ kple dzideƒo me ɖe Dziehefia ŋu. Dziehefia la akpe aʋa kplii kple aʋakɔ gã sesẽ dranyi aɖe gake mate ŋu anɔ te ɖe enu o, le nugbe si wòɖo ɖe eŋu la ta.
彼はその勢力を奮ひ心を勵まし大軍を率ゐて南の王に攻よせん南の王もまた自ら奮ひ甚だ大なる強き軍勢をもて迎へ戰はん然ど謀略をめぐらして攻るが故にこれに當ることを得ざるべし
26 Ame siwo ɖua nu le fia ƒe aƒe me la adze agbagba be yewoawui, woakplɔ eƒe aʋakɔwo adzoe eye ame geɖewo atsi aʋa.
すなはち彼の珍膳に與り食ふ者彼を倒さんその軍兵溢れん打死する者衆かるべし
27 Fia eveawo, ame siwo ɖo nu vɔ̃ɖi kplikpaa ɖe woƒe dzi me la anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu, agblɔ alakpanyawo na wo nɔewo gake madze edzi o, elabena nuwuwu ava le ɣeyiɣi si woɖo la dzi.
此二人の王は害をなさんと心にはかり同席に共に食して詭計を言ん然どもその志ならざるべし定まれる時のいたる迄は其事終らじ
28 Anyiehefia atrɔ ayi eƒe anyigba dzi kple kesinɔnu geɖewo gake eƒe dzi atsi tsitre ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu, agblẽ eme eye emegbe la, atrɔ ayi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
彼は莫大の財寳をもちて自己の國に歸らん彼は聖約に敵する心を懐きて事をなし而してその國にかへらん
29 “Ne ɣeyiɣi si woɖo, de la, agava adze Dziehenyigba dzi, ke emetsonu maganɔ nɛ fifia abe tsã ene o
定まれる時にいたりて彼また進みて南に到らん然ど後の模樣は先の模樣のごとくならざらん
30 elabena, Kitimtɔwo ƒe ʋuwo atsi tsitre ɖe eŋu eye dzi aɖe le eƒo. Ekema atrɔ, aɖe dziku ɖe nubabla kɔkɔe la ŋu. Atrɔ agbɔ ava ve ame siwo gbe nu le nubabla kɔkɔe la gbɔ la nu.
即ちキツテムの船かれに到るべければ彼力をおとして還り聖約にむかひて忿怒をもらして事をなさん而して彼歸りゆき聖約を棄る者と相謀らん
31 “Eƒe asrafowo atsi tsitre ava gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la ƒe mɔ sesẽ la eye woaɖe gbe sia gbe vɔsawo ɖa. Emegbe woaɖo ŋunyɔnu si he gbegblẽ vɛ la anyi
彼より腕おこりて聖所すなはち堅城を汚し常供の物を撤除かせかつ殘暴可惡者を立ん
32 eye woatsɔ amenublenyawo agblẽ ame siwo da le nubabla la dzi, ke ame siwo nya woƒe Mawu la anɔ te, atsi tsitre ɖe eŋu ade goe.
彼はまた契約に關て罪を獲る者等を巧言をもて引誘して背かせん然どその神を知る人々は力ありて事をなさん
33 “Nunyalawo afia nu ame geɖewo, togbɔ be le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woatsi yi nu alo woatɔ dzo wo alo woalé wo loo alo aha wo hã.
民の中の頴悟者ども衆多の人を敎ふるあらん然ながら彼らは暫時の間刃にかかり火にやかれ擄はれ掠められ等して仆れん
34 Ne wodze anyi la, woakpe ɖe wo ŋu vie eye ame geɖe siwo metoa nyateƒe o la aku ɖe wo ŋu.
その仆るる時にあたりて彼らは少しく扶助を獲ん又衆多の人詐りて彼らに合せん
35 Nunyalawo dometɔ aɖewo akli nu, ale be woate ŋu atsɔ dzo alolõ wo, aɖe ɖiƒoƒo ɖa le wo me eye woawɔ wo dzadzɛe va se ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi la naɖo elabena nuwuwu la ava le ɣeyiɣi si woɖo ɖi la dzi.
また穎悟者等の中にも仆るる者あらん斯のごとく彼らの中に試むる事淨むる事潔よくする事おこなはれて終の時にいたらん即ち定まれる時まで然るべし
36 “Fia la awɔ nu si adze eŋu. Ado eɖokui ɖe dzi eye wòawɔ eɖokui gãe wu mawu ɖe sia ɖe ale be wòagblɔ nya masekpɔwo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋuti. Nuwo adze edzi nɛ va se ɖe dziku ɣeyiɣiawo ƒe nuwuwu elabena ele be woawu nu si woɖo ɖi la nu.
此王その意のままに事をおこなひ萬の神に逾て自己を高くし自己を大にし神々の神たる者にむかひて大言を吐き等して忿怒の息む時までその志を得ん其はその定まれるところの事成ざるべからざればなり
37 Made bubu aɖeke fofoawo ƒe mawuwo, ame siwo nyɔnuwo dina vevie loo alo ade bubu mawu bubu aɖeke ŋu o, ke boŋ akɔ eɖokui ɖe dzi wu wo katã.
彼はその先祖の神々を顧みず婦女の愉快を思はずまた何の神をも顧みざらん其は彼一切に逾て自己を大にすればなり
38 Le woawo teƒe la, ade bubu mɔ sesẽ la ƒe mawu ŋu, mawu si fofoawo menya o. Mawu sia ŋue wòatsɔ sika, klosalo, kpe xɔasiwo kple nunana xɔasiwo ade bubue.
彼は之の代に軍神を崇め金銀珠玉および寳物をもてその先祖等の識ざりし神を崇めん
39 Ava dze mɔ sesẽtɔwo kekeakewo dzi to dzromawu aɖe ƒe kpekpeɖeŋu me eye wòade bubu gã aɖe ame siwo xɔe la ŋuti. Atsɔ wo aɖo amegãwoe ɖe ame geɖewo nu eye wòama anyigba la na wo woaxe fe ɖe eta.
彼はこの異邦の神に由り要害の城々にむかひて事を爲ん凡て彼を尊ぶ者には彼加ふるに榮を以てし之をして衆多の人を治めしめ土地をこれに分ち與へて賞賜とせん
40 “Ne eƒe nuwuwu ɖo vɔ la, Dziehefia akpe aʋa kplii eye Anyiehefia ava kpee kple tasiaɖamwo, sɔdosrafowo kple tɔdziʋumesrafowo ƒe ha gã aɖe. Ava dze dukɔ geɖewo dzi eye wòazɔ wo dzi abe tsiɖɔɖɔ ene.
終の時にいたりて南の王彼と戰はん北の王は車と馬と衆多の船をもて大風のごとく之に攻寄せ國に打いりて潮のごとく溢れ渉らん
41 Ava dze Anyigba Nyui la hã dzi. Dukɔ geɖewo atsrɔ̃ gake woaɖe Edom kple Moab kple Amon ƒe dumegãwo tso eƒe asi me.
彼はまた美しき國に進み入ん彼のために亡ぶる者多かるべし然どエドム、モアブ、アンモン人の中の第一なる者などは彼の手を免かれん
42 Eƒe ŋusẽ akeke ɖe dukɔ geɖewo dzi. Egiptenyigba hã mato le eme o.
彼國々にその手を伸さんエジプトの地も免かれがたし
43 Akeke ɖe Egipte ƒe sika, klosalo kple kesinɔnu veviwo nu eye Libiatɔwo kple Kustɔwo hã ana ta
彼は遂にエジプトの金銀財寳を手に入れんリブア人とエテオピア人は彼の後に從はん
44 gake nyadzɔdzɔ siwo atso ɣedzeƒe kple anyiehe wòase la ado ŋɔdzi gã aɖe nɛ ale be wòaho kple dziku helĩhelĩ be wòagblẽ wo eye wòatsrɔ̃ geɖewo.
彼東と北より報知を得て周章ふためき許多の人を滅し絶んと大に忿りて出ゆかん
45 Atu eƒe fiagbadɔ ɖe atsiaƒu kple to kɔkɔe nyui la dome. Ke hã la, eƒe nuwuwu aɖo eye ame aɖeke maxɔ nɛ o.”
彼は海の間において美しき聖山に天幕の宮殿をしつらはん然ど彼つひにその終にいたらん之を助くる者なかるべし