< Daniel 10 >

1 Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me.
In the third year of the reign of King Cyrus of Persia, a message was revealed to Daniel (also called Belteshazzar). The message was certain and concerned a great conflict. He understood the message and gained understanding of the vision.
2 Le ɣe ma ɣi me la, nye Daniel, mexa nu kɔsiɖa etɔ̃.
When this happened, I, Daniel, had been in mourning for three full weeks.
3 Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu.
I ate no fine food. No meat or wine passed my lips. I used no perfumed oils until those three weeks were over.
4 Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, esi metsi tsitre ɖe tɔsisi gã, Tigris, to la,
On the twenty-fourth day of the first month I was standing on the bank of the great River Tigris.
5 mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume.
I looked around and saw a man dressed in linen, and around his waist was a belt of pure gold.
6 Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene.
His body shone like a jewel; his face was as bright as lightning; his eyes were like blazing torches; his arms and legs gleamed like polished bronze; and his voice sounded like the roar of a crowd.
7 Nye, Daniel koe nye ame si kpɔ ŋutega la; ame siwo nɔ gbɔnye la mekpɔe o, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wosi ɖaɣla wo ɖokuiwo.
I, Daniel, was the only one to see this vision—the others with me did not see the vision, but they suddenly felt very frightened and ran away to hide themselves.
8 Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye.
I was left alone to see this wonderful vision. My strength drained away, and my face turned pale as death. I didn't have an ounce of strength left.
9 Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi.
I heard him speaking, and when I heard his voice I lost consciousness and I lay face down on the ground.
10 Asi aɖe ka ŋunye eye wòna mede asi dzodzo me nyanyanya le nye asiwo kple klowo dzi.
Then a hand touched me and lifted me onto my hands and knees.
11 Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko.
He said to me, “Daniel, God loves you very much. Pay attention to what I'm telling you. Stand up, because I have been sent to you.” When he told me this I stood up, trembling.
12 Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo.
“Don't be afraid, Daniel,” he said. “From the first day you concentrated on trying to understand this, and to humble yourself before God, your prayer was heard, and I have come to answer you.
13 Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma.
But the prince of the kingdom of Persia opposed me for twenty-one days. Then Michael, one of the chief princes, came to help me, because I was being detained there by the kings of Persia.
14 Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.”
Now I've come to explain to you what will happen to your people in the last days, for the vision is about a time in the future.”
15 Esi wònɔ esiawo gblɔm nam la, metsyɔ mo anyi eye nye nu ku.
As he told me this I remained there with my face to the ground and couldn't say a word.
16 Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.
Then the one who looked like a human being touched my lips and I was able to speak. I told the one standing in front of me, “My lord, since I saw the vision I've been in agony and I feel really weak.
17 Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.”
How can I, your servant, speak to you, my lord? I have no strength, and I can hardly breathe.”
18 Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye.
Once again the one who looked like a human being touched me and restored my strength.
19 Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.” Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.”
“Don't be afraid; God loves you very much. May you have peace! Be strong! Have courage!” As he spoke to me, I became stronger and I said, “My lord, speak to me, for you have strengthened me.”
20 Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava,
“Do you know why I've come to you?” he asked. “Shortly I will have to go back and fight the prince of Persia, and after that the prince of Greece will come.
21 gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael.
But before that I will tell you what is written down in the Book of Truth. No one helps me fight against these princes except Michael your prince.

< Daniel 10 >