< Daniel 1 >

1 Le Yuda fia Yehoyakim ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Babilonia fia Nebukadnezar va Yerusalem, eye wòɖe to ɖee.
In the third year of the reign of Joakim king of Juda, Nabuchodonosor king of Babylon came to Jerusalem, and besieged it.
2 Aƒetɔ la tsɔ Yehoyakim, Yuda fia de asi nɛ kple nanewo tso Mawu ƒe gbedoxɔ me. Etsɔ nu siawo yi eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me le Babilonia, eye wòda wo ɖe eƒe mawu ƒe nudzraɖoƒe.
And the Lord delivered into his hands Joakim the king of Juda, and part of the vessels of the house of God: and he carried them away into the land of Sennaar, to the house of his god, and the vessels he brought into the treasure house of his god.
3 Fia la ɖe gbe na Aspenaz, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã be wòatia Israelviwo dometɔ aɖewo tso fia la kple bubumewo ƒe ƒomewo me,
And the king spoke to Asphenez the master of the eunuchs, that he should bring in some of the children of Israel, and of the king’s seed and of the princes,
4 ɖekakpui siwo menye nuwɔamitɔwo le go aɖeke me o, wodze ɖeka, woɖi ame siwo dina be yewoasrɔ̃ nu tso nu sia nu ŋu, wonya nu, sea nu gɔme kabakaba eye wodze na dɔwɔwɔ le fiasã la me. Ele nɛ be wòafia Babiloniatɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuŋɔŋlɔ wo.
Children in whom there was no blemish, well favoured, and skillful in all wisdom, acute in knowledge, and instructed in science, and such as might stand in the king’s palace, that he might teach them the learning, and the tongue of the Chaldeans.
5 Fia la naa woƒe gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu kple wain wo tso fia la ƒe kplɔ̃ dzi. Woahe wo ƒe etɔ̃ eye le ɣeyiɣi sia megbe la, woazu fia la ƒe subɔlawo.
And the king appointed them a daily provision, of his own meat, and of the wine of which he drank himself, that being nourished three years, afterwards they might stand before the king.
6 Ame siawo dometɔ aɖewo nye Yudatɔwo. Woawoe nye Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria.
Now there were among them of the children of Juda, Daniel, Ananias, Misael, and Azarias.
7 Amegã la tsɔ ŋkɔ yeye na wo: Daniel ƒe ŋkɔ yeyeae nye Beltesazar, Hananiya tɔe nye Sadrak, Misael tɔe nye Mesak, eye Azaria tɔe nye Abednego.
And the master of the eunuchs gave them names: to Daniel, Baltassar: to Ananias, Sidrach: to Misael, Misach: and to Azarias, Abdenago.
8 Ke Daniel ɖo ta me be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui kple fia la ƒe nuɖuɖu kple wain o, eye wòbia mɔ eƒe dzikpɔla be yemagblẽ kɔ ɖo na ye ɖokui to mɔ sia dzi o.
But Daniel purposed in his heart that he would not be defiled with the king’s table, nor with the wine which he drank: and he requested the master of the eunuchs that he might not be defiled.
9 Azɔ la, Mawu na be dzikpɔla la nave enu eye wòakpɔ nublanui nɛ.
And God gave to Daniel grace and mercy in the sight of the prince of the eunuchs.
10 Ke dzikpɔla la gblɔ na Daniel be, “Mele vɔvɔ̃m na nye aƒetɔ kple fia la, ame si ɖo wò nuɖuɖu kple nunono nam. Nu ka ta wòakpɔ wò, wò lãme manyo abe wò hati ɖekakpui bubuawo tɔ ene o? Ekema fia la axɔ nye ta ɖe tawò.”
And the prince of the eunuchs said to Daniel: I fear my lord the king, who hath appointed you meat and drink: who if he should see your faces leaner than those of the other youths your equals, you shall endanger my head to the king.
11 Daniel gblɔ na ameŋudzɔla si dzikpɔla la tia be wòadzɔ Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria ŋu la be,
And Daniel said to Malasar, whom the prince of the eunuchs had appointed over Daniel, Ananias, Misael, and Azarias:
12 “Meɖe kuku do wò dɔlawo kpɔ ŋkeke ewo. Mègana nu bubu aɖeke mí wu amagbe si míaɖu kple tsi si míano o.
Try, I beseech thee, thy servants for ten days, and let pulse be given us to eat, and water to drink:
13 Ekema nàtsɔ míaƒe dzedzeme asɔ kple ɖekakpui siwo ɖua fia la ƒe nuɖuɖu eye nàwɔ na mí ɖe nu si nàkpɔ la nu.”
And look upon our faces, and the faces of the children that eat of the king’s meat: and as thou shalt see, deal with thy servants.
14 Ale wòlɔ̃ eye wòdo wo kpɔ ŋkeke ewo.
And when he had heard these words, he tried them for ten days.
15 Le ŋkeke ewo megbe la, Yuda ɖekakpuiawo dze lãmesesẽtɔwo kple ame siwo ɖu nu nyuiwo wu ame siwo ɖu fia la ƒe nuɖuɖu.
And after ten days their faces appeared fairer and fatter than all the children that ate of the king’s meat.
16 Ale ameŋudzɔla la ɖe nuɖuɖu nyui si woaɖu kple wain si woano la ɖa eye wòtsɔa amagbewo na wo ɖe wo teƒe.
So Malasar took their portions, and the wine that they should drink: and he gave them pulse.
17 Mawu na nunya kple gɔmesese ɖekakpui ene siawo tso nuŋlɔɖi kple nunya ƒe alɔdze ɖe sia ɖe ŋu. Ke Daniel ya tea ŋu sea ŋutegawo kple drɔ̃e ɖe sia ɖe ƒomevi gɔme.
And to these children God gave knowledge, and understanding in every book, and wisdom: but to Daniel the understanding also of all visions and dreams.
18 Le ɣeyiɣi si fia la ɖo be woakplɔ wo vɛ na ye ƒe nuwuwu la, aƒedzikpɔlawo ƒe amegã la kplɔ wo yi na Nebukadnezar.
And when the days were ended, after which the king had ordered they should be brought in: the prince of the eunuchs brought them in before Nabuchodonosor.
19 Fia la ƒo nu kpli wo eye wòkpɔ be, ame bubuawo dometɔ aɖeke mede Daniel, Hananiya, Misael kple Azaria nu o, ale woxɔ wo wodze dɔwɔwɔ na fia la gɔme.
And when the king had spoken to them, there were not found among them all such as Daniel, Ananias, Misael, and Azarias: and they stood in the king’s presence.
20 Le nunya kple gɔmesese ƒe nya ɖe sia ɖe gome, esi ŋu fia la abia nya wo le la, ekpɔna be wonyo zi ewo wu yeƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe akunyawɔlawo kple bokɔwo katã.
And in all matters of wisdom and understanding, that the king inquired of them, he found them ten times better than all the diviners, and wise men, that were in all his kingdom.
21 Daniel nɔ afi ma va se ɖe fia Sirus ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me.
And Daniel continued even to the first year of king Cyrus.

< Daniel 1 >