< Kolosetɔwo 3 >
1 Azɔ esi mietsi tsitre kple Kristo tso ku me ta la, midi nu siwo le dziƒo, afi si Kristo bɔbɔ nɔ anyi ɖo le Mawu ƒe ɖusime.
If then you were raised together with Christ, seek the things that are above, where Christ is, seated on the right hand of God.
2 Mina dziƒonuwo ŋuti bubu naxɔ miaƒe susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigbadzinuwo ŋuti bum o.
Set your mind on the things that are above, not on the things that are on the earth.
3 Elabena mieku, eye wotsɔ mi kpakple Kristo ƒe agbe ɣla ɖe Mawu me.
For you died, and your life is hidden with Christ in God.
4 Ne Kristo si nye miaƒe agbe va do la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.
When Christ, your life, is revealed, then you will also be revealed with him in glory.
5 Eya ta migbe nu le anyigbadzinu siwo yɔ fũu kple nu vɔ̃ la gbɔ; miwu didi vɔ̃ siwo le fiefiem le mia me. Migawɔ naneke si ku ɖe ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fieŋuifieŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ si nye trɔ̃subɔsubɔ o.
Put to death, therefore, whatever is worldly in you: sexual immorality, impurity, lust, evil desire, and covetousness, which is idolatry.
6 Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi.
Because of these, the wrath of God is coming on the children of disobedience.
7 Miewɔa nu siawo tsã esi mienɔ agbe abe xexemetɔ bubuwo ko ene,
You also once walked in those, when you lived in them;
8 gake azɔ la, ɣeyiɣi la de na mi be miaɖe asi le nu siawo katã, siwo nye: dziku, dɔmedzoe, nu to vo wɔwɔ, busunya kple nya vlowo gbɔgblɔ ŋu.
but now you also put them all away: anger, wrath, malice, slander, and shameful speaking out of your mouth.
9 Migaka aʋatso na mia nɔewo o; elabena mieɖe agbe xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.
Do not lie to one another, seeing that you have put off the old self with its practices,
10 Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me.
and have put on the new self, who is being renewed in knowledge after the image of his Creator,
11 Le agbe yeye sia nɔnɔ me la, Grikitɔ, Yudatɔ, aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ, ŋkumaʋamaʋutɔ alo Skitiatɔ, kluvi alo ablɔɖevi megali o, ke boŋ wo katã nye kristotɔ, eye Kristo le wo katã me.
where there cannot be Greek and Jew, circumcision and uncircumcision, barbarian, Scythian, slave, freeman; but Christ is all, and in all.
12 Eya ta esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ƒe awuwo na mia ɖokuiwo.
Put on therefore, as God's chosen ones, holy and beloved, a heart of compassion, kindness, gentleness, humility, and patience;
13 Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.
bearing with one another, and forgiving each other, if anyone has a complaint against another; even as the Lord forgave you, so you also do.
14 Ƒo esiawo katã ta la, mina lɔlɔ̃ nafia ale si mianɔ agbee la mi, elabena esia ana be mianɔ anyi le ɖekawɔwɔ blibo me.
Above all these things, walk in love, which is the bond of perfection.
15 Mina ŋutifafa si tso Kristo gbɔ la naɖu dzi le miaƒe dziwo kple agbenɔnɔ blibo katã me ɣe sia ɣi, elabena esia nye miaƒe dɔdeasi kple mɔnukpɔkpɔ abe ame siwo nye ŋutilã ɖeka ƒe ŋutinuwo ene. Eye mida akpe ɣe sia ɣi.
And let the peace of Christ rule in your hearts, to which also you were called in one body; and be thankful.
16 Mina be Kristo ƒe nya la natso aƒe ɖe mia me le agbɔsɔsɔ me, esi miele nu fiam, le nu xlɔ̃m mia nɔewo kple Mawu me nunya. Midzi Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo kple akpedada le miaƒe dziwo me na Mawu.
Let the word of Christ dwell in you richly; in all wisdom teaching and admonishing one another with psalms, hymns, and spiritual songs, singing with grace in your heart to God.
17 Eye nu sia nu si miawɔ la, eɖanye le nya me alo nuwɔwɔ me o, miwɔ wo katã le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me, eye miada akpe na Mawu Fofo la, to eya amea me.
Whatever you do, in word or in deed, do all in the name of the Lord Jesus, giving thanks to God the Father, through him.
18 Mi srɔ̃nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na mia srɔ̃wo, elabena esia nye Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo na mi.
Wives, be in subjection to your husbands, as is fitting in the Lord.
19 Eye mi srɔ̃ŋutsuwo hã la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye mialé be na wo, eye migado dziku ɖe wo ŋuti alo ablu ɖe wo ta o.
Husbands, love your wives, and do not be bitter against them.
20 Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣe sia ɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu.
Children, obey your parents in all things, for this pleases the Lord.
21 Mi fofowo la, miganɔ nya hem ɖe mia viwo ŋuti ale gbegbe be dzi naɖe le wo ƒo be woadzudzɔ agbagbadzedze o.
Fathers, do not provoke your children, so that they won't be discouraged.
22 Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣe sia ɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣe sia ɣi, ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo le dzimekɔkɔ kple Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me.
Servants, obey in all things those who are your masters according to the flesh, not just when they are looking, as people-pleasers, but in singleness of heart, fearing the Lord.
23 Mitsɔ kutrikuku kple dzidzɔ wɔ nu sia nu si wòle be miawɔ la, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, eye menye abe miaƒe anyigbadziƒetɔwo miele ewɔm na ene o,
And whatever you do, work heartily, as for the Lord, and not for people,
24 esi mienya be miaxɔ domenyinyi tso Aƒetɔ la gbɔ abe fetu ene. Elabena Aƒetɔ Kristo ŋutɔe miele dɔ wɔm na.
knowing that from the Lord you will receive the reward of the inheritance; for you serve the Lord Christ.
25 Ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ la, axɔ eƒe nu vɔ̃ ƒe fetu, eye ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke manɔ eme o.
But he who does wrong will receive again for the wrong that he has done, and there is no partiality.