< Kolosetɔwo 2 >

1 Adzɔ dzi nam ŋutɔ nenye be ɖe mianya ale si meʋlina ŋutɔ ɖe miawo kple ame siwo le Laodikea la kple nɔvi vevi bubu siwo menyam kura o la hã ta.
For I desire to have you know how greatly I struggle for you, and for those at Laodicea, and for as many as have not seen my face in the flesh;
2 Nu si mebia Mawu na mi lae nye be dzideƒo nanɔ mia si, eye lɔlɔ̃ ƒe ŋusẽ nabla mi ɖekae, ale be miate ŋu akpɔ mɔnu anya Kristo le kakaɖedzi me kple gɔmesese deto vavãtɔ, elabena Mawu ƒe ɖoɖo ɣaɣla si wòva ɖe fia mlɔeba lae nye Kristo ŋutɔ.
that their hearts may be comforted, they being knit together in love, and gaining all riches of the full assurance of understanding, that they may know the mystery of God, namely, Meshikha,
3 Eya mee wòɣla nunya kple sidzedze ƒe kesinɔnuwo katã ɖo.
in whom are all the treasures of wisdom and knowledge hidden.
4 Mele nya siawo gblɔm na mi elabena mele vɔvɔ̃m be ame aɖe ate ŋu ava ble mi alo ado lã mi to eƒe aɖe ŋanɛ nyawo gbɔgblɔ na mi me.
Now I say this so that no one will deceive you with persuasive words.
5 Togbɔ be nyemele mia gbɔ le ŋutilã me o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mekpɔ dzidzɔ, elabena miele agbe nɔm nyuie, eye miaƒe xɔse hã le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi le Kristo me.
For though I am absent in the flesh, yet am I with you in the spirit, rejoicing and seeing your order, and the steadfastness of your faith in Meshikha.
6 Azɔ abe ale si miexɔ Yesu Kristo, Aƒetɔ la dzi se be aɖe mi ene la, mixɔ se nenema ke le miaƒe gbe sia gbe ƒe nuwɔnawo me.
As therefore you received Meshikha Yeshua, the Lord, walk in him,
7 Mili ke ɖe eya amea me blibo eye miaxɔ nunyiame tso egbɔ. Mikpɔ egbɔ be mietsi ɖe edzi le xɔse me. Mina dzidzɔ kple akpedada nayɔ miaƒe agbe me fũu ɖe nu gã siwo katã wòwɔ na mi la ta.
rooted and built up in him, and established in the faith, even as you were taught, abounding in it with thanksgiving.
8 Migana ame aɖeke nakplɔ mi ayi aboyo me to xexemenunya kple beble dzodzro me o. Wotu wo ɖe amegbetɔ ƒe nunya kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo dzi, ke menye ɖe nu siwo Kristo gblɔ dzi o.
Be careful not to allow anyone to captivate you through an empty and deceptive philosophy, according to human tradition, according to the elementary principles of the world, and not according to Meshikha.
9 Elabena Mawu ƒe blibonyenye la katã nɔ Kristo me le ŋutilã ƒe dzedzeme nu,
For in him all the fullness of Deity dwells in bodily form,
10 eye blibonyenye sia yɔ mi fũu le Kristo si nye ta na ŋusẽwo kple dziɖulanyenyewo katã me.
and in him you are made full, who is the head of all principality and power;
11 Eya amea me hã wotso aʋa na mi, le esime mieɖe miaƒe dzɔdzɔmenu vɔ̃ si nye ŋutilã la ɖa, menye kple aʋatsotso si wotsɔ asi tsoe o, ke esi wowɔ to Kristo me la boŋ.
in whom you were also circumcised with a circumcision not made with hands, in the putting off of the body of the flesh, in the circumcision of Meshikha;
12 To mawutsideta me, mieku kplii, eye mietsi tsitre kplii to miaƒe xɔse si le Mawu ƒe ŋusẽ si fɔe tso ame kukuwo dome la me.
having been buried with him in baptism, in which you were also raised with him through faith in the working of God, who raised him from the dead.
13 Esime mienye ame kukuwo le dzidadawo me, eye mienye Yudaviwo o ta, Mawu na be miekpɔ gome le Kristo ƒe agbenɔnɔ me, elabena etsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mi,
You were dead through your trespasses and the uncircumcision of your flesh. He made you alive together with him, having forgiven us all our trespasses,
14 eye wòtutu nya si wotsɔ ɖe mia ŋuti la ɖa, vodada siawo nye eƒe se siwo dzi mieda le la. Etsɔ nu vɔ̃ siawo katã klã ɖe atitsoga ŋuti, eye wòɖe wo ɖa.
wiping out the handwriting in ordinances which was against us; and he has taken it out of the way, nailing it to the cross;
15 To esia me la, eɖe gbɔgbɔwo ƒe dziɖuɖu kple ŋusẽ ɖa, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖu ɖe wo dzi.
having disarmed the rulers and authorities, he made a show of them openly, triumphing over them in it.
16 Eya ta migana ame aɖeke naɖe ɖeklemi kpli mi le nu si mieɖuna alo nona ŋu loo, alo ale si miawo mieɖua Yudatɔwo ƒe azãwo, ŋkekenyuiwo, dzinu yeye ƒe wɔnawo kple Dzudzɔgbe ŋkekewo o la ta o.
Therefore do not let anyone judge you about food and drink, or with respect to a feast day or a new moon or a Sabbath day,
17 Elabena esiawo nye nu siwo gbɔna la ƒe vɔvɔli; ke nu la ŋutɔ le Kristo me va.
which are a shadow of the things to come; but the body is Meshikha's.
18 Migana ame aɖeke nable mi be esi miegbe be yewomasubɔ mawudɔlawo abe ale si wogblɔ na mi ene o ta la, miele tsɔtsrɔ̃ ge o. Wogblɔna be yewokpɔ ŋutega, eye yewonya be ele be miasubɔ mawudɔlawo. Ame siawo nye dadalawo togbɔ be wogblɔna be yewonye ɖokuibɔbɔɖeanyilawo hã. Susu wɔnuku le wo si.
Let no one rob you of your prize by a voluntary humility and worshipping of the angels, dwelling in the things which he has seen, vainly puffed up by his fleshly mind,
19 Ke womeku ɖe Kristo si nye ta si ŋu mi ame siwo katã nye eƒe ŋutilã la ku ɖo la ŋu o, elabena eƒe lãmeka sesẽwo Mawu tsɔ bla mí ɖekae, eye míetea ŋu tsina, elabena míexɔa nunyiame kple ŋusẽ tso eya ɖeka ko gbɔ.
and not holding firmly to the Head, from whom all the body, being supplied and knit together through the joints and ligaments, grows with God's growth.
20 Le nyateƒe me, esi mieku kple Kristo ta la, mievo tso nu si xexemetɔwo buna tso ɖeɖekpɔkpɔ ŋuti la ƒe asi me. Ne ele alea la, nu ka ta miegale wo wɔwɔ dzi, eye woƒe se mawo gabla mi ɖo?
If you died with Meshikha from the elementary principles of the world, why, as though living in the world, do you subject yourselves to ordinances,
21 “Wobe migaɖu esi o! Migaɖɔ ekemɛ kpɔ o! Eye wobe migaka asi nuɖuɖu aɖewo ya ŋuti kura o!” Nu ka tae?
"Do not handle, nor taste, nor touch"
22 Nu siawo katã le gbegblẽ ge to wo ŋuti dɔ wɔwɔ me le amewo ƒe sededewo kple nufiafiawo nu.
(all of which perish with use), according to human commandments and teachings?
23 Se siawo anya dze se nyuiwoe, elabena wonye se siwo hiã ameɖokuitsɔtsɔke kple ɖokuibɔbɔ blibo kpakple fuwɔwɔ ame ƒe ŋutilã, eye wo dzi wɔwɔ sesẽ, gake ŋusẽ aɖeke mele wo si be ame natsɔ aɖu eƒe susuwo kple dzodzro vɔ̃wo dzi o. Ɖeko wonana ame dana.
Which things indeed appear like wisdom in self-imposed worship, and humility, and severity to the body; but are not of any value against the indulgence of the flesh.

< Kolosetɔwo 2 >