< Kolosetɔwo 1 >

1 Nye, Paulo, ame si Mawu tia be wòanye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla kple nɔvi xɔsetɔ Timoteo gbɔe agbalẽ sia tso,
Paul, an Apostle of Jesus Christ, by the will of God, and Timothy, the brother,
2 Na Kristotɔ nuteƒewɔlawo kple Mawu ƒe ame siwo ŋu wokɔ le Kolose dua me. Mawu mía Fofo la ƒe ŋutifafa kple amenuveve nanɔ kpli mi.
to the saints and faithful brethren in Christ, who are at Colosse: Favor to you, and peace from God our Father.
3 Ɣe sia ɣi ne míele gbe dom ɖa ɖe mia ta la, míedzea egɔme kple akpedada na Mawu míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo,
We give thanks to the God and Father of our Lord Jesus Christ always, when we pray for you;
4 elabena míese nu geɖe tso ale si miexɔ Yesu Kristo dzi se kple lɔlɔ̃ manyagblɔ si mietsɔ na eƒe ame kɔkɔewo katã la ŋu.
having heard of your faith in Christ Jesus, and of the love which you have to all the saints--
5 Eye tso ŋkeke gbãtɔ si dzi wogblɔ nyanyui ƒe nyateƒe la na mi va se ɖe fifia la, mietsɔ xɔse kpɔ mɔ na dzidzɔ tso dziƒo. Ale miaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo na mi le dziƒo la me.
for the hope which is laid up for you in the heavens, of which you have formerly heard in the word of truth of the gospel,
6 Nyanyui si wogblɔ na mi la, eya ke gblɔm wole le xexea me godoo, eye wòle amewo ƒe agbenɔnɔ trɔm le afi sia afi, abe ale si wòtrɔ miaƒe agbenɔnɔ tso ŋkeke gbãtɔ si dzi miese nu tso Mawu ƒe amenuveve gã na vɔ̃ wɔlawo ŋu eye miese eme le nyateƒe me ene.
which is present among you, as it is also in the world, and is bringing forth fruit and prevailing, even as among you, from that day you heard and knew the favor of God in truth--
7 Epafra míaƒe hadɔwɔla lɔlɔ̃ lae tsɔ nyanyui la vɛ na mi. Eyae nye Yesu Kristo ƒe subɔla vavã si le kpekpem ɖe mia ŋuti ɖe mía teƒe,
even as you learned it of Epaphras, our beloved fellow-servant, who is for you a faithful minister of Christ,
8 eye eyae nye ame si gblɔ miaƒe lɔlɔ̃ le gbɔgbɔ me la fia mi.
who has also declared to us your love in spirit.
9 Eya ta tso gbe si gbe míese mia ŋkɔ zi gbãtɔ ko la, míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɣe sia ɣi, eye míebiaa Mawu be wòakpe ɖe mia ŋuti miase nu si wòdi be miawɔ la gɔme, eye wòawɔ mi mianye nunyalawo tso gbɔgbɔmenuwo ŋuti.
For this reason, we also, from the day we heard these things, do not cease to pray for you, and to request that you may be filled with the knowledge of his will, in all wisdom and spiritual understanding--
10 Míegabiana hã be miaƒe agbenɔnɔ nadze Aƒetɔ la ŋu ɣe sia ɣi eye woade bubu eŋuti, ale be miatse ku le dɔ sia dɔ wɔwɔ nyuie me; eye mianya Mawu ɖe edzi wu.
that you may walk worthy of the Lord to all pleasing, bringing forth fruit by every good work, and increasing in the knowledge of God;
11 Míele gbe dom ɖa hã be Mawu ƒe ŋusẽ gã nayɔ mia me fũu ale be nu ka kee adzɔ hã la, miate ŋu agbɔ dzi ɖi, anɔ te sesĩe, eye Aƒetɔ la ƒe dzidzɔ nayɔ mia me taŋtaŋ ɣe sia ɣi.
being strengthened with all strength, according to his glorious power, to all patience and long-suffering with joy:
12 Eye be miada akpe na Fofo la, ame si wɔ mí be míedze na gomekpɔkpɔ le nu siwo kekeli la ƒe fiaɖuƒemetɔwo akpɔ gome le la me.
giving thanks to the Father, who has qualified us for a portion of the inheritance of the saints in the light;
13 Elabena eyae ɖe mí tso viviti ƒe ŋusẽ kple Satana ƒe fiaɖuƒe la me, eye wòkplɔ mí va Via lɔlɔ̃ la ƒe fiaɖuƒe mee;
who has delivered us from the power of darkness, and has translated us into the kingdom of his beloved Son:
14 eyae wɔ mi ablɔɖeviwo, eye wòtsɔ míaƒe nu vɔ̃wo katã ke mí.
by whom we have redemption, even the remission of sins.
15 Kristoe nye Mawu si míekpɔna o la ƒe nɔnɔme tututu. Eli hafi Mawu wɔ nu sia nu, eye le nyateƒe me la,
He is the image of the invisible God, the first born of the whole creation.
16 Kristo ŋutɔe nye nu sia nu si le dziƒo kple anyigba dzi, nu siwo míekpɔna kple nu siwo míekpɔna o la siaa wɔla. Eya kee wɔ gbɔgbɔwo ƒe xexeme si míekpɔna o la, eƒe fiawo, fiaɖuƒewo, amegãwo kple woƒe ŋusẽwo. Kristo wɔ esiawo katã na eya ŋutɔ ƒe ŋu dɔ wɔwɔ kple ŋutikɔkɔe.
Because, by him were created all things which are in the heavens, and which are upon the earth; things visible, and things invisible; whether thrones, or lordships, or governments, or powers; all things were created by him and for him.
17 Eli xoxoxo hafi nu sia nu va dzɔ, eye eƒe ŋusẽ lé xexemenuwo katã ƒo ƒu.
And he is before all things; and by him all things consist.
18 Eye eyae nye ta na hame, si nye eƒe ŋutilã, eyae nye gɔmedzedzea kple ame siwo fɔ tso yɔ me ƒe ŋgɔgbetɔ, ale be le nu sia nu me la, wòanye gbãtɔ.
And he is the head of the body, even the congregation. He is the beginning, the first born from the dead, that in all respects he might be pre-eminent.
19 Elabena Mawu di be nu sia nu si le ye me la nanɔ ye Vi hã me.
For it pleased the Father that all fullness should dwell in him;
20 Mawu to nu si Via wɔ me, ʋu mɔ be nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nava eya ŋutɔ gbɔ, elabena Kristo to eƒe ku le atitsoga ŋuti me wɔ ŋutifafa le Mawu kple amewo katã dome to eƒe ʋu me.
and by him to reconcile all things to himself, having made peace by the blood of his cross; I say, by him, whether they be things on the earth, or things in the heavens.
21 Ehe ŋutifafa sia vɛ na mi, ame siwo nɔ adzɔge tsã tso Mawu gbɔ la hã. Tsã la, mienye Mawu ƒe futɔwo, mielé fui, eye miaƒe susu vɔ̃wo kple vɔ̃wɔwɔwo na be mi kplii dome klã, gake azɔ la, egakplɔ mi va eɖokui gbɔe abe exɔlɔ̃wo ene.
Even you, who were formerly alienated in mind, and enemies by wicked works,
22 Kristo wɔ esia to eƒe ku me abe amegbetɔ ene, hekplɔ mi va Mawu ƒe ŋkumee; miele tsitre ɖe Mawu ŋkume ame maɖifɔwoe, eye naneke kura megale mia ŋuti si ana woaka mo na mi o.
he has now, indeed, reconciled, by the body of his flesh, to present you holy and unblamable, and unreprovable, in his sight;
23 Nu ɖeka si ku ɖe nu sia ŋuti la koe nye be miaxɔ nyateƒe la dzi ase blibo, abe ame siwo gɔme woɖo anyi eye wole tsitre sesĩe ene, eye miagana woate mi ɖa tso nyanyui la ƒe mɔkpɔkpɔ si miese la gbɔ o. Esia nye nukunya kple nya si va na mi katã, eye wòle kakam ɖe xexe blibo la katã me fifia. Eye enye dzidzɔ na nye, Paulo, be masubɔ agblɔ nya sia na ame bubuwo.
if, indeed, you continue in the faith founded and stable, and not removed from the hope of the gospel which you have heard, which has been proclaimed to every creature which is under heaven; of which I, Paul, am made a minister.
24 Ke nye dɔ ƒe akpa aɖee nye be makpe fu ɖe mia ta, eye enye dzidzɔ nam be wòle nenema, elabena mele kpekpeɖeŋu nam, be Kristo ƒe fu siwo wòkpe ɖe eƒe ŋutilã si nye eƒe hamea ta la nawu enu.
I now rejoice in sufferings for you, and fill up the remainder of the afflictions of Christ in my flesh, for his body, which is the congregation;
25 Mezu hamea ƒe subɔla abe ale si Mawu dɔm abe xɔnuvi ene be mawu eƒe nya blibo la nu;
of which I am made a minister, according to the dispensation of God, which was given to me on your account, fully to declare the word of God--
26 nya ɣaɣla si wodzra ɖo tso gbe aɖe gbe ke na dzidzimewo, gake azɔ la, eɖee fia ame kɔkɔewo. (aiōn g165)
the secret which had been kept hid from the ages, and from the generations, but now has been made manifest to his saints; (aiōn g165)
27 Ame siawo Mawu lɔ̃ be yeana woanya yeƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu ɣaɣlawo le ame siwo menye Yudatɔwo dome; nu ɣaɣla siae nye be Kristo le mia me si nye ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ.
to whom God has pleased to make known what is the riches of the glory of this secret among the Gentiles, which is Christ in you, the hope of glory:
28 Eya ta afi sia afi si míeyina la, míeƒoa nu tso Kristo ŋuti na ame siwo katã le klalo be yewoaɖo to mí la. Míefiaa nu wo, eye míexlɔ̃a nu wo vevie abe ale si míate ŋui ene. Míedina be míakplɔ ame sia ame ayi Mawu ƒe ŋkume fɔɖiɖimanɔŋui, ɖe dɔ si Kristo wɔ na wo dometɔ ɖe sia ɖe la ta.
whom we announce, admonishing every man, and teaching every man, with all wisdom, that we may present every man perfect in Christ.
29 Esiae nye nye dɔ, eye mate ŋu awɔe to Kristo ƒe ŋusẽ triakɔ si le dɔ wɔm le menye la ɖeɖe ko me.
For which I also labor, combating vigorously, according to the effectual working of him who works effectually in me with power.

< Kolosetɔwo 1 >