< Amos 9 >

1 Mekpɔ Aƒetɔ la wòle tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye wògblɔ nam be, “Xlã nu ɖe sɔtiawo tame ne xɔa ƒe agunu naʋuʋu. Mu sɔtiawo woadze ameawo ƒe ta dzi, eye ame siwo susɔ la, mawu wo kple yi. Ame ɖeka pɛ mato le eme o, eye ɖeke hã masi o.
I saw the LORD standing beside the altar, and he said, "Strike the tops of the pillars, that the thresholds may shake; and break them in pieces on the head of all of them; and I will kill the last of them with the sword: there shall not one of them flee away, and there shall not one of them escape.
2 Ne woƒu du yi keke tsiẽƒe hã la, mava afi ma ahe wo ado goe; eye ne wolia nu yi dziƒo hã la, mayi afi ma ahe wo vɛ. (Sheol h7585)
Though they dig into Sheol, there my hand will take them; and though they climb up to heaven, there I will bring them down. (Sheol h7585)
3 Togbɔ be woasi aɖabe ɖe agakpe siwo le Karmel to tame hã la, madi wo, ake ɖe wo ŋu, ahe wo ado goe le afi ma. Ne wosi ɖabe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke hã la, madɔ ƒumedawo ɖa be woaɖu wo, woaku.
Though they hide themselves in the top of Carmel, I will search and take them out there; and though they be hid from my sight in the bottom of the sea, there I will command the serpent, and it will bite them.
4 Togbɔ be woƒe futɔwo akplɔ wo ayi aboyo me hã la, afi ma hã maɖe gbe be woawu wo kple yi. “Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu na vɔ̃, ke menye na nyui o.”
Though they go into captivity before their enemies, there I will command the sword, and it will kill them. I will set my eyes on them for disaster, and not for good.
5 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu, ame si ka asi anyigba ŋuti wòlolõ, eye edzinɔlawo katã fa konyi, ame si na anyigba kɔ dzi abe Nil ene, eye wòna wòdze eme abe Egipte tɔsisi ene.
For the LORD of hosts is he who touches the land and it melts, and all who dwell in it will mourn; and it will rise up wholly like the River, and will sink again, like the River of Egypt.
6 Ame si tu nɔƒe kɔkɔwo ɖe dziƒonutowo me, eye wòɖo woƒe agunu ɖe anyigba dzi, ame si lɔ atsiaƒutsi, eye wòtrɔe ɖe anyigba katã dzi. Yehowae nye eƒe ŋkɔ.
It is he who builds his upper chamber in the heavens, and has founded his vault on the earth; he who calls for the waters of the sea, and pours them out on the surface of the earth; the LORD is his name.
7 Yehowa be, “O Israelviwo, ɖe miele nam abe Kustɔwo ene oa? Ɖe menye nyee kplɔ Israel tso Egiptenyigba dzi, Filistitɔwo tso Kaftor kple Siriatɔwo tso Kir oa?”
Are you not like the people of Ethiopia to me, children of Israel?" says the LORD. "Haven't I brought up Israel out of the land of Egypt, and the Philistines from Caphtor, and the Arameans from Kir?
8 “Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋkuwo le fiaɖuƒe sẽto la ŋuti. Matsrɔ̃ wo ɖa le anyigba dzi, negbe Yakob ƒe aƒe la ko nyematsrɔ̃ keŋkeŋ o,” Yehowae gblɔe.
Look, the eyes of the LORD are on the sinful kingdom, and I will destroy it from off the surface of the earth; except that I will not utterly destroy the house of Jacob," says the LORD.
9 “Elabena meɖe gbe, eye matsra Israel ƒe aƒe la le dukɔwo dome abe ale si wotsraa bli kple tsranui ene, ke ku ɖeka gɔ̃ hã mage ɖe anyigba o.
"For, look, I will command, and I will sift the house of Israel among all the nations, as one sifts with a sieve, but not even a pebble will fall to the ground.
10 Nu vɔ̃ wɔla siwo le nye dukɔ me la atsi yi nu kpe ɖe ame siwo gblɔ be, ‘Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mía dzi o,’ la ŋu.”
All the sinners of my people will die by the sword, who say, 'Evil won't overtake nor meet us.'
11 “Ekema le ɣe ma ɣi me la, “Magbugbɔ David ƒe agbadɔ atu, maɖɔ eƒe fiasã gbagbãwo ɖo, magaɖo eƒe aƒedowo te, eye magbugbɔ atui abe ale si wònɔ tsã ene,
On that day I will rebuild the tabernacle of David that has fallen, and repair its broken places, and I will rebuild its ruins, and I will restore it as in the days of old;
12 ale be woaxɔ Edom ƒe ame mamlɛawo kple dukɔ siwo katã ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo.” Nye Yehowa ame si awɔ esiawo katã lae gblɔe.
that the rest of humanity may seek after the LORD, and all the nations who are called by my name," says the LORD who does this.
13 Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna,” “esime nukuxala maxa nuku vɔ hafi agbleŋlɔla nagadze agbleŋɔŋlɔ gɔme o, eye wainfiala mafia wain vɔ hafi woagadze waintiwo dodo gɔme o. Aha yeye atsyɔ le towo dzi, eye wòatsa le togbɛwo tame.
"Look, the days come," says the LORD, "that the plowman shall overtake the reaper, and the one treading grapes him who sows seed; and sweet wine will drip from the mountains, and flow from the hills.
14 “Makplɔ Israel agbɔe tso aboyo me, woagbugbɔ woƒe du siwo zu aƒedo la atso, ahanɔ wo me, woade waingblewo, eye woafia aha ano le wo me. Woade agblewo eye woaɖu wo me kutsetsewo.
I will bring my people Israel back from captivity, and they will rebuild the ruined cities, and inhabit them; and they will plant vineyards, and drink wine from them. They shall also make gardens, and eat the fruit of them.
15 Maɖo Israel ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye womagaho wo kple ke tso anyigba si metsɔ na wo la dzi akpɔ gbeɖe o.” Yehowa, miaƒe Mawu lae gblɔe.
I will plant them on their land, and they will no more be plucked up out of their land which I have given them," says the LORD your God.

< Amos 9 >