< Amos 6 >

1 Baba na mi, ame siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ le Zion kple ame siwo susu be yewosu te le Samaria towo dzi, mi ame siwo nye ame veviwo kple ame ŋkutawo le Israel, ame siwo gbɔ dukɔ la xɔa aɖaŋu le.
Woe to you that are wealthy in Sion, and to you that have confidence in the mountain of Samaria: ye great men, heads of the people, that go in with state into the house of Israel.
2 Miyi ɖe Kalne ne miakpɔ nu si dzɔ le afi ma la ɖa; eye miayi ɖe du gã Hamat me, ahaɖiɖi ɖe Gat, Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, akpɔ nu si dzɔ la ɖa. Ɖe mienyo wu fiaɖuƒe siawo alo ɖe miaƒe anyigba lolo wu wo tɔa?
Pass ye over to Chalane, and see, and go from thence into Emath the great: and go down into Geth of the Philistines, and to all the best kingdoms of these: if their border be larger than your border.
3 Mieɖe susu ɖa le ŋkeke vɔ̃ la ŋuti, gake miaƒe nu tovowo wɔwɔ wɔe be Ʋɔnudrɔ̃gbe la le mia lalam.
You that are separated unto the evil day: and that approach to the throne of iniquity;
4 Miemlɔa nyiɖubawo dzi, eye miedrana ɖe zikpui bɔbɔewo dzi heɖina ɖe eme; alẽvi kple nyivi damitɔwoe woɖana na mi.
You that sleep upon beds of ivory, and are wanton on your couches: that eat the lambs out of the flock, and the calves out of the midst of the herd;
5 Midzia ha vlowo hevuna ɖe kasaŋku ŋu ƒona abe David ye le ha kpam ene.
You that sing to the sound of the psaltery: they have thought themselves to have instruments of music like David;
6 Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona, eye miesia ami ʋeʋĩwo, gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o,
That drink wine in bowls, and anoint themselves with the best ointments: and they are not concerned for the affliction of Joseph.
7 eya ta miawoe anye ame gbãtɔ siwo woaɖe aboyoe, eye miaƒe agbe vivi ɖuɖu la nu atso.
Wherefore now they shall go captive at the head of them that go into captivity: and the faction of the luxurious ones shall be taken away.
8 Aƒetɔ Yehowa ta eƒe agbe. Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Yakob ƒe dada ƒuƒlu la le ŋu nyɔm nam, eye melé fu eƒe mɔ sesẽwo. Matsɔ du gã sia kple emenu nyuiwo ade asi na eƒe futɔwo.”
The Lord God hath sworn by his own soul, saith the Lord the God of hosts: I detest the pride of Jacob, and I hate his houses, and I will deliver up the city with the inhabitants thereof.
9 Ne ŋutsu ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me hã, wo katã woaku.
And if there remain ten men in one house, they also shall die.
10 Ne ƒometɔ aɖe si atɔ dzo ame kukuawo va aƒea me la, abia ame si ɣla ɖe aƒea me la be, “Ame aɖewo gatsi agbe kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu nɛ be, “Ao!” Ekema ame si va la, agblɔ be, “Mia nu. Mele be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ le afi sia o.”
And a man’s kinsman shall take him up, and shall burn him, that he may carry the bones out of the house; and he shall say to him that is in the inner rooms of the house: Is there yet any with thee? And he shall answer: There is an end. And he shall any to him: Hold thy peace, and mention not the name of the Lord.
11 Elabena kpɔ ɖa, Yehowa de se be, woagbã aƒe suewo kple gãwo siaa.
For behold the Lord hath commanded, and he will strike the greater house with breaches, and the lesser house with clefts.
12 Sɔwo ate ŋu aƒu du le agakpewo dzia? Ɖe nyitsu siwo wotsɔna ŋlɔa agblee la ate ŋu aŋlɔ atsiaƒu dzia? Ke mietrɔ afia nyui tsotso wòzu aɖi, eye miedo ŋunyɔ nu sia nu si nye nu dzɔdzɔe la wòzu atsa.
Can horses run upon the rocks, or can any one plough with buffles? for you have turned judgment into bitterness, and the fruit of justice into wormwood.
13 Mi ame siwo kpɔ dzidzɔ esi wogbã Lodeba eye miegblɔ be, “Ɖe menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ xɔ Karnaim oa?”
You that rejoice in a thing of nought: you that say: Have we not taken unto us horns by our own strength?
14 Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “O Israel ƒe aƒe, mana dukɔ aɖe natso ɖe ŋuwò. Ate wò ɖe to vevie tso Lebo Hamat va se ɖe Wadi Araba tɔʋu la to.”
But behold, I will raise up a nation against you, O house of Israel, saith the Lord the God of hosts; and they shall destroy you from the entrance of Emath, even to the torrent of the desert.

< Amos 6 >