< Amos 5 >

1 “O! Israel ƒe aƒe, metsɔ blanuiléle dzi konyifaha sia na wò:
Listen, people of Israel, to this funeral lament that I sing about you!
2 “Ɖetugbi Israel dze anyi, eye magafɔ akpɔ o. Wogbe nu le egbɔ le eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi, eye ame aɖeke meli alé eƒe alɔnu afɔe ɖe tsitre o,
Virgin Israel has fallen, and will never rise again! She lies abandoned on the ground, and there is no one to help her up.
3 elabena Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Israel be, ‘Ne du aɖe ɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la, ame alafa ɖeka koe agbɔ, eye du si ɖo ame alafa ɖeka ɖa la ame ewo koe agbɔ.’”
This is what the Lord says: From a city that sends out a thousand soldiers, only a hundred will return; from a city that sends out a hundred soldiers, only ten will return.
4 Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, “Midim, ne mianɔ agbe.
This is what the Lord says to the people of Israel: Look to me so you may live!
5 Migati legba siwo le Betel, Gilgal alo Beerseba yome o, elabena maɖe aboyo Gilgatɔwo, eye Betel atsrɔ̃.”
Do not look to the false gods of Bethel, do not go to the pagan shrines of Gilgal or travel to those of Beersheba. For Gilgal will go into exile, and Bethel will come to nothing.
6 Midi Yehowa ne mianɔ agbe, ne menye nenema o la; miabi abe dzo ene ato Yosef ƒe aƒe dzi, afia Betel, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.
Look to the Lord so you may live! Otherwise he will explode like fire against the descendants of Joseph and no one from Bethel will be able to quench it.
7 O, mi ame siwo trɔ afia nyui tsotso wòzu vevesese, eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba!
You twist justice and make it bitter, you throw integrity to the ground.
8 Midi ame si wɔ ɣletiviwo ƒe ha siwo woyɔna be atifieŋui, avu kple avutɔ, ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli, eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã. Eyae yɔa tsi tso atsiaƒu me be wòaho ayi dzi ahadza ɖe anyigba dzi. Aƒetɔ Yehowae nye eƒe ŋkɔ.
The One who made the Pleiades and Orion, who turns the darkness into morning, and daytime into night, who calls for the water of the seas, and pours it down as rain upon the earth—the Lord is his name!
9 Le aɖabaƒoƒo ɖeka me la, enana gbegblẽ vaa ame sesẽ dzi, eye wògbãa eƒe gli sesẽwo.
In a flash he cuts down the strong and destroys the fortresses.
10 Mielé fu ame siwo toa nyateƒe le ʋɔnu, eye miele fu nyateƒetola.
You hate anyone who confronts injustice and loathe anyone who speaks honestly.
11 Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye mieba wo le blidzɔxɔxɔ me ta la, mianɔ kpexɔ nyui siwo tum miele la me alo ano wain tso waingble siwo dem miele la me o.
Because you trample down the poor and impose a tax on their grain, building for yourselves impressive houses, you will not live in them, and you will not drink wine from the fine vineyards you have planted.
12 Elabena wò nu vɔ̃wo sɔ gbɔ hetri akɔ. Menya wo katã nyuie. Èsẽa ŋuta le ame dzɔdzɔe ŋu, eye nèxɔa zãnu hetrɔa gbo ame dahe ƒe nya dzɔdzɔe,
For I know the extent of your wrongdoing and your numerous sins. You oppress good people by taking bribes, and you prevent the poor from getting justice in the courts.
13 eya ta ame siwo nye nunyalawo la, azi ɖoɖoe le ɣeyiɣi mawo me, elabena ɣeyiɣi vɔ̃e wònye.
So smart people keep quiet in such evil times.
14 Midi nyui, miasi le vɔ̃ nu ne mianɔ agbe! Ekema Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, anye kpeɖeŋutɔ vavã na mi abe ale si miawo ŋutɔ miegblɔ la ene.
Do what is right, and not evil, so you may live. Then the Lord God of power will be with you, as you claim he is.
15 Mitsri nu vɔ̃ eye mialɔ̃ nyui. Mitrɔ miaƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo woazu afia nyui tsoƒewo. Ɖewohĩ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ nublanui na Yosef ƒe aƒe ƒe ame mamlɛawo.
Hate evil and love good—and make sure justice wins out in your courts. Maybe the Lord God of power will have mercy on those who are left of Jacob's people.
16 Ale Yehowa, Mawu Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Avifafa anɔ kpɔdomewo, eye asiƒonu anɔ mɔ dodowo dzi. Míyɔ agbledelawo hã be woafa avi kpli mi; miyɔ konyifalawo hã vɛ be woafa avi kpli mi.
For this is what the Lord, the Lord God of power says: There will be weeping in the city squares and wailing in the streets. They will call even the farmers to grieve, as well as the professional mourners.
17 Avifafa anɔ waingble ɖe sia ɖe me, elabena mava to afi ma akaka agbleawo.” Yehowae gblɔe.
There will be wailing in every vineyard, for I will pass through the midst of you, says the Lord.
18 Baba na mi, ame siwo tsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti. Nu ka ta mietsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋuti ɖo? Ŋkeke ma anye viviti, manye kekeli o.
How disastrous it will be for those of you who long for the day of the Lord. Why would you want the day of the Lord to come? It will bring darkness, not light.
19 Le ŋkeke ma dzi la, mianɔ abe ame si si le dzata nu ɖake ɖe sisiblisi ŋuti la ene, eye esi wòƒu du ɖo aƒe me heziɔ ɖe gli ŋuti la, da ɖui.
It will be like a man running away from a lion only to meet a bear; or a man who goes home and leans his hand on a wall, only to be bitten by a snake.
20 Ɖe Yehowa ƒe ŋkeke la menye viviti, eye menye kekeli oa? Ɖe menye blukɔe wònye, eye keklẽ mele eme oa?
Isn't the day of the Lord darkness without light? Yes, pitch dark without a glimmer of light.
21 “Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye metsri wo. Nyemaʋẽ miaƒe takpekpewo kple ŋkekenyuiwo ase o.
I hate, I despise your festivals and take no delight in your religious assemblies.
22 Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la, nyemaxɔ wo o. Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la, nyemanye kɔ akpɔ wo o.
Even though you present me with burnt offerings and grain offerings, I will not accept them. As for your peace offerings of fattened cattle—I will not even look at them.
23 Te wò hawo ƒe ɖiɖi ɖe megbe tso gbɔnye, wò saŋkuƒoƒowo hã le to me vem nam!
Stop your noisy worship songs. I will not listen to the melody of your harps.
24 Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene, eye dzɔdzɔenyenye abe tɔʋu si memiena o ene!
Rather let justice flow like a river, and doing right like an ever-flowing stream.
25 “O, Israelviwo, nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo sa vɔ na esi mienɔ gbedzi ƒe blaene sɔŋ?
Did you bring me sacrifices during those forty years in the desert, people of Israel?
26 Miekɔ miaƒe fia, Sakut kple Kaiwan, miaƒe ɣletivimawu siwo ƒe nɔnɔme miewɔ na mia ɖokuiwo la ɖe dzi,
But now you carry idols of Sakkuth your king and Kaiwan your star god that you made for yourselves.
27 eya ta maɖo mi ɖe aboyo me le Damasko godo.” Yehowa, ame si ŋkɔe nye Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu lae gblɔe.
So I will send you into exile in a land beyond Damascus, says the Lord, whose name is the God of power.

< Amos 5 >