< Amos 4 >
1 “Miɖo tom, mi Basan nyinɔ dami siwo le Samaria towo dzi, mi nyɔnu siwo baa hiãtɔwo, eye mietea ame dahewo ɖe to hegblɔna na mia srɔ̃wo be, midi aha vɛ míano!
Hear these words, O ye kine of Bashan, That are on the mountain of Samaria; That oppress the poor; that crush the needy; That say to your master, Bring, and let us drink!
2 Yehowa Ŋusẽkatãtɔ la ta eƒe kɔkɔenyenye, be ɣeyiɣi li gbɔna esime yeaɖe mi kple miaƒe dzidzimeviwo kple ƒu.
The Lord Jehovah hath sworn by his holiness; Behold, the days shall come upon you When ye shall be taken away with hooks, And your residue with fishing-hooks.
3 Woakplɔ mi ato gliwo ƒe gbagbãƒee, miakpɔ ŋgɔ tẽe, eye woatsɔ mi aƒu gbe ɖo ɖe Harmon.” Yehowae gblɔe.
And ye shall go out at the breaches, every one right forward, And ye shall be thrown into a castle, saith Jehovah.
4 “Miva Betel ne miawɔ nu vɔ̃. Miyi Gilgal ne miadzi miaƒe nu vɔ̃wo ɖe edzi, mitsɔ vɔsawo vɛ ŋdi sia ŋdi; mitsɔ nu ewoliawo vɛ ŋkeke etɔ̃ sia ŋkeke etɔ̃.
Go, now, to Bethel, and transgress; At Gilgal multiply transgression! Bring your sacrifices every morning, And your tithes every three years!
5 Mitsɔ amɔʋaʋãbolo wɔ akpedavɔsae. Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nununana. Migblɔe dadatɔe, elabena nenema mielɔ̃a wɔwɔ. O, Israel!” Yehowa Ŋusẽkatãtɔ lae gblɔe.
Burn a thank-offering from your extortions, And proclaim the free-will offerings; publish them abroad! For this is your delight, ye sons of Israel, Saith the Lord, Jehovah.
6 “Medɔ dɔwuame ɖe miaƒe duwo me, gake mewɔ naneke le mia ŋuti o, eye miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
I also have caused cleanness of teeth in all your cities, And want of bread in all your places; And yet ye have not returned to me, saith Jehovah.
7 “Ɣleti etɔ̃ hafi miadze miaƒe nukuwo ŋeŋe gɔme la, mena tsidzadza tɔ kplo zi ɖeka, eye miaƒe nukuwo gblẽ. Medɔa tsi wòdzana ɖe du ɖeka dzi, medzana ɖe bubuwo dzi o. Ale ne tsi le dzadzam ɖe agble aɖe dzi la, bubuawo me ƒuna kplakplakpla, eye woƒe nukuawo fiana.
I also have withholden from you the rain three months before the harvest; I have caused it to rain upon one city, And upon another city have I not caused it to rain; One piece of ground hath been rained upon, And another, upon which I have not caused it to rain, hath withered.
8 Amewo tsoa du siwo me ku le ɖiɖim le, eye wozɔa mɔ didi yia tsidiƒe le du bubu me afi si tsi le dzadzam le, gake womekpɔnɛ kuna o. Ele alea, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
Two or three cities have gone to one city, To drink water, and have not been satisfied; And yet ye have not returned to me, saith Jehovah.
9 “Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃; mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
I have smitten you with blasting and mildew; The locust hath devoured your many gardens, Your vineyards, your fig-trees, and your olive-trees; Yet have ye not returned to me, saith Jehovah.
10 “Mena dɔvɔ̃wo va dze mia dzi abe esiwo mehe va Egiptetɔwo dzi le blema ene. Mena mia viwo tsi aʋa, eye menya miaƒe sɔwo de gbe. Ame kukuwo na miaƒe asaɖa me le ʋeʋẽm kũu, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
I have sent among you the pestilence after the manner of Egypt; I have slain your young men with the sword, And your horses have I led into captivity; I have made the smell of your camps to come up into your nostrils; And yet ye have not returned to me, saith Jehovah.
11 “Metsrɔ̃ miaƒe du aɖewo abe ale si metsrɔ̃ Sodom kple Gomorae ene; ame siwo susɔ la le abe atikpo si woɖe tso dzo me la ene, gake miegbe, mietrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.
I have overthrown some of you, as God overthrew Sodom and Gomorrah; And ye were as a firebrand plucked out of the burning; And yet ye have not returned to me, saith Jehovah.
12 “Eya ta ale mawɔ na wò, O Israel! Esi wònye aleae mawɔ na wò ta la, dzra ɖo nàdo go wò Mawu, O Israel!”
Therefore thus will I deal with thee, O Israel! Yet since I will thus deal with thee, Prepare to meet thy God, O Israel!
13 Ame si wɔ towo kple ya, eye wòɖea eƒe susuwo fiaa amegbetɔ, eyae trɔa ŋdi wòzua viviti, eye wògbãa towo ɖe eƒe afɔ te gudugudu. Eŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la.
For behold, he formed the mountains, and created the wind; He declareth to man what is his thought; He maketh the morning darkness, And walketh upon the high places of the earth; Jehovah, God of hosts, is his name.