< Amos 3 >
1 O Israel, se nya si Yehowa gblɔ tso mi ƒome blibo si wòkplɔ tso Egipte la ŋu ɖa.
イスラエルの子孫よヱホバが汝らにむかひて言ところ我がエジプトの地より導き上りし全家にむかひて言ところの此言を聽け
2 “Le amegbetɔƒome siwo katã le anyigba dzi dome la, miawo ko metia, eya ta wòle be mahe to na mi vevie ɖe miaƒe nu vɔ̃wo ta ɖo,
地の諸の族の中にて我ただ汝ら而已を知れり この故に我なんぢらの諸の罪のために汝らを罰せん
3 elabena aleke ame eve ate ŋu azɔ ɖekae ne womeɖo gbe ɖi o?”
二人もし相會せずば爭で共に歩かんや
4 Ɖe dzata ɖea gbe le ave me ne melé nu oa? Ɖe dzata tea gbe le eƒe do me ne mekpɔ lé nu haɖe oa?
獅子もし獲物あらずば豈林の中に吼んや 猛獅子もし物を攫まずば豈その穴より聲を出さんや
5 Ɖe xevi dzona ɖe mɔ dzi le anyigba, ne wometre mɔ nɛ oa? Alo ɖe mɔ fena, ne naneke meɖo eme oa?
もし羂の設なくば鳥あに地に張れる網にかからんや 網もし何の得るところも無くば豈地よりあがらんや
6 Ne kpẽ ɖi le du me la, ɖe dua me tɔwo mevɔ̃na oa? Ne dzɔgbevɔ̃e va du aɖe dzi la, ɖe menye Yehowae ɖe mɔ oa?
邑にて喇叭を吹かば民おどらかざらんや 邑に災禍のおこるはヱホバのこれを降し給ふならずや
7 Eya ta Yehowa Ŋusẽkatãtɔ, mewɔa naneke ne meɖe eƒe ɖoɖo fia eƒe dɔla nyagblɔɖilawo hafi o.
夫主ヱホバはその隱れたる事をその僕なる預言者に傳へずしては何事をも爲たまはざるなり
8 Dzata ɖe gbe, ame kae mavɔ̃ o. Yehowa Mawu ƒo nu, ame kae agbe be yemagblɔ nya ɖi o.
獅子吼ゆ 誰か懼れざらんや 主ヱホバ言語たまふ 誰か預言せざらんや
9 Miɖe gbeƒã le Asdod kple Egipte fiasãwo me be, “Miƒo ƒu mia ɖokuiwo ɖe Samaria towo dzi, ne miakpɔ ʋunyaʋunya gã kple teteɖeanyi siwo le edzi yim le dukɔ la dome.”
アシドドの一切の殿に傳へエジプトの地の一切の殿に宣て言へ 汝等サマリヤの山々に集りその中にある大なる紛亂を觀その中間におこなはるる虐遇を觀よ
10 Yehowa be, “Nye dukɔ ŋlɔ nu nyui wɔwɔ be, woƒe aƒe nyuiwo me yɔ kple nu siwo wofi kple nu siwo woda adzoe.”
ヱホバいひたまふ 彼らは正義をおこなふことを知ず 虐げ取し物と奪ひたる物とをその宮殿に積蓄ふ
11 Yehowa Mawu be, “Eya ta futɔ aɖe ava nye avuzi le miaƒe anyigba dzi, agbã miaƒe mɔ sesẽwo, eye wòaha miaƒe fiasãwo.”
是故に主ヱホバかく言たまふ 敵ありて此國を攻かこみ汝の權力を汝より取下さん 汝の一切の殿は掠めらるべし
12 Ale Yehowa gblɔe nye si, “Abe ale si Alẽkplɔla ɖea lã ƒe ata eve kple to kakɛ aɖe ko le dzata ƒe nu me la, nenema kee wòanɔ na Israelvi siwo nɔ Samaria le aba ƒe dzogoe dzi kple ame siwo nɔ aba ƒe kundru dzi.”
ヱホバかく言たまふ 牧羊者は獅子の口より羊の兩足あるひは片耳を取かへし得るのみ サマリヤに於て床の隅またはダマスコ錦の榻に坐するイスラエルの子孫もその救はるること是のごとくならん
13 Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔ be, “Misee, eye miagblɔe na Yakob ƒe aƒe la be:
萬軍の神 主ヱホバかく言たまふ 汝ら聽てヤコブの家に證せよ
14 Gbe si gbe mahe to na Israel ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, gbe ma gbe kee matsrɔ̃ legba siwo katã le Betel. Woaŋe vɔ̃samlekpui la ƒe dzowo woage ɖe anyigba.
我イスラエルの諸の罪を罰する日にはベテルの壇を罰せん 其壇の角は折て地に落べし
15 Magbã kesinɔtɔwo ƒe aƒe nyuiwo, akaka woƒe vuvɔŋɔlixɔ dranyiwo kple woƒe dzomeŋɔlixɔwo. Matsrɔ̃ woƒe nyiɖuxɔwo, eye magbã woƒe sãwo,” Yehowae gblɔe.
我また冬の家および夏の家をうたん 象牙の家ほろび大きなる家失ん ヱホバこれを言ふ