< Amos 2 >

1 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Moab ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ Edom fia ƒe ƒuwo me akaloe.
主はこう言われる、「モアブの三つのとが、四つのとがのために、わたしはこれを罰してゆるさない。これは彼がエドムの王の骨を焼いて灰にしたからである。
2 Eya ta mana dzo nava fia Moab, eye wòabi mɔ sesẽ siwo le Keriyɔt. Moab fia ŋutɔ atsrɔ̃ le ʋunyaʋunya me le aʋaɣli kple kpẽwo ƒe ɖiɖi me,
それゆえ、わたしはモアブに火を送り、ケリオテのもろもろの宮殿を焼き滅ぼす。モアブは騒ぎと、ときの声と、ラッパの音の中に死ぬ。
3 eye mawu eƒe fia kple eŋutimewo katã.” Yehowae gblɔe.
わたしはそのうちから、支配者を断ち、そのすべてのつかさを彼と共に殺す」と主は言われる。
4 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Yuda ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena egbe nu le Yehowa ƒe seawo gbɔ, eye wògbe eƒe ɖoɖowo dzi wɔwɔ, ke boŋ ena eƒe alakpalegba siwo yome wo fofowo dze la kplɔe trae,
主はこう言われる、「ユダの三つのとが、四つのとがのために、わたしはこれを罰してゆるさない。これは彼らが主の律法を捨て、その定めを守らず、その先祖たちが従い歩いた偽りの物に惑わされたからである。
5 eya ta mana dzo nava fia Yuda, eye wòafia Yerusalem ƒe mɔ sesẽwo.”
それゆえ、わたしはユダに火を送り、エルサレムのもろもろの宮殿を焼き滅ぼす」。
6 “Le Israel ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, “Nyematsɔ wo akee o, elabena etsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta, eye wòtsɔ ame dahe dzra ɖe atokota dodo ɖeka pɛ ta.
主はこう言われる、「イスラエルの三つのとが、四つのとがのために、わたしはこれを罰してゆるさない。これは彼らが正しい者を金のために売り、貧しい者をくつ一足のために売るからである。
7 Wotea ame dahewo ɖe to, eye wotrɔa gbo nya dzɔdzɔewo na ame gblɔe siwo wote ɖe to. Vɔ̃ɖitɔe nye be, ŋutsu kple via dea ɖetugbi ɖeka gbɔ heƒoa ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.
彼らは弱い者の頭を地のちりに踏みつけ、苦しむ者の道をまげ、また父子ともにひとりの女のところへ行って、わが聖なる名を汚す。
8 Woɖoa atsyɔ̃ kple avɔ siwo woxɔ le fenyilawo si le vɔsamlekpuiwo katã gbɔ, eye wonoa nyadrɔ̃ha siwo woxɔ le woƒe mawuwo ƒe aƒe me.
彼らはすべての祭壇のかたわらに質に取った衣服を敷いて、その上に伏し、罰金をもって得た酒を、その神の家で飲む。
9 “Metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, togbɔ be wodzɔ atsu abe sedati, eye wosẽ abe sesewu ene hã la, meho wo kple ke.
さきにわたしはアモリびとを彼らの前から滅ぼした。これはその高きこと、香柏のごとく、その強きこと、かしの木のようであったが、わたしはその上の実と、下の根とを滅ぼした。
10 Mekplɔ wò do goe tso Egipte, eye mekplɔ wò le gbedzi ƒe blaene sɔŋ, be woava xɔ Amoritɔwo ƒe anyigba.
わたしはまた、あなたがたをエジプトの地から連れ上り、四十年のあいだ荒野で、あなたがたを導き、アモリびとの地を獲させた。
11 Meɖo mia viŋutsuwo nyagblɔɖilawo kple míaƒe ɖekakpuiwo Mawu ƒe kluwo na Israel; ɖe nàte ŋu agblɔ be esiawo katã mele eme oa? Yehowae gblɔe.
わたしはあなたがたの子らのうちから預言者を起し、あなたがたの若者のうちからナジルびとを起した。イスラエルの人々よ、そうではないか」と主は言われる。
12 Gake miena wain Mawu ƒe kluwo wono. Gawu la, miegbe na nyagblɔɖilawo be womagblɔ nya ɖi o.
「ところがあなたがたはナジルびとに酒を飲ませ、預言者に命じて『預言するな』と言う。
13 “Eya ta mate mi ɖe to abe ale si keke si wodo bligba na fũu la yia toe ene.
見よ、わたしは麦束をいっぱい積んだ車が物を圧するように、あなたがたをその所で圧する。
14 Miaƒe aʋawɔla ɖeablawo mate ŋu asi, akpɔ sitsoƒe o, ame sesẽwo mate ŋu azã woƒe ŋusẽ o, eye kalẽtɔ mate ŋu aɖe eƒe agbe o.
速く走る者も逃げ場を失い、強い者もその力をふるうことができず、勇士もその命を救うことができない。
15 Aŋutrɔdala manɔ te adae o, asrafo zazɛ̃wo mate ŋu asi o, eye sɔdola nyuitɔ mate ŋu ado sɔ asi le tsɔtsrɔ̃ la nu o.
弓をとる者も立つことができず、足早の者も自分を救うことができず、馬に乗る者もその命を救うことができない。
16 Dzideƒotɔ siwo le kalẽtɔwo dome hã asi amamae gbe ma gbe.” Yehowae gblɔe.
勇士のうちの雄々しい心の者もその日には裸で逃げる」と主は言われる。

< Amos 2 >