< Amos 1 >

1 Esiawoe nye Amos, lãkplɔla siwo tso Tekoa la dometɔ ɖeka ƒe nyawo. Ekpɔ ŋutega tso Israel ŋuti ƒe eve do ŋgɔ na anyigba ƒe ʋuʋu, esime Uzia nɔ fia ɖum le Yuda, eye Yoas ƒe vi, Yeroboam, nɔ fia ɖum le Israel.
The words of Amos, who was among the herdsmen of Tekoa, which he saw concerning Israel in the days of Uzziah king of Judah, and in the days of Jeroboam the son of Joash king of Israel, two years before the earthquake.
2 Egblɔ be, “Yehowa ɖe gbe abe dzata ene tso Zion, eye eƒe gbe ɖi tso Yerusalem. Enumake lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla, eye Karmel to la tame yrɔ.”
And he said, Jehovah will roar from Zion, and utter his voice from Jerusalem, and the pastures of the shepherds shall mourn, and the top of Carmel shall wither.
3 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Damasko ƒe nu vɔ̃ gbogbo siwo wòwɔ edziedzi ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena edugu Gilead kple galuƒomɔ abe ale si wotsɔa galuƒomɔ dugua lu ene.
Thus says Jehovah: For three transgressions of Damascus, yea, for four, I will not turn away the punishment of it, because they have threshed Gilead with threshing instruments of iron.
4 Eya ta matɔ dzo Fia Hazael ƒe fiasã, eye magbã Ben Hadad ƒe mɔ sesẽwo.
But I will send a fire into the house of Hazael, and it shall devour the palaces of Ben-hadad.
5 Maŋe gameti sesẽ siwo wotsɔ do Damasko ƒe agbowoe, eye mawu fia si le Aven ƒe Balime, kple ame si le fia ɖum le Bet Eden, eye woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi ɖe Kir.” Yehowae gblɔe.
And I will break the bar of Damascus, and cut off the inhabitant from the valley of Aven, and he who holds the scepter from the house of Eden, and the people of Syria shall go into captivity to Kir, says Jehovah.
6 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom.
Thus says Jehovah: For three transgressions of Gaza, yea, for four, I will not turn away the punishment of it, because they carried away captive the whole people, to deliver them up to Edom.
7 Eya ta matɔ dzo Gaza ƒe gliwo, eye dzo afia eƒe mɔ sesẽwo.
But I will send a fire on the wall of Gaza, and it shall devour the palaces of it.
8 Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo katã, mawu Askelontɔwo ƒe fia, eye magbã Ekron va se ɖe esime Filistitɔ mamlɛawo atsrɔ̃.” Aƒetɔ Mawue gblɔe.
And I will cut off the inhabitant from Ashdod, and him who holds the scepter from Ashkelon. And I will turn my hand against Ekron, and the remnant of the Philistines shall perish, says the lord Jehovah.
9 Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.
Thus says Jehovah: For three transgressions of Tyre, yea, for four, I will not turn away the punishment of it, because they delivered up the whole people to Edom, and did not remember the brotherly covenant.
10 Le esia ta matɔ dzo Tiro ƒe gliwo, eye eƒe mɔ sesẽwo abi azu afi.”
But I will send a fire on the wall of Tyre, and it shall devour the palaces of it.
11 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o.
Thus says Jehovah: For three transgressions of Edom, yea, for four, I will not turn away the punishment of it, because he pursued his brother with the sword, and cast off all pity. And his anger tore perpetually, and he kept his wrath forever.
12 Eya ta matɔ dzo Teman, eye wòabi Bozra ƒe mɔ sesẽwo.”
But I will send a fire upon Teman, and it shall devour the palaces of Bozrah.
13 Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Amon ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena le woƒe aʋa si wowɔ le Gilead be yewoakeke yewoƒe liƒowo ɖe edzi me la, wotsɔ yi dze ƒodo na Gilead ƒe funɔwo.
Thus says Jehovah: For three transgressions of the sons of Ammon, yea, for four, I will not turn away the punishment of it, because they have ripped up the women with child of Gilead, that they may enlarge their border.
14 Eya ta matɔ dzo Raba ƒe gli sesẽwo, eye wòabi eƒe mɔwo le aʋaɣli ƒe ɖiɖi me le aʋakpegbe kple yaƒoƒo sesẽ le ahomtugbe.
But I will kindle a fire in the wall of Rabbah, and it shall devour the palaces of it, with shouting in the day of battle, with a tempest in the day of the whirlwind.
15 Woƒe fiawo kple amegãwo katã ayi aboyome.” Yehowae gblɔe.
And their king shall go into captivity, he and his rulers together, says Jehovah.

< Amos 1 >