< Dɔwɔwɔwo 1 >

1 O Teofilos, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la, meŋlɔ nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me
In my first book, O Theophilus, I wrote about all that Jesus began to do and to teach,
2 va se ɖe ŋkeke si dzi wokɔe yi dziƒoe le esime wòde se na Apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu.
until the day He was taken up to heaven, after giving instructions through the Holy Spirit to the apostles He had chosen.
3 Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti.
After His suffering, He presented Himself to them with many convincing proofs that He was alive. He appeared to them over a span of forty days and spoke about the kingdom of God.
4 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe Apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o, ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo,
And while they were gathered together, He commanded them: “Do not leave Jerusalem, but wait for the gift the Father promised, which you have heard Me discuss.
5 elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”
For John baptized with water, but in a few days you will be baptized with the Holy Spirit.”
6 Esi Yesu kple apostoloawo gado go la, wobiae be, “Aleke, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te, aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?”
So when they came together, they asked Him, “Lord, will You at this time restore the kingdom to Israel?”
7 Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi le eƒe ŋusẽ me, eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o.
Jesus replied, “It is not for you to know times or seasons that the Father has fixed by His own authority.
8 Gake miaxɔ ŋusẽ ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutomewo katã kple xexea me ƒe seƒe ke.”
But you will receive power when the Holy Spirit comes upon you, and you will be My witnesses in Jerusalem, and in all Judea and Samaria, and to the ends of the earth.”
9 Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe teti ko la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔe yi dziƒo, esi nusrɔ̃lawo nɔ ekpɔm, eye wòbu ɖe wo le lilikpo la me.
After He had said this, they watched as He was taken up, and a cloud hid Him from their sight.
10 Wogawu mo dzi ganɔ dziƒo kpɔm esi wònɔ bubum ɖe lilia me. Kasia ame eve aɖewo siwo le awu ɣiwo me la va tsi tsitre ɖe wo xa.
They were looking intently into the sky as He was going, when suddenly two men dressed in white stood beside them.
11 Ame eve siawo gblɔ na wo bena, “Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afi sia le yame kpɔm gãa ale? Yesu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔ yi dziƒoe le mia gbɔ, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu miekpɔe wokɔe yi dziƒoe ene.”
“Men of Galilee,” they said, “why do you stand here looking into the sky? This same Jesus, who has been taken from you into heaven, will come back in the same way you have seen Him go into heaven.”
12 Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe agbadroƒe ɖeka ko ene.
Then they returned to Jerusalem from the Mount of Olives, which is near the city, a Sabbath day’s journey away.
13 Esi wova ɖo Yerusalem la, woyi ɖanɔ xɔ si me wonɔna le dziƒoxɔ dzi la me. Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Andrea; Filipo kple Toma; Bartolomeo kple Mateo; Yakobo si nye Alfeo ƒe vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo ƒe vi.
When they arrived, they went to the upper room where they were staying: Peter and John, James and Andrew, Philip and Thomas, Bartholomew and Matthew, James son of Alphaeus, Simon the Zealot, and Judas son of James.
14 Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo.
With one accord they all continued in prayer, along with the women and Mary the mother of Jesus, and with His brothers.
15 Le ŋkeke mawo me la, Petro tsi tsitre gblɔ na xɔsetɔ (siwo ƒe xexlẽme anɔ abe alafa ɖeka kple blaeve) ene la be,
In those days Peter stood up among the brothers (a gathering of about a hundred and twenty) and said,
16 “Nɔviwo, ele be ŋɔŋlɔ si Gbɔgbɔ kɔkɔe la gblɔ to David dzi le blema ku ɖe Yuda ŋu la nava eme. Yuda siae fia Yesu yomemɔ.
“Brothers, the Scripture had to be fulfilled which the Holy Spirit foretold through the mouth of David concerning Judas, who became a guide for those who arrested Jesus.
17 Enye mía dometɔ ɖeka si kpɔ gome le dɔ sia me kpli mí.”
He was one of our number and shared in this ministry.”
18 (Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma.
(Now with the reward for his wickedness Judas bought a field; there he fell headlong and burst open in the middle, and all his intestines spilled out.
19 Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒe ma le wo degbe me be, Akeldoma si gɔmee nye Ʋunyigba.)
This became known to all who lived in Jerusalem, so they called that field in their own language Akeldama, that is, Field of Blood.)
20 Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmogbalẽ me be, “‘Eƒe nɔƒe neɖi gbɔlo, mègana be ame aɖeke neganɔ afi ma o,’ eye, “‘Ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’”
“For it is written in the book of Psalms: ‘May his place be deserted; let there be no one to dwell in it,’ and, ‘May another take his position.’
21 Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la, ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome tso gɔmedzedzea esi Aƒetɔ Yesu nɔ anyi kpli mí,
Therefore it is necessary to choose one of the men who have accompanied us the whole time the Lord Jesus went in and out among us,
22 tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔe le mía gbɔ yi dziƒo. Wo dometɔ ɖeka nazu tsitretsitsi ƒe ɖaseɖila akpe ɖe mía ŋu.”
beginning from John’s baptism until the day Jesus was taken up from us. For one of these must become a witness with us of His resurrection.”
23 Ale ƒuƒoƒe la tɔ asi ame eve dzi. Ame siawoe nye, Yosef si woyɔna be Barsaba (ame si wogayɔna hã be Yusto), kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka.
So they proposed two men: Joseph called Barsabbas (also known as Justus) and Matthias.
24 Emegbe la, wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzi me, eya ta fia ame si nètia le ame eve siawo dome mí
And they prayed, “Lord, You know everyone’s heart. Show us which of these two You have chosen
25 be wòaxɔ Apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔ la ɖi heyi teƒe si dzee.”
to take up this ministry and apostleship, which Judas abandoned to go to his rightful place.”
26 Le esia megbe la, woda akɔ, eye wòdze Matias dzi, ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.
Then they cast lots, and the lot fell to Matthias; so he was added to the eleven apostles.

< Dɔwɔwɔwo 1 >