< Dɔwɔwɔwo 9 >
1 Saulo gado adã ɖe xɔsetɔwo ŋu vevie wu tsã, eye wòlé gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ganɔ wo yome tim kple ŋkubiã. Eƒe susu kple didi katã koe nye be yeatsrɔ̃ Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo. Le esia ta la, eyi nunɔlagã la gbɔ
But Saul, still breathing threats and slaughter against the disciples of the Lord, went to the high priest,
2 be wòana agbalẽ si ana ŋusẽ ye, ale be yeayi Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe siwo le Damasko ne woakpe ɖe ye ŋu be yeate ŋu alé xɔsetɔ siwo katã le teƒe siawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, ade ga wo, eye yeakplɔ wo va Yerusalem.
and asked for letters from him to the synagogues of Damascus, that if he found any who were of the Way, whether men or women, he might bring them bound to Jerusalem.
3 Esi wòsusɔ vie ko wòaɖo Damasko dua me la, keklẽ gã aɖe klẽ ɖe edzi tso dziƒo.
As he traveled, it happened that he got close to Damascus, and suddenly a light from the sky shone around him.
4 Edze anyi kpla enumake. Ke ese gbe aɖe be, “Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim alea?”
And he fell to the ground, and heard a voice saying to him, "Saul, Saul, why do you persecute me?"
5 Saulo bia kple vɔvɔ̃ be, “Wò ame kae le nu ƒom, Aƒetɔ?” Gbea ɖo eŋu nɛ be, “Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle.
And he said, "Who are you, Lord?" And he said, "I am Jesus, whom you are persecuting.
6 Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”
But rise up, and enter into the city, and you will be told what you must do."
7 Nyadzɔdzɔ sia wɔ nuku na Saulo ŋumewo ŋutɔ. Woƒe nu ku ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖe wo, elabena wonɔ gbeɖiɖi aɖe sem pɛpɛpɛ, gake womekpɔ ame si nɔ nu ƒom la o.
The men who traveled with him stood speechless, hearing the sound, but seeing no one.
8 Saulo wɔ ɖɔɖɔɖɔ tso le anyigba, gake nukutɔe la, megate ŋu nɔ nu kpɔm o; eƒe ŋku dzi tsyɔ eya ta wolé eƒe alɔnu kplɔe ɖɔɖɔɖɔ yi Damasko.
Saul arose from the ground, but when he opened his eyes he could not see anything. They led him by the hand, and brought him into Damascus.
9 Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.
He was without sight for three days, and neither ate nor drank.
10 Mawudzixɔsela aɖe si ŋkɔe nye Anania la nɔ Damasko dua me ɣe ma ɣi. Mawu yɔe le ŋutega me gbe ɖeka be “Anania.” Etɔ, eye wògblɔ be, “Nyee nye esi, Aƒetɔ.”
Now there was a certain disciple at Damascus named Ananias. The Lord said to him in a vision, "Ananias." And he said, "Look, it's me, Lord."
11 Mawu gblɔ nɛ be, “Tso nàyi ablɔ si woyɔna be, ‘Mɔ Dzɔdzɔe’ la dzi, eye nàdi ŋutsu aɖe si woyɔna be Yuda la ƒe aƒe me. Ne èkpɔe la, bia ŋutsu aɖe si woyɔna be Saulo tso Tarso la ta se le afi ma. Le gaƒoƒo sia me la, ele klo dzi le gbe dom ɖa nam vevie,
The Lord said to him, "Arise, and go to the street which is called Straight, and inquire in the house of Judas for one named Saul, a man of Tarsus. For look, he is praying,
12 elabena meɖee fiae le ŋutega me be wò, Anania, àva egbɔ, ada asi ɖe edzi be eƒe ŋkuwo naʋu, ale be wòagate ŋu akpɔ nu.”
and in a vision he has seen a man named Ananias coming in, and laying his hands on him, that he might receive his sight."
13 Anania ɖo eŋu gblɔ be, “Aƒetɔ, mese be funyafunya si gbegbe Saulo sia wɔ ame kɔkɔewo le Yerusalem la mele gbɔgblɔ me o ɖe!
But Ananias answered, "Lord, I have heard from many about this man, how much evil he did to your saints at Jerusalem.
14 Gawu la, míese be ɖe wòxɔ agbalẽ koŋ tso nunɔlagãwo gbɔ be yeava lé ame siwo katã yɔa wò ŋkɔ.”
Here he has authority from the chief priests to bind all who call on your name."
15 Ke Aƒetɔ la ɖo eŋu na Anania be, “Yi nàwɔ ɖe nye gbe dzi, elabena nye ŋutɔe tia ame sia be wòanye dɔwɔla nam, eye wòagblɔ nye nya na ame siwo menye Yudatɔwo o, fiawo kple Israelviwo ŋutɔ hã,
But the Lord said to him, "Go your way, for he is my chosen vessel to bear my name before the nations and kings, and the children of Israel.
16 ke nye ŋutɔ magblɔ fu siwo wòakpe ɖe tanye la afiae.”
For I will show him how many things he must suffer for my name's sake."
17 Anania tso heyi Saulo ƒe aƒe me, eye wòda asi ɖe edzi gblɔ nɛ be, “Nɔvinye Saulo, Aƒetɔ Yesu, ame si ɖe eɖokui fia wò le Damasko mɔ dzi la ɖom ɖa be mada gbe le ŋuwò, eye tso esia dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nayɔ mewò be nàgakpɔ nu.”
Ananias departed, and entered into the house. Laying his hands on him, he said, "Brother Saul, the Lord, who appeared to you on the road by which you came, has sent me, that you may receive your sight, and be filled with the Holy Spirit."
18 Enumake ewɔ abe nane ƒe tsrowoe ge le eƒe ŋkuwo dzi ene. Ŋkuawo ʋu, eye wògade asi nukpɔkpɔ me. Anania de mawutsi ta nɛ enumake.
Immediately something like scales fell from his eyes, and he received his sight. He arose and was baptized.
19 Ŋusẽ gaɖo Saulo ŋu esi wona nanee wòɖu vɔ. Saulo nɔ nusrɔ̃lawo gbɔ le Damasko hena ŋkeke geɖewo.
He took food and was strengthened. He stayed several days with the disciples who were at Damascus.
20 Tete wòdze mawunyagbɔgblɔ gɔme le woƒe ƒuƒoƒewo le gbɔgblɔm be Yesue nye Mawu ƒe Vi la.
Immediately in the synagogues he proclaimed Jesus, that he is the Son of God.
21 Ame siwo katã se Saulo ƒe mawunya la ƒe nu ku, eye wobia wo nɔewo be, “Alo menye ame siae wɔ funyafunya geɖe ame siwo yɔa ŋkɔ sia le Yerusalem le woƒe xɔse ta oa? Míese gɔ̃ be ɖe wòva Damasko afi sia be yealé xɔsetɔwo ade ga wo akplɔ yii na nunɔlagãwo le Yerusalem!”
All who heard him were amazed, and said, "Is not this he who in Jerusalem made havoc of those who called on this name? And he had come here intending to bring them bound before the chief priests."
22 Saulo yi eƒe mawunyagbɔgblɔ dzi kple ŋusẽ, ale be Yudatɔ siwo nɔ Damasko la mete ŋu tsi tsitre ɖe eƒe nya siwo ɖee fia kɔtɛe be Yesue nye Kristo la ŋu o.
But Saul increased more in strength, and confounded the Jews who lived at Damascus, proving that this is the Messiah.
23 Le ŋkeke aɖewo megbe la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo wɔ ɖoɖo be yewoawu Saulo.
When many days were fulfilled, the Jews conspired together to kill him,
24 Ke ame aɖe va fi tofi na Saulo be dzɔlawo le Damasko ƒe agbowo nu dzɔm zã kple keli be ne eva yina la, yewoawui.
but their plot became known to Saul. They watched the gates both day and night that they might kill him,
25 Eya ta gbe ɖeka zã la, Saulo yomedzela aɖewo kɔe de kusi gã aɖe me heɖiɖii to do si le dua ƒe gli la me la me heɖiɖii ɖe anyigba.
but his disciples took him by night, and let him down through the wall, lowering him in a basket.
26 Esi Saulo va ɖo Yerusalem la, edze agbagba be yeawɔ ɖeka kple xɔsetɔ siwo le afi ma la, gake wonɔ vɔvɔ̃m nɛ, eye womelɔ̃ te ɖe eŋu o, elabena wobu be alakpa dam wònɔ be yezu yewo dometɔ ɖeka.
When Saul had come to Jerusalem, he tried to join himself to the disciples; but they were all afraid of him, not believing that he was a disciple.
27 Ke Barnabas kplɔ Saulo va apostoloawo gbɔe. Eƒo nu na wo tso ale si Saulo kpɔ Aƒetɔa le Damasko mɔ dzi, nya siwo wògblɔ nɛ kple ale si Saulo gblɔ mawunya kple ŋusẽ tɔxɛ le Yesu ƒe ŋkɔ me la ŋu na wo.
But Barnabas took him, and brought him to the apostles, and declared to them how he had seen the Lord in the way, and that he had spoken to him, and how at Damascus he had preached boldly in the name of Jesus.
28 Esia na be apostoloawo xɔ Saulo ɖe wo dome. Ale tso ɣe ma ɣi dzi la, enɔ xɔsetɔwo ŋu kplikplikpli le Yerusalem henɔ mawunya gblɔm dzideƒotɔe le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.
He was with them coming in and going out in Jerusalem, speaking boldly in the name of the Lord.
29 Ke eva eme be Helatɔ siwo trɔ zu Yudatɔwo la dometɔ aɖewo, ame siwo Saulo he nya kplii la wɔ ɖoɖo be yewoawui.
He spoke and disputed against the Hellenists, but they were seeking to kill him.
30 Esi xɔsetɔ bubuawo se be Saulo ƒe agbe ɖo xaxa me alea la, wokplɔe yi Kaesarea, eye tso afi ma la, woɖoe ɖe wo de, Tarso.
When the brothers knew it, they brought him down to Caesarea, and sent him off to Tarsus.
31 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, tomefafa blibo nɔ hame siwo le Yudea, Galilea kple Samaria nutowo me la me. Esia wɔ be hame la ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, eye wògasẽ ŋu ɖe edzi wu le gbɔgbɔ me hã, eye wonɔ agbe le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã na dzidzeme blibo wo.
So the church throughout all Judea and Galilee and Samaria had peace, and were built up. They were multiplied, walking in the fear of the Lord and in the comfort of the Holy Spirit.
32 Esi Petro nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe la, eva Mawu ƒe ame siwo le Lida hã gbɔ.
It happened, as Peter went throughout all those parts, he came down also to the saints who lived at Lydda.
33 Teƒe sia wòkpɔ ŋutsu aɖe si woyɔna be Aeneas, ame si nɔ lãmetutudɔ lém, eye wòtsi aba dzi ƒe enyi sɔŋ le.
There he found a certain man named Aeneas, who had been bedridden for eight years, because he was paralyzed.
34 Petro yɔe gblɔ nɛ be, “Aeneas, Yesu Kristo da gbe le ŋuwò, eya ta tsi tsitre, eye nàŋlɔ wò aba.” Ŋutsu la ƒe lãme sẽ enumake.
Peter said to him, "Aeneas, Jesus (the) Messiah heals you. Get up and make your bed." Immediately he arose.
35 Nukunu sia wɔe be ame siwo katã le Lida kple Saron la dze Aƒetɔ la yome, elabena wokpɔ Aeneas wònɔ zɔzɔm.
All who lived at Lydda and in Sharon saw him, and they turned to the Lord.
36 Nyɔnu nusrɔ̃la aɖe nɔ Yopa dua me si woyɔna be Tabita (si woyɔna le Helagbe me be Dɔkas). Nyɔnu sia nye xɔsetɔ si wɔa dɔmenyo na amewo ŋutɔ, vevietɔ ame dahewo.
Now there was at Joppa a certain disciple named Tabitha (which when translated, means Dorcas). This woman was full of good works and acts of mercy which she did.
37 Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyɔnu sia dze dɔ, eye wòku. Wodzra eƒe kukua ɖo, eye woɖoe aba dzi le dziƒoxɔ aɖe dzi.
It happened in those days that she fell sick, and died. When they had washed her, they placed her in an upper chamber.
38 Ke esi nusrɔ̃lawo se Petro ŋkɔ le Lida la, woɖe ame eve ɖo ɖee kple kukuɖeɖe be wòaɖe abla ava yewo gbɔ le Yopa, elabena Lida tsɔ ɖe Yopa gbɔ.
As Lydda was near Joppa, the disciples, hearing that Peter was there, sent two men to him, imploring him not to delay in coming to us.
39 Petro lɔ̃ va Yopa. Esi wòva ɖo teti ko la, wokplɔe yi dziƒoxɔ dzi le xɔ si me wokɔ Dɔkas ƒe kukua mlɔe. Xɔa me yɔ fũu kple konyifalawo, ame siwo dometɔ geɖewo nye ahosi siwo Dɔkas lɔ̃ avɔ alo awu na le eƒe agbe me. Ɖe sia ɖe nɔ nu siwo Dɔkas wɔ nɛ la tsɔm fia nɔvia.
Peter got up and went with them. When he had come, they brought him into the upper chamber. All the widows stood by him weeping, and showing the coats and garments which Dorcas had made while she was with them.
40 Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ be, “Tabita, tsi tsitre!” Enumake ame kuku la ʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ nɔ abati la dzi.
Peter put them all out, and kneeled down and prayed. Turning to the body, he said, "Tabitha, get up." She opened her eyes, and when she saw Peter, she sat up.
41 Petro lé eƒe alɔnu, eye wòtsi tsitre. Azɔ Petro yɔ xɔsetɔawo kple ahosiawo va xɔa me, eye wòtsɔ Dɔkas gbagbe la de asi na wo.
He gave her his hand, and raised her up. Calling the saints and widows, he presented her alive.
42 Nukunya sia kaka ɖe Yopa du blibo la me, eye ame geɖewo ŋutɔ trɔ hexɔ Aƒetɔ la dzi se.
And it became known throughout all Joppa, and many believed in the Lord.
43 Petro nɔ Yopa dua me ŋkeke geɖe, eye wònɔ Simɔn si nye lãgbalẽŋutidɔwɔla la gbɔ le eƒe aƒe me.
It happened, that he stayed many days in Joppa with one Simon, a tanner.